1 Kings 22 (BOECS)

1 Aʋawɔwɔ meganɔ Aramtɔwo kple Israelviwo dome o hena ƒe etɔ̃. 2 Le ƒe etɔ̃lia me, esime Yuda fia Yehosafat va kpɔ Israel fia Ahab ɖa la, 3 Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?” 4 Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?”Yuda fia Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.” 5 Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia be, “Bia gbe Yehowa gbã.” 6 Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Maho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo magaho aʋa ɖe eŋu oa?”Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Yehowa atsɔe ade fia la ƒe asi me.” 7 Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele afi sia ne míabia gbee oa?” 8 Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.”Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.” 9 Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!” 10 Le ɣeyiɣi sia me Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye “Nyagblɔɖilawo” katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume. 11 Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’ ” 12 Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ɛ̃, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.” 13 Ame si yi ɖayɔ Mikaya la gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be, àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nya nyui aɖe agblɔ.” 14 Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be nya si Yehowa gblɔ nam la ko magblɔ.” 15 Esi Mikaya va do la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míagbe aʋahoho ɖe eŋua?”Mikaya gblɔ nɛ be, “Ho aʋa ɖe eŋu enumake elabena Yehowa ana nàɖu dzi.” 16 Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?” 17 Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ” 18 Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nya nyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.” 19 Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi. 20 Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’“Amewo do susu vovovowo ɖa. 21 Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’ 22 “Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’“Mawudɔla la ɖo eŋu be, Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nu me na eƒe nyagblɔɖilawo katã.“Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’ 23 “Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nu me na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.” 24 Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?” 25 Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.” 26 Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas. 27 Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ” 28 Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.” 29 Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead. 30 Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi. 31 Ke Aram fia de se na eƒe tasiaɖam blaetɔ̃-vɔ-eveawo dzi kpɔlawo be womegawɔ aʋa kple ame bubu aɖeke o, ke boŋ woati Israel fia ɖeɖe ko yome. 32 Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, “Ame sia kokokoe nye Israel fia la.” Ale wolũ ɖe edzi, ke esi Yehosafat do ɣli la, 33 tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ be menye eyae nye Israel fia la o, ale wodzudzɔ eyometiti. 34 Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.” 35 Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, eye eƒe ʋu nɔ ɖuɖum ɖe tasiaɖam la me; ke le fiẽ me la, eku. 36 Esime ɣe nɔ to ɖom la, amewo do ɣli le aʋakɔ la me be, “Ame sia ame nesi yi eƒe du me, ame sia ame nesi ayi eƒe anyigba dzi!” 37 Ale fia la ku eye wotsɔe ɖaɖi ɖe Samaria. 38 Esi woklɔ eƒe tasiaɖam la kple eƒe gawu le Samaria ta la to, afi si gbolowo lea tsi le la, avuwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi ene. 39 Woŋlɔ Fia Ahab ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe nyiɖufiasã kple du siwo wòtso la ƒe ŋutinya ɖe, Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. 40 Woɖi Ahab ɖe tɔgbuiawo dome eye via Ahazia zu Israel fia ɖe eteƒe. 41 Le Yuda la, Yehosafat, Asa ƒe vi zu Israel fia le Ahab ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. 42 Yehosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu. 43 Ewɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi abe fofoa Asa ene, edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o ale ameawo saa vɔ eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma. 44 Nu bubu hãe nye ewɔ ŋutifafa kple Ahab, Israel fia. 45 Woŋlɔ Yehosafat ƒe nuwɔnawo kple eƒe dziɖuɖuwo le aʋawo me ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 46 Yehosafat tu ŋutsu siwo nɔ gbolo wɔm le nuxeƒewo tso fofoa Asa ƒe fiaɖuɣi la ƒe xɔwo katã goŋgoŋ. 47 Fia aɖeke menɔ Edom ɣe ma ɣi o: fiateƒenɔla koe nɔ anyi. 48 Fia Yehosafat tu tɔdziʋu gãwo be woayi Ofir atsɔ sika agbɔe, ke womete ŋu trɔ gbɔ o, elabena wogbã le Ezion Geber. 49 Ahazia, Fia Ahab ƒe vi, ame si ɖu fia ɖe Ahab yome la gblɔ na Yehosafat be wòana ye hã yeƒe amewo nayi gake Yehosafat gbe. 50 Esi Fia Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa David ƒe du me eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe. 51 Le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahazia, Ahab ƒe vi dze fiaɖuɖu gɔme ɖe Israel dzi le Samaria. Eɖu fia ƒe eve. 52 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ƒe ŋkume elabena eto fofoa kple dadaa kple Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de nu vɔ̃ me la ƒe afɔtoƒe. 53 Esubɔ Baal eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si fofoa wɔ ene.

