1 Chronicles 28 (BOECS)

1 David yɔ Israel ƒe dɔdzikpɔlawo katã ƒo fu ɖe Yerusalem; Woawoe nye to vovovoawo ƒe tatɔwo, aʋafia siwo nɔ hatsotsoawo nu le fia la ƒe dɔ me, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, dɔnunɔla siwo kpɔa fia la ƒe viŋutsuwo kple eƒe nunɔamesiwo kple lãhawo dzi, kpe ɖe fiasã la me dɔwɔlawo kple kalẽtɔwo kple aʋakalẽtɔwo ŋuti. 2 Fia David tsi tsitre ɖe ameawo ŋkume eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, nɔvinye ŋutsuwo kple nye dukɔmetɔwo, meɖoe ɖe nye dzi me be matu xɔ si anye dzudzɔƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòanye afɔɖodzinu na míaƒe Mawu la. Ale mewɔ ɖoɖo ɖe etutu ŋuti. 3 Ke Mawu gblɔ nam be, ‘Menye wòe atu xɔ na nye ŋkɔ o elabena aʋawɔlae nènye eye nèkɔ ʋu ɖi.’ 4 “Ke Yehowa, Israel ƒe Mawu la tiam le fofonye ƒe ƒome blibo la me be, manye fia ɖe Israel dzi tegbee. Etia Yuda ƒe viwo eye wòtia fofonye ƒe ƒome tso wo dome. Nye nu nyo Yehowa ŋu eye wòna mezu fia ɖe Israel dukɔ blibo la nu. 5 Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi. 6 Egblɔ nam be, ‘Viwò, Solomo atu gbedoxɔ la elabena metiae abe vinye ene eye manye fofoa. 7 Ne egalé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi abe ale si wòlé wo me ɖe asi va se ɖe fifia ene la, mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi tegbetegbe.’ 8 “Eya ta le Israel, Yehowa ƒe asaɖa blibo la ŋkume kple míaƒe Mawu la ƒe tome la, mele nu xlɔ̃m mi be miawɔ ɖe ɖoɖo kple se siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la de na mi la dzi be anyigba nyui sia nanye mia tɔ eye wòanye domenyinu na miaƒe viwo tso mavɔ me yi mavɔ me. 9 “Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe. 10 Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.” 11 Azɔ la, David tsɔ xɔ la kple eƒe xɔxɔnuwo, nudzraɖoƒewo, xɔtamexɔwo, xɔ emetɔwo, kɔkɔeƒe la kple amenuveveteƒe la ƒe tata na ƒe via Solomo. 12 Etsɔ nu siwo katã gbɔgbɔ la de eƒe susu me be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo, xɔ siwo katã ƒo xlãe na Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo kple fia wɔnuteƒewo ƒe nudzraɖoƒe ƒe tatawo hã nɛ. 13 Ewɔ ɖoɖo tsɔ nɛ ku ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotsowo ŋuti kple subɔsubɔdɔ siwo katã woawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple nu siwo katã ŋuti dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔ me la me. 14 Eda sika hena sikaŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me eye wòda klosalo hã hena klosaloŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me. 15 Eda sika si ade na akaɖitiawo kple akaɖiawo wɔwɔ la nɛ. Egada klosalo si woatsɔ awɔ bosomikaɖitiwo kple akaɖigbɛawo ɖe ale si woawɔ ɖe sia ɖe ŋudɔe la nu. 16 Eda sika hena kplɔ̃wo wɔwɔ na Ŋkumeɖobolo ɖe sia ɖe eye wògada klosalo na klosalokplɔ̃wo hã. 17 Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ. 18 Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, eda sika si ŋu wokɔ wòdza la na dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la. Fia la tsɔ ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe tasiaɖamwo ŋu la hã nɛ, esi nye sika Kerubi siwo keke woƒe aʋalãwo eye wodo vɔvɔlĩ ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi. 19 David gblɔ na Solomo be, “Yehowa ƒe asie ŋlɔ ɖoɖo siawo katã nam. 20 Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie. 21 Nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotso vovovoawo asubɔ le gbedoxɔ la me. Ame bubu siwo nya aɖaŋu vovovowo la atsɔ wo ɖokuiwo ana hena dɔwo wɔwɔ. Dumegãwo kple dukɔ blibo la aɖo to wò eye woanɔ wò kpɔkplɔ te.”

