1 Samuel 30 (BOECS)

1 Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ 2 eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe. 3 Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la, 4 wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo. 5 David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome. 6 Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui. 7 David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi. 8 David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?”Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!” 9 David kple eƒe ame alafa adeawo (600) va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi 10 elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi. 11 Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno. 12 Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o. 13 David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?”Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ. 14 Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.” 15 David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?”Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.” 16 Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta. 17 David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si. 18 David xɔ nu sia nu si Amalekitɔwo ha. Exɔ srɔ̃a eveawo hã. 19 Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe. 20 David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.” 21 Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe. 22 Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.” 23 Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi. 24 Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.” 25 Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe. 26 Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.” 27 Woɖo nunanawo ɖe ametsitsiwo tso du siawo me: Betel, Dziehe Ramot, Yatir, 28 Aroer, Sifmɔt, Estemoa, 29 Rakal, Yerameeltɔwo ƒe duwo, Kenitɔwo ƒe duwo, 30 Horma, Bor Asan, Atak, 31 kple Hebron. Eɖo nunana ɖe teƒe siwo eya kple eƒe amewo de.

In Other Versions

1 Samuel 30 in the ANGEFD

1 Samuel 30 in the ANTPNG2D

1 Samuel 30 in the AS21

1 Samuel 30 in the BAGH

1 Samuel 30 in the BBPNG

1 Samuel 30 in the BBT1E

1 Samuel 30 in the BDS

1 Samuel 30 in the BEV

1 Samuel 30 in the BHAD

1 Samuel 30 in the BIB

1 Samuel 30 in the BLPT

1 Samuel 30 in the BNT

1 Samuel 30 in the BNTABOOT

1 Samuel 30 in the BNTLV

1 Samuel 30 in the BOATCB

1 Samuel 30 in the BOATCB2

1 Samuel 30 in the BOBCV

1 Samuel 30 in the BOCNT

1 Samuel 30 in the BOGWICC

1 Samuel 30 in the BOHCB

1 Samuel 30 in the BOHCV

1 Samuel 30 in the BOHLNT

1 Samuel 30 in the BOHNTLTAL

1 Samuel 30 in the BOICB

1 Samuel 30 in the BOILNTAP

1 Samuel 30 in the BOITCV

1 Samuel 30 in the BOKCV

1 Samuel 30 in the BOKCV2

1 Samuel 30 in the BOKHWOG

1 Samuel 30 in the BOKSSV

1 Samuel 30 in the BOLCB

1 Samuel 30 in the BOLCB2

1 Samuel 30 in the BOMCV

1 Samuel 30 in the BONAV

1 Samuel 30 in the BONCB

1 Samuel 30 in the BONLT

1 Samuel 30 in the BONUT2

1 Samuel 30 in the BOPLNT

1 Samuel 30 in the BOSCB

