1 Kings 21 (BOECS)

1 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nya aɖe va dzɔ ku ɖe Nabɔt, Yezreltɔ ƒe waingble ŋuti. Waingble la nɔ Yezreel eye wòte ɖe Samaria fia, Ahab ƒe fiasã ŋu. 2 Gbe ɖeka la, Fia Ahab bia Nabɔt be wòadzra anyigba la na ye. Fia la ɖe eme nɛ be, “Medi be mawɔ abɔ aɖe ɖe anyigba sia dzi elabena ete ɖe nye fiasã la ŋu. Egblɔ be yeaxe ga ɖe eta gake ne elɔ̃ la, yeatsɔ anyigba bubu si nyo wu etɔ la aɖo eteƒe nɛ.” 3 Ke Nabɔt ɖo eŋu be, “Anyigba sia nye tɔgbuinyigba na mí. Naneke mana maɖe asi le eŋu na wò o.” 4 Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu! 5 Srɔ̃a, Yezebel biae be, “Nya kae dzɔ ɖe dziwò? Nu kae na nètɔtɔ eye nèdo dɔmedzoe ale?” 6 Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!” 7 Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!” 8 Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt. 9 Eɖe gbe na wo le agbalẽawo me be,“Miƒo ƒu dua me tɔwo hena nutsitsidɔ kple gbedodoɖa. Emegbe la, miayɔ Nabɔt 10 eye miadi ame vlo eve siwo aka aʋatso ɖe Nabɔt si, atso enu be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ekema miakplɔe do goe le dua me eye miaƒu kpee wòaku.” 11 Dumegãwo kple bubume siwo le dua me la wɔ nu si Yezebel ŋlɔ ɖo ɖa wo be woawɔ la. 12 Woƒo ƒu ameawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu Nabɔt. 13 Ame eve aɖe siwo si dzitsinya nyui menɔ o la ka aʋatso ɖe Nabɔt si be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ale wohee yi dua godo eye woƒu kpee wòku. 14 Le esia megbe la, dumegãwo ɖo du ɖe Yezebel be Nabɔt ku. 15 Esi Yezebel se be Nabɔt ku la, egblɔ na Ahab be, “Waingble si Nabɔt gbe be yemadzra na wò o la, fifia àte ŋu axɔe azɔ; Nabɔt ku!” 16 Ale Ahab yi waingble la me be yeaxɔe wòazu ye tɔ. 17 Ke Yehowa gblɔ na Eliya, Tisbitɔ be, 18 “Yi Fia Ahab gbɔ le Samaria. Anɔ Nabɔt ƒe wainbɔ me, axɔe abe etɔe ene. 19 Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ” 20 Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!”Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume. 21 Mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò, matsrɔ̃ wò dzidzimeviwo eye maɖe ŋutsu ɖe sia ɖe ɖa le Ahab ŋu le Israel, eɖanye ablɔɖevi alo kluvi o. 22 Mawɔ wò aƒe abe Yeroboam, Nebat ƒe vi tɔ ene eye abe Baasa, Ahiya ƒe vi tɔ ene elabena èdo dziku nam eye nèna Israel ge ɖe nu vɔ̃ me. 23 “Azɔ la, Yehowa gblɔ nam ku ɖe Yezebel ŋuti be, ‘Avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel ƒe gliwo gbɔ.’ 24 “Avuwo aɖu Ahab ƒe aƒemetɔ siwo aku ɖe dua me eye dziƒoxeviwo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.” 25 Ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab ene, ame si tsɔ eɖokui dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume o elabena srɔ̃a Yezebel ye do ŋusẽe. 26 Ewɔ ŋunyɔnu geɖewo to legbawo yomedzedze me abe Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel ŋgɔ la ene. 27 Esi Ahab se nya siawo la, edze eƒe awuwo heta akpanya eye wotsi nu dɔ. Enɔ akpanya me henɔ yiyim nublanuitɔe. 28 Tete Yehowa ƒe gbe va na Eliya, Tisbitɔ la be, 29 “Èkpɔ ale si Ahab bɔbɔ eɖokui le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ta la, nyemahe dzɔgbevɔ̃e la vɛ le eƒe ŋkekewo me o, ke boŋ mahee va eƒe aƒe dzi le via ƒe ŋkekewo me.”

