1 Peter 5 (BOECS)

1 Nye, ame si nye hamemegã, Kristo ƒe fukpekpewo ƒe ɖaseɖila kple ame si hã akpɔ gome le ŋutikɔkɔe si woaɖe afia la me la le edom ɖe hamemegã siwo le mia dome la gbɔ be 2 mianye Mawu ƒe alẽha si wòtsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔ ene. Menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyui, 3 be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la. 4 Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o. 5 Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena,“Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.” 6 Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi. 7 Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi. 8 Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. 9 Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom. 10 Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi. 11 Eya tɔ nanye ŋusẽ tso mavɔ me, yi mavɔ me. Amen. 12 Meŋlɔ nu kpui sia ɖo ɖe mi to nɔvi Silvano, ame si mebu nɔvi nuteƒewɔla la ƒe kpekpeɖeŋu me, le ŋusẽ dom mi kple ɖaseɖiɖi be esiae nye Mawu ƒe amenuveve nyateƒetɔ la. Minɔ te sesĩe le eme. 13 Mia nɔvi si nye hame si le Babilonia, si wotia kpe ɖe mia ŋu la do gbe na mi vevie. Nenema ke, vinye Marko hã do gbe na mi nyuie. 14 Mitsɔ lɔlɔ̃ do gbe na mia nɔewo abe Kristotɔ vavãwo ene. Ŋutifafa na mi ame siwo katã le Kristo me.

In Other Versions

1 Peter 5 in the ANGEFD

1 Peter 5 in the ANTPNG2D

1 Peter 5 in the AS21

1 Peter 5 in the BAGH

1 Peter 5 in the BBPNG

1 Peter 5 in the BBT1E

1 Peter 5 in the BDS

1 Peter 5 in the BEV

1 Peter 5 in the BHAD

1 Peter 5 in the BIB

1 Peter 5 in the BLPT

1 Peter 5 in the BNT

1 Peter 5 in the BNTABOOT

1 Peter 5 in the BNTLV

1 Peter 5 in the BOATCB

1 Peter 5 in the BOATCB2

1 Peter 5 in the BOBCV

1 Peter 5 in the BOCNT

1 Peter 5 in the BOGWICC

1 Peter 5 in the BOHCB

1 Peter 5 in the BOHCV

1 Peter 5 in the BOHLNT

1 Peter 5 in the BOHNTLTAL

1 Peter 5 in the BOICB

1 Peter 5 in the BOILNTAP

1 Peter 5 in the BOITCV

1 Peter 5 in the BOKCV

1 Peter 5 in the BOKCV2

1 Peter 5 in the BOKHWOG

1 Peter 5 in the BOKSSV

1 Peter 5 in the BOLCB

1 Peter 5 in the BOLCB2

1 Peter 5 in the BOMCV

1 Peter 5 in the BONAV

1 Peter 5 in the BONCB

1 Peter 5 in the BONLT

1 Peter 5 in the BONUT2

1 Peter 5 in the BOPLNT

1 Peter 5 in the BOSCB

1 Peter 5 in the BOSNC

1 Peter 5 in the BOTLNT

1 Peter 5 in the BOVCB

1 Peter 5 in the BOYCB

1 Peter 5 in the BPBB

1 Peter 5 in the BPH

1 Peter 5 in the BSB

1 Peter 5 in the CCB

1 Peter 5 in the CUV

1 Peter 5 in the CUVS

1 Peter 5 in the DBT

1 Peter 5 in the DGDNT

1 Peter 5 in the DHNT

1 Peter 5 in the DNT

1 Peter 5 in the ELBE

1 Peter 5 in the EMTV

1 Peter 5 in the ESV

1 Peter 5 in the FBV

1 Peter 5 in the FEB

1 Peter 5 in the GGMNT

1 Peter 5 in the GNT

1 Peter 5 in the HARY

1 Peter 5 in the HNT

1 Peter 5 in the IRVA

1 Peter 5 in the IRVB

1 Peter 5 in the IRVG

1 Peter 5 in the IRVH

1 Peter 5 in the IRVK

1 Peter 5 in the IRVM

1 Peter 5 in the IRVM2

1 Peter 5 in the IRVO

1 Peter 5 in the IRVP

1 Peter 5 in the IRVT

1 Peter 5 in the IRVT2

1 Peter 5 in the IRVU

1 Peter 5 in the ISVN

1 Peter 5 in the JSNT

1 Peter 5 in the KAPI

1 Peter 5 in the KBT1ETNIK

1 Peter 5 in the KBV

1 Peter 5 in the KJV

1 Peter 5 in the KNFD

1 Peter 5 in the LBA

1 Peter 5 in the LBLA

1 Peter 5 in the LNT

1 Peter 5 in the LSV

1 Peter 5 in the MAAL

1 Peter 5 in the MBV

1 Peter 5 in the MBV2

1 Peter 5 in the MHNT

1 Peter 5 in the MKNFD

1 Peter 5 in the MNG

1 Peter 5 in the MNT

1 Peter 5 in the MNT2

1 Peter 5 in the MRS1T

1 Peter 5 in the NAA

1 Peter 5 in the NASB

1 Peter 5 in the NBLA

1 Peter 5 in the NBS

1 Peter 5 in the NBVTP

1 Peter 5 in the NET2

1 Peter 5 in the NIV11

1 Peter 5 in the NNT

1 Peter 5 in the NNT2

1 Peter 5 in the NNT3

1 Peter 5 in the PDDPT

1 Peter 5 in the PFNT

1 Peter 5 in the RMNT

1 Peter 5 in the SBIAS

1 Peter 5 in the SBIBS

1 Peter 5 in the SBIBS2

1 Peter 5 in the SBICS

1 Peter 5 in the SBIDS

1 Peter 5 in the SBIGS

1 Peter 5 in the SBIHS

1 Peter 5 in the SBIIS

1 Peter 5 in the SBIIS2

1 Peter 5 in the SBIIS3

1 Peter 5 in the SBIKS

1 Peter 5 in the SBIKS2

1 Peter 5 in the SBIMS

1 Peter 5 in the SBIOS

1 Peter 5 in the SBIPS

1 Peter 5 in the SBISS

1 Peter 5 in the SBITS

1 Peter 5 in the SBITS2

1 Peter 5 in the SBITS3

1 Peter 5 in the SBITS4

1 Peter 5 in the SBIUS

1 Peter 5 in the SBIVS

1 Peter 5 in the SBT

1 Peter 5 in the SBT1E

1 Peter 5 in the SCHL

1 Peter 5 in the SNT

1 Peter 5 in the SUSU

1 Peter 5 in the SUSU2

1 Peter 5 in the SYNO

1 Peter 5 in the TBIAOTANT

1 Peter 5 in the TBT1E

1 Peter 5 in the TBT1E2

1 Peter 5 in the TFTIP

1 Peter 5 in the TFTU

1 Peter 5 in the TGNTATF3T

1 Peter 5 in the THAI

1 Peter 5 in the TNFD

1 Peter 5 in the TNT

1 Peter 5 in the TNTIK

1 Peter 5 in the TNTIL

1 Peter 5 in the TNTIN

1 Peter 5 in the TNTIP

1 Peter 5 in the TNTIZ

1 Peter 5 in the TOMA

1 Peter 5 in the TTENT

1 Peter 5 in the UBG

1 Peter 5 in the UGV

1 Peter 5 in the UGV2

1 Peter 5 in the UGV3

1 Peter 5 in the VBL

1 Peter 5 in the VDCC

1 Peter 5 in the YALU

1 Peter 5 in the YAPE

1 Peter 5 in the YBVTP

1 Peter 5 in the ZBP