1 Corinthians 11 (BOECS)

1 Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene. 2 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu! 3 Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi. Eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔe nye srɔ̃ŋutsu, eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔe nye Kristo, eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo. 4 Esia ta menyo be ŋutsu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi o, elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o. 5 Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ nu ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o. 6 Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ nu ta o la, ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ nu eƒe ta boŋ. 7 Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe. 8 Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexea me la medo go tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me. 9 Hekpe ɖe esia ŋuti la, Mawu mewɔ Adam na Eva o, ke boŋ Evae Mawu wɔ na Adam, 10 eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te, eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene. 11 Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me. 12 Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣe ma ɣi dzi va se ɖe fifia la, ŋutsuwo do go tso nyɔnu me, eye wo katã tso Mawu, woƒe Wɔla gbɔ. 13 Midrɔ̃e le miawo ŋutɔ mia ɖokui me kpɔ be enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa na Mawua? 14 Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa? 15 Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe. 16 Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũu o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be ele be nyɔnu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo ne wòle nya gblɔm ɖi le amewo dome. Mawu ƒe hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. 17 Le ɖoɖo siwo mede asi na mi ta la, nyemate ŋu akafu mi o, elabena miaƒe takpekpewo nana miegblẽna ɖe edzi wu be mianyo. 18 Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna le hame la me. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã. 19 Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ƒãa le mia dome. 20 Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o. 21 Mese be nu si dzɔna lae nye be ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanɛ o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanɛ. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã, eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi. 22 Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano nu le aƒe me oa? Ɖe wòle be miado ŋukpe Mawu ƒe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o. 23 Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ŋu na mi xoxo eye eyae nye be: Le zã si me wodee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi, 24 eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.” 25 Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” 26 Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava. 27 Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. 28 Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu. 29 Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o. 30 Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã. 31 Ne miedzro mia ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mi o. 32 Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o. 33 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme. 34 Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la, ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o.Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã, míalé nya mamlɛawo akpɔ.