1 Samuel 30 in the BOSNC

1 Samuel 30 in the BOTLNT

1 Samuel 30 in the BOVCB

1 Samuel 30 in the BOYCB

1 Samuel 30 in the BPBB

1 Samuel 30 in the BPH

1 Samuel 30 in the BSB

1 Samuel 30 in the CCB

1 Samuel 30 in the CUV

1 Samuel 30 in the CUVS

1 Samuel 30 in the DBT

1 Samuel 30 in the DGDNT

1 Samuel 30 in the DHNT

1 Samuel 30 in the DNT

1 Samuel 30 in the ELBE

1 Samuel 30 in the EMTV

1 Samuel 30 in the ESV

1 Samuel 30 in the FBV

1 Samuel 30 in the FEB

1 Samuel 30 in the GGMNT

1 Samuel 30 in the GNT

1 Samuel 30 in the HARY

1 Samuel 30 in the HNT

1 Samuel 30 in the IRVA

1 Samuel 30 in the IRVB

1 Samuel 30 in the IRVG

1 Samuel 30 in the IRVH

1 Samuel 30 in the IRVK

1 Samuel 30 in the IRVM

1 Samuel 30 in the IRVM2

1 Samuel 30 in the IRVO

1 Samuel 30 in the IRVP

1 Samuel 30 in the IRVT

1 Samuel 30 in the IRVT2

1 Samuel 30 in the IRVU

1 Samuel 30 in the ISVN

1 Samuel 30 in the JSNT

1 Samuel 30 in the KAPI

1 Samuel 30 in the KBT1ETNIK

1 Samuel 30 in the KBV

1 Samuel 30 in the KJV

1 Samuel 30 in the KNFD

1 Samuel 30 in the LBA

1 Samuel 30 in the LBLA

1 Samuel 30 in the LNT

1 Samuel 30 in the LSV

1 Samuel 30 in the MAAL

1 Samuel 30 in the MBV

1 Samuel 30 in the MBV2

1 Samuel 30 in the MHNT

1 Samuel 30 in the MKNFD

1 Samuel 30 in the MNG

1 Samuel 30 in the MNT

1 Samuel 30 in the MNT2

1 Samuel 30 in the MRS1T

1 Samuel 30 in the NAA

1 Samuel 30 in the NASB

1 Samuel 30 in the NBLA

1 Samuel 30 in the NBS

1 Samuel 30 in the NBVTP

1 Samuel 30 in the NET2

1 Samuel 30 in the NIV11

1 Samuel 30 in the NNT

1 Samuel 30 in the NNT2

1 Samuel 30 in the NNT3

1 Samuel 30 in the PDDPT

1 Samuel 30 in the PFNT

1 Samuel 30 in the RMNT

1 Samuel 30 in the SBIAS

1 Samuel 30 in the SBIBS

1 Samuel 30 in the SBIBS2

1 Samuel 30 in the SBICS

1 Samuel 30 in the SBIDS

1 Samuel 30 in the SBIGS

1 Samuel 30 in the SBIHS

1 Samuel 30 in the SBIIS

1 Samuel 30 in the SBIIS2

1 Samuel 30 in the SBIIS3

1 Samuel 30 in the SBIKS

1 Samuel 30 in the SBIKS2

1 Samuel 30 in the SBIMS

1 Samuel 30 in the SBIOS

1 Samuel 30 in the SBIPS

1 Samuel 30 in the SBISS

1 Samuel 30 in the SBITS

1 Samuel 30 in the SBITS2

1 Samuel 30 in the SBITS3

1 Samuel 30 in the SBITS4

1 Samuel 30 in the SBIUS

1 Samuel 30 in the SBIVS

1 Samuel 30 in the SBT

1 Samuel 30 in the SBT1E

1 Samuel 30 in the SCHL

1 Samuel 30 in the SNT

1 Samuel 30 in the SUSU

1 Samuel 30 in the SUSU2

1 Samuel 30 in the SYNO

1 Samuel 30 in the TBIAOTANT

1 Samuel 30 in the TBT1E

1 Samuel 30 in the TBT1E2

1 Samuel 30 in the TFTIP

1 Samuel 30 in the TFTU

1 Samuel 30 in the TGNTATF3T

1 Samuel 30 in the THAI

1 Samuel 30 in the TNFD

1 Samuel 30 in the TNT

1 Samuel 30 in the TNTIK

1 Samuel 30 in the TNTIL

1 Samuel 30 in the TNTIN

1 Samuel 30 in the TNTIP

1 Samuel 30 in the TNTIZ

1 Samuel 30 in the TOMA

1 Samuel 30 in the TTENT

1 Samuel 30 in the UBG

1 Samuel 30 in the UGV

1 Samuel 30 in the UGV2

1 Samuel 30 in the UGV3

1 Samuel 30 in the VBL

1 Samuel 30 in the VDCC

1 Samuel 30 in the YALU

1 Samuel 30 in the YAPE

1 Samuel 30 in the YBVTP

1 Samuel 30 in the ZBP