In Other Versions

1 Chronicles 28 in the ANGEFD

1 Chronicles 28 in the ANTPNG2D

1 Chronicles 28 in the AS21

1 Chronicles 28 in the BAGH

1 Chronicles 28 in the BBPNG

1 Chronicles 28 in the BBT1E

1 Chronicles 28 in the BDS

1 Chronicles 28 in the BEV

1 Chronicles 28 in the BHAD

1 Chronicles 28 in the BIB

1 Chronicles 28 in the BLPT

1 Chronicles 28 in the BNT

1 Chronicles 28 in the BNTABOOT

1 Chronicles 28 in the BNTLV

1 Chronicles 28 in the BOATCB

1 Chronicles 28 in the BOATCB2

1 Chronicles 28 in the BOBCV

1 Chronicles 28 in the BOCNT

1 Chronicles 28 in the BOGWICC

1 Chronicles 28 in the BOHCB

1 Chronicles 28 in the BOHCV

1 Chronicles 28 in the BOHLNT

1 Chronicles 28 in the BOHNTLTAL

1 Chronicles 28 in the BOICB

1 Chronicles 28 in the BOILNTAP

1 Chronicles 28 in the BOITCV

1 Chronicles 28 in the BOKCV

1 Chronicles 28 in the BOKCV2

1 Chronicles 28 in the BOKHWOG

1 Chronicles 28 in the BOKSSV

1 Chronicles 28 in the BOLCB

1 Chronicles 28 in the BOLCB2

1 Chronicles 28 in the BOMCV

1 Chronicles 28 in the BONAV

1 Chronicles 28 in the BONCB

1 Chronicles 28 in the BONLT

1 Chronicles 28 in the BONUT2

1 Chronicles 28 in the BOPLNT

1 Chronicles 28 in the BOSCB

1 Chronicles 28 in the BOSNC

1 Chronicles 28 in the BOTLNT

1 Chronicles 28 in the BOVCB

1 Chronicles 28 in the BOYCB

1 Chronicles 28 in the BPBB

1 Chronicles 28 in the BPH

1 Chronicles 28 in the BSB

1 Chronicles 28 in the CCB

1 Chronicles 28 in the CUV

1 Chronicles 28 in the CUVS

1 Chronicles 28 in the DBT

1 Chronicles 28 in the DGDNT

1 Chronicles 28 in the DHNT

1 Chronicles 28 in the DNT

1 Chronicles 28 in the ELBE

1 Chronicles 28 in the EMTV

1 Chronicles 28 in the ESV

1 Chronicles 28 in the FBV

1 Chronicles 28 in the FEB

1 Chronicles 28 in the GGMNT

1 Chronicles 28 in the GNT

1 Chronicles 28 in the HARY

1 Chronicles 28 in the HNT

1 Chronicles 28 in the IRVA

1 Chronicles 28 in the IRVB

1 Chronicles 28 in the IRVG

1 Chronicles 28 in the IRVH

1 Chronicles 28 in the IRVK

1 Chronicles 28 in the IRVM

1 Chronicles 28 in the IRVM2

1 Chronicles 28 in the IRVO

1 Chronicles 28 in the IRVP

1 Chronicles 28 in the IRVT

1 Chronicles 28 in the IRVT2

1 Chronicles 28 in the IRVU

1 Chronicles 28 in the ISVN

1 Chronicles 28 in the JSNT

1 Chronicles 28 in the KAPI

1 Chronicles 28 in the KBT1ETNIK

1 Chronicles 28 in the KBV

1 Chronicles 28 in the KJV

1 Chronicles 28 in the KNFD

1 Chronicles 28 in the LBA

1 Chronicles 28 in the LBLA

1 Chronicles 28 in the LNT

1 Chronicles 28 in the LSV

1 Chronicles 28 in the MAAL

1 Chronicles 28 in the MBV

1 Chronicles 28 in the MBV2

1 Chronicles 28 in the MHNT

1 Chronicles 28 in the MKNFD

1 Chronicles 28 in the MNG

1 Chronicles 28 in the MNT

1 Chronicles 28 in the MNT2

1 Chronicles 28 in the MRS1T

1 Chronicles 28 in the NAA

1 Chronicles 28 in the NASB

1 Chronicles 28 in the NBLA

1 Chronicles 28 in the NBS

1 Chronicles 28 in the NBVTP

1 Chronicles 28 in the NET2

1 Chronicles 28 in the NIV11

1 Chronicles 28 in the NNT

1 Chronicles 28 in the NNT2

1 Chronicles 28 in the NNT3

1 Chronicles 28 in the PDDPT

1 Chronicles 28 in the PFNT

1 Chronicles 28 in the RMNT

1 Chronicles 28 in the SBIAS

1 Chronicles 28 in the SBIBS

1 Chronicles 28 in the SBIBS2

1 Chronicles 28 in the SBICS

1 Chronicles 28 in the SBIDS

1 Chronicles 28 in the SBIGS

1 Chronicles 28 in the SBIHS

1 Chronicles 28 in the SBIIS

1 Chronicles 28 in the SBIIS2

1 Chronicles 28 in the SBIIS3

1 Chronicles 28 in the SBIKS

1 Chronicles 28 in the SBIKS2

1 Chronicles 28 in the SBIMS

1 Chronicles 28 in the SBIOS

1 Chronicles 28 in the SBIPS

1 Chronicles 28 in the SBISS

1 Chronicles 28 in the SBITS

1 Chronicles 28 in the SBITS2

1 Chronicles 28 in the SBITS3

1 Chronicles 28 in the SBITS4

1 Chronicles 28 in the SBIUS

1 Chronicles 28 in the SBIVS

1 Chronicles 28 in the SBT

1 Chronicles 28 in the SBT1E

1 Chronicles 28 in the SCHL

1 Chronicles 28 in the SNT

1 Chronicles 28 in the SUSU

1 Chronicles 28 in the SUSU2

1 Chronicles 28 in the SYNO

1 Chronicles 28 in the TBIAOTANT

1 Chronicles 28 in the TBT1E

1 Chronicles 28 in the TBT1E2

1 Chronicles 28 in the TFTIP

1 Chronicles 28 in the TFTU

1 Chronicles 28 in the TGNTATF3T

1 Chronicles 28 in the THAI

1 Chronicles 28 in the TNFD

1 Chronicles 28 in the TNT

1 Chronicles 28 in the TNTIK

1 Chronicles 28 in the TNTIL

1 Chronicles 28 in the TNTIN

1 Chronicles 28 in the TNTIP

1 Chronicles 28 in the TNTIZ

1 Chronicles 28 in the TOMA

1 Chronicles 28 in the TTENT

1 Chronicles 28 in the UBG

1 Chronicles 28 in the UGV

1 Chronicles 28 in the UGV2

1 Chronicles 28 in the UGV3

1 Chronicles 28 in the VBL

1 Chronicles 28 in the VDCC

1 Chronicles 28 in the YALU

1 Chronicles 28 in the YAPE

1 Chronicles 28 in the YBVTP

1 Chronicles 28 in the ZBP