In Other Versions

1 Kings 22 in the ANGEFD

1 Kings 22 in the ANTPNG2D

1 Kings 22 in the AS21

1 Kings 22 in the BAGH

1 Kings 22 in the BBPNG

1 Kings 22 in the BBT1E

1 Kings 22 in the BDS

1 Kings 22 in the BEV

1 Kings 22 in the BHAD

1 Kings 22 in the BIB

1 Kings 22 in the BLPT

1 Kings 22 in the BNT

1 Kings 22 in the BNTABOOT

1 Kings 22 in the BNTLV

1 Kings 22 in the BOATCB

1 Kings 22 in the BOATCB2

1 Kings 22 in the BOBCV

1 Kings 22 in the BOCNT

1 Kings 22 in the BOGWICC

1 Kings 22 in the BOHCB

1 Kings 22 in the BOHCV

1 Kings 22 in the BOHLNT

1 Kings 22 in the BOHNTLTAL

1 Kings 22 in the BOICB

1 Kings 22 in the BOILNTAP

1 Kings 22 in the BOITCV

1 Kings 22 in the BOKCV

1 Kings 22 in the BOKCV2

1 Kings 22 in the BOKHWOG

1 Kings 22 in the BOKSSV

1 Kings 22 in the BOLCB

1 Kings 22 in the BOLCB2

1 Kings 22 in the BOMCV

1 Kings 22 in the BONAV

1 Kings 22 in the BONCB

1 Kings 22 in the BONLT

1 Kings 22 in the BONUT2

1 Kings 22 in the BOPLNT

1 Kings 22 in the BOSCB

1 Kings 22 in the BOSNC

1 Kings 22 in the BOTLNT

1 Kings 22 in the BOVCB

1 Kings 22 in the BOYCB

1 Kings 22 in the BPBB

1 Kings 22 in the BPH

1 Kings 22 in the BSB

1 Kings 22 in the CCB

1 Kings 22 in the CUV

1 Kings 22 in the CUVS

1 Kings 22 in the DBT

1 Kings 22 in the DGDNT

1 Kings 22 in the DHNT

1 Kings 22 in the DNT

1 Kings 22 in the ELBE

1 Kings 22 in the EMTV

1 Kings 22 in the ESV

1 Kings 22 in the FBV

1 Kings 22 in the FEB

1 Kings 22 in the GGMNT

1 Kings 22 in the GNT

1 Kings 22 in the HARY

1 Kings 22 in the HNT

1 Kings 22 in the IRVA

1 Kings 22 in the IRVB

1 Kings 22 in the IRVG

1 Kings 22 in the IRVH

1 Kings 22 in the IRVK

1 Kings 22 in the IRVM

1 Kings 22 in the IRVM2

1 Kings 22 in the IRVO

1 Kings 22 in the IRVP

1 Kings 22 in the IRVT

1 Kings 22 in the IRVT2

1 Kings 22 in the IRVU

1 Kings 22 in the ISVN

1 Kings 22 in the JSNT

1 Kings 22 in the KAPI

1 Kings 22 in the KBT1ETNIK

1 Kings 22 in the KBV

1 Kings 22 in the KJV

1 Kings 22 in the KNFD

1 Kings 22 in the LBA

1 Kings 22 in the LBLA

1 Kings 22 in the LNT

1 Kings 22 in the LSV

1 Kings 22 in the MAAL

1 Kings 22 in the MBV

1 Kings 22 in the MBV2

1 Kings 22 in the MHNT

1 Kings 22 in the MKNFD

1 Kings 22 in the MNG

1 Kings 22 in the MNT

1 Kings 22 in the MNT2

1 Kings 22 in the MRS1T

1 Kings 22 in the NAA

1 Kings 22 in the NASB

1 Kings 22 in the NBLA

1 Kings 22 in the NBS

1 Kings 22 in the NBVTP

1 Kings 22 in the NET2

1 Kings 22 in the NIV11

1 Kings 22 in the NNT

1 Kings 22 in the NNT2

1 Kings 22 in the NNT3

1 Kings 22 in the PDDPT

1 Kings 22 in the PFNT

1 Kings 22 in the RMNT

1 Kings 22 in the SBIAS

1 Kings 22 in the SBIBS

1 Kings 22 in the SBIBS2

1 Kings 22 in the SBICS

1 Kings 22 in the SBIDS

1 Kings 22 in the SBIGS

1 Kings 22 in the SBIHS

1 Kings 22 in the SBIIS

1 Kings 22 in the SBIIS2

1 Kings 22 in the SBIIS3

1 Kings 22 in the SBIKS

1 Kings 22 in the SBIKS2

1 Kings 22 in the SBIMS

1 Kings 22 in the SBIOS

1 Kings 22 in the SBIPS

1 Kings 22 in the SBISS

1 Kings 22 in the SBITS

1 Kings 22 in the SBITS2

1 Kings 22 in the SBITS3

1 Kings 22 in the SBITS4

1 Kings 22 in the SBIUS

1 Kings 22 in the SBIVS

1 Kings 22 in the SBT

1 Kings 22 in the SBT1E

1 Kings 22 in the SCHL

1 Kings 22 in the SNT

1 Kings 22 in the SUSU

1 Kings 22 in the SUSU2

1 Kings 22 in the SYNO

1 Kings 22 in the TBIAOTANT

1 Kings 22 in the TBT1E

1 Kings 22 in the TBT1E2

1 Kings 22 in the TFTIP

1 Kings 22 in the TFTU

1 Kings 22 in the TGNTATF3T

1 Kings 22 in the THAI

1 Kings 22 in the TNFD

1 Kings 22 in the TNT

1 Kings 22 in the TNTIK

1 Kings 22 in the TNTIL

1 Kings 22 in the TNTIN

1 Kings 22 in the TNTIP

1 Kings 22 in the TNTIZ

1 Kings 22 in the TOMA

1 Kings 22 in the TTENT

1 Kings 22 in the UBG

1 Kings 22 in the UGV

1 Kings 22 in the UGV2

1 Kings 22 in the UGV3

1 Kings 22 in the VBL

1 Kings 22 in the VDCC

1 Kings 22 in the YALU

1 Kings 22 in the YAPE

1 Kings 22 in the YBVTP

1 Kings 22 in the ZBP