In Other Versions

1 Corinthians 11 in the ANGEFD

1 Corinthians 11 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 11 in the AS21

1 Corinthians 11 in the BAGH

1 Corinthians 11 in the BBPNG

1 Corinthians 11 in the BBT1E

1 Corinthians 11 in the BDS

1 Corinthians 11 in the BEV

1 Corinthians 11 in the BHAD

1 Corinthians 11 in the BIB

1 Corinthians 11 in the BLPT

1 Corinthians 11 in the BNT

1 Corinthians 11 in the BNTABOOT

1 Corinthians 11 in the BNTLV

1 Corinthians 11 in the BOATCB

1 Corinthians 11 in the BOATCB2

1 Corinthians 11 in the BOBCV

1 Corinthians 11 in the BOCNT

1 Corinthians 11 in the BOGWICC

1 Corinthians 11 in the BOHCB

1 Corinthians 11 in the BOHCV

1 Corinthians 11 in the BOHLNT

1 Corinthians 11 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 11 in the BOICB

1 Corinthians 11 in the BOILNTAP

1 Corinthians 11 in the BOITCV

1 Corinthians 11 in the BOKCV

1 Corinthians 11 in the BOKCV2

1 Corinthians 11 in the BOKHWOG

1 Corinthians 11 in the BOKSSV

1 Corinthians 11 in the BOLCB

1 Corinthians 11 in the BOLCB2

1 Corinthians 11 in the BOMCV

1 Corinthians 11 in the BONAV

1 Corinthians 11 in the BONCB

1 Corinthians 11 in the BONLT

1 Corinthians 11 in the BONUT2

1 Corinthians 11 in the BOPLNT

1 Corinthians 11 in the BOSCB

1 Corinthians 11 in the BOSNC

1 Corinthians 11 in the BOTLNT

1 Corinthians 11 in the BOVCB

1 Corinthians 11 in the BOYCB

1 Corinthians 11 in the BPBB

1 Corinthians 11 in the BPH

1 Corinthians 11 in the BSB

1 Corinthians 11 in the CCB

1 Corinthians 11 in the CUV

1 Corinthians 11 in the CUVS

1 Corinthians 11 in the DBT

1 Corinthians 11 in the DGDNT

1 Corinthians 11 in the DHNT

1 Corinthians 11 in the DNT

1 Corinthians 11 in the ELBE

1 Corinthians 11 in the EMTV

1 Corinthians 11 in the ESV

1 Corinthians 11 in the FBV

1 Corinthians 11 in the FEB

1 Corinthians 11 in the GGMNT

1 Corinthians 11 in the GNT

1 Corinthians 11 in the HARY

1 Corinthians 11 in the HNT

1 Corinthians 11 in the IRVA

1 Corinthians 11 in the IRVB

1 Corinthians 11 in the IRVG

1 Corinthians 11 in the IRVH

1 Corinthians 11 in the IRVK

1 Corinthians 11 in the IRVM

1 Corinthians 11 in the IRVM2

1 Corinthians 11 in the IRVO

1 Corinthians 11 in the IRVP

1 Corinthians 11 in the IRVT

1 Corinthians 11 in the IRVT2

1 Corinthians 11 in the IRVU

1 Corinthians 11 in the ISVN

1 Corinthians 11 in the JSNT

1 Corinthians 11 in the KAPI

1 Corinthians 11 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 11 in the KBV

1 Corinthians 11 in the KJV

1 Corinthians 11 in the KNFD

1 Corinthians 11 in the LBA

1 Corinthians 11 in the LBLA

1 Corinthians 11 in the LNT

1 Corinthians 11 in the LSV

1 Corinthians 11 in the MAAL

1 Corinthians 11 in the MBV

1 Corinthians 11 in the MBV2

1 Corinthians 11 in the MHNT

1 Corinthians 11 in the MKNFD

1 Corinthians 11 in the MNG

1 Corinthians 11 in the MNT

1 Corinthians 11 in the MNT2

1 Corinthians 11 in the MRS1T

1 Corinthians 11 in the NAA

1 Corinthians 11 in the NASB

1 Corinthians 11 in the NBLA

1 Corinthians 11 in the NBS

1 Corinthians 11 in the NBVTP

1 Corinthians 11 in the NET2

1 Corinthians 11 in the NIV11

1 Corinthians 11 in the NNT

1 Corinthians 11 in the NNT2

1 Corinthians 11 in the NNT3

1 Corinthians 11 in the PDDPT

1 Corinthians 11 in the PFNT

1 Corinthians 11 in the RMNT

1 Corinthians 11 in the SBIAS

1 Corinthians 11 in the SBIBS

1 Corinthians 11 in the SBIBS2

1 Corinthians 11 in the SBICS

1 Corinthians 11 in the SBIDS

1 Corinthians 11 in the SBIGS

1 Corinthians 11 in the SBIHS

1 Corinthians 11 in the SBIIS

1 Corinthians 11 in the SBIIS2

1 Corinthians 11 in the SBIIS3

1 Corinthians 11 in the SBIKS

1 Corinthians 11 in the SBIKS2

1 Corinthians 11 in the SBIMS

1 Corinthians 11 in the SBIOS

1 Corinthians 11 in the SBIPS

1 Corinthians 11 in the SBISS

1 Corinthians 11 in the SBITS

1 Corinthians 11 in the SBITS2

1 Corinthians 11 in the SBITS3

1 Corinthians 11 in the SBITS4

1 Corinthians 11 in the SBIUS

1 Corinthians 11 in the SBIVS

1 Corinthians 11 in the SBT

1 Corinthians 11 in the SBT1E

1 Corinthians 11 in the SCHL

1 Corinthians 11 in the SNT

1 Corinthians 11 in the SUSU

1 Corinthians 11 in the SUSU2

1 Corinthians 11 in the SYNO

1 Corinthians 11 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 11 in the TBT1E

1 Corinthians 11 in the TBT1E2

1 Corinthians 11 in the TFTIP

1 Corinthians 11 in the TFTU

1 Corinthians 11 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 11 in the THAI

1 Corinthians 11 in the TNFD

1 Corinthians 11 in the TNT

1 Corinthians 11 in the TNTIK

1 Corinthians 11 in the TNTIL

1 Corinthians 11 in the TNTIN

1 Corinthians 11 in the TNTIP

1 Corinthians 11 in the TNTIZ

1 Corinthians 11 in the TOMA

1 Corinthians 11 in the TTENT

1 Corinthians 11 in the UBG

1 Corinthians 11 in the UGV

1 Corinthians 11 in the UGV2

1 Corinthians 11 in the UGV3

1 Corinthians 11 in the VBL

1 Corinthians 11 in the VDCC

1 Corinthians 11 in the YALU

1 Corinthians 11 in the YAPE

1 Corinthians 11 in the YBVTP

1 Corinthians 11 in the ZBP