In Other Versions

1 Kings 21 in the ANGEFD

1 Kings 21 in the ANTPNG2D

1 Kings 21 in the AS21

1 Kings 21 in the BAGH

1 Kings 21 in the BBPNG

1 Kings 21 in the BBT1E

1 Kings 21 in the BDS

1 Kings 21 in the BEV

1 Kings 21 in the BHAD

1 Kings 21 in the BIB

1 Kings 21 in the BLPT

1 Kings 21 in the BNT

1 Kings 21 in the BNTABOOT

1 Kings 21 in the BNTLV

1 Kings 21 in the BOATCB

1 Kings 21 in the BOATCB2

1 Kings 21 in the BOBCV

1 Kings 21 in the BOCNT

1 Kings 21 in the BOGWICC

1 Kings 21 in the BOHCB

1 Kings 21 in the BOHCV

1 Kings 21 in the BOHLNT

1 Kings 21 in the BOHNTLTAL

1 Kings 21 in the BOICB

1 Kings 21 in the BOILNTAP

1 Kings 21 in the BOITCV

1 Kings 21 in the BOKCV

1 Kings 21 in the BOKCV2

1 Kings 21 in the BOKHWOG

1 Kings 21 in the BOKSSV

1 Kings 21 in the BOLCB

1 Kings 21 in the BOLCB2

1 Kings 21 in the BOMCV

1 Kings 21 in the BONAV

1 Kings 21 in the BONCB

1 Kings 21 in the BONLT

1 Kings 21 in the BONUT2

1 Kings 21 in the BOPLNT

1 Kings 21 in the BOSCB

1 Kings 21 in the BOSNC

1 Kings 21 in the BOTLNT

1 Kings 21 in the BOVCB

1 Kings 21 in the BOYCB

1 Kings 21 in the BPBB

1 Kings 21 in the BPH

1 Kings 21 in the BSB

1 Kings 21 in the CCB

1 Kings 21 in the CUV

1 Kings 21 in the CUVS

1 Kings 21 in the DBT

1 Kings 21 in the DGDNT

1 Kings 21 in the DHNT

1 Kings 21 in the DNT

1 Kings 21 in the ELBE

1 Kings 21 in the EMTV

1 Kings 21 in the ESV

1 Kings 21 in the FBV

1 Kings 21 in the FEB

1 Kings 21 in the GGMNT

1 Kings 21 in the GNT

1 Kings 21 in the HARY

1 Kings 21 in the HNT

1 Kings 21 in the IRVA

1 Kings 21 in the IRVB

1 Kings 21 in the IRVG

1 Kings 21 in the IRVH

1 Kings 21 in the IRVK

1 Kings 21 in the IRVM

1 Kings 21 in the IRVM2

1 Kings 21 in the IRVO

1 Kings 21 in the IRVP

1 Kings 21 in the IRVT

1 Kings 21 in the IRVT2

1 Kings 21 in the IRVU

1 Kings 21 in the ISVN

1 Kings 21 in the JSNT

1 Kings 21 in the KAPI

1 Kings 21 in the KBT1ETNIK

1 Kings 21 in the KBV

1 Kings 21 in the KJV

1 Kings 21 in the KNFD

1 Kings 21 in the LBA

1 Kings 21 in the LBLA

1 Kings 21 in the LNT

1 Kings 21 in the LSV

1 Kings 21 in the MAAL

1 Kings 21 in the MBV

1 Kings 21 in the MBV2

1 Kings 21 in the MHNT

1 Kings 21 in the MKNFD

1 Kings 21 in the MNG

1 Kings 21 in the MNT

1 Kings 21 in the MNT2

1 Kings 21 in the MRS1T

1 Kings 21 in the NAA

1 Kings 21 in the NASB

1 Kings 21 in the NBLA

1 Kings 21 in the NBS

1 Kings 21 in the NBVTP

1 Kings 21 in the NET2

1 Kings 21 in the NIV11

1 Kings 21 in the NNT

1 Kings 21 in the NNT2

1 Kings 21 in the NNT3

1 Kings 21 in the PDDPT

1 Kings 21 in the PFNT

1 Kings 21 in the RMNT

1 Kings 21 in the SBIAS

1 Kings 21 in the SBIBS

1 Kings 21 in the SBIBS2

1 Kings 21 in the SBICS

1 Kings 21 in the SBIDS

1 Kings 21 in the SBIGS

1 Kings 21 in the SBIHS

1 Kings 21 in the SBIIS

1 Kings 21 in the SBIIS2

1 Kings 21 in the SBIIS3

1 Kings 21 in the SBIKS

1 Kings 21 in the SBIKS2

1 Kings 21 in the SBIMS

1 Kings 21 in the SBIOS

1 Kings 21 in the SBIPS

1 Kings 21 in the SBISS

1 Kings 21 in the SBITS

1 Kings 21 in the SBITS2

1 Kings 21 in the SBITS3

1 Kings 21 in the SBITS4

1 Kings 21 in the SBIUS

1 Kings 21 in the SBIVS

1 Kings 21 in the SBT

1 Kings 21 in the SBT1E

1 Kings 21 in the SCHL

1 Kings 21 in the SNT

1 Kings 21 in the SUSU

1 Kings 21 in the SUSU2

1 Kings 21 in the SYNO

1 Kings 21 in the TBIAOTANT

1 Kings 21 in the TBT1E

1 Kings 21 in the TBT1E2

1 Kings 21 in the TFTIP

1 Kings 21 in the TFTU

1 Kings 21 in the TGNTATF3T

1 Kings 21 in the THAI

1 Kings 21 in the TNFD

1 Kings 21 in the TNT

1 Kings 21 in the TNTIK

1 Kings 21 in the TNTIL

1 Kings 21 in the TNTIN

1 Kings 21 in the TNTIP

1 Kings 21 in the TNTIZ

1 Kings 21 in the TOMA

1 Kings 21 in the TTENT

1 Kings 21 in the UBG

1 Kings 21 in the UGV

1 Kings 21 in the UGV2

1 Kings 21 in the UGV3

1 Kings 21 in the VBL

1 Kings 21 in the VDCC

1 Kings 21 in the YALU

1 Kings 21 in the YAPE

1 Kings 21 in the YBVTP

1 Kings 21 in the ZBP