2 Chronicles 28 (BOECS)

1 Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem, ke mewɔ nu si dzɔ le Yehowa ŋkume abe tɔgbuia David ene o. 2 Edze fia siwo nɔ Israel la ƒe kpɔɖeŋuwo yome eye wòsubɔ Baal ƒe legbawo. 3 Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene. 4 Esa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi. 5 Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko.Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ. 6 Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome. 7 Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo. 8 Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve (200,000) eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria. 9 Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o. 10 Azɔ la, ɖe miele nana ge Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo siaa nazu kluviwoa? Mieɖo ŋku miawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ŋuti dzi oa? 11 Miɖo tom eye miagbugbɔ miaƒe ƒometɔwo ayi wo dewoe kpoo elabena azɔ la, Yehowa ƒe dɔmedzoe le bibim sesĩe ɖe mia ŋu.” 12 Efraim ƒe kplɔlawo ƒe amegã aɖewo hã ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu. Ame siawoe nye Azaria, Yehohanan ƒe vi kple Berekia, Mesilemɔt ƒe vi kple Yehizkiya, Salum ƒe vi kple Amasa, Hadlai ƒe vi. 13 Wogblɔ be, “Miekpɔ mɔ akplɔ aboyomeawo va afi sia o. Ne miekplɔ wo vɛ la, Yehowa ado dɔmedzoe eye nu vɔ̃ sia akpe ɖe miaƒe nu vɔ̃ bubu geɖeawo ŋu. Dɔmedzoe si Mawu do ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ xoxo.” 14 Ale asrafomegãwo tsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo de asi na dukɔa kplɔlawo be woabu ta me tso nu si woawɔ kple wo la ŋu. 15 Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria. 16 Le ɣe ma ɣi me la, fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria fiawo be woava xɔ na ye. 17 Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo 18 le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me. 19 Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o. 20 Ke esi Asiria fia Tilgat Pilneser va ɖo la, eɖe fu na Fia Ahaz le esime wòakpe ɖe eŋu teƒe. 21 Ale, Ahaz tsɔ nu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ƒe akpa aɖewo kpakple dɔnunɔlawo tɔ hetsɔ na Asiria fia la gake egbe kpekpe ɖe eŋu. 22 Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me. 23 Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi. 24 Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 25 Gawu la, ewɔ nu ma ke le Yuda ƒe du ɖe sia ɖe me eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu. 26 Woŋlɔ nu tso Fia Ahazia ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ bubuawo tso gɔmedzedzea va se nuwuwu ŋu ɖe Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 27 Esi Fia Ahaz ku la, woɖii ɖe Yerusalem du la me, ke menye ɖe fiawo ƒe ɖiƒe o, eye via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.

In Other Versions

2 Chronicles 28 in the ANGEFD

2 Chronicles 28 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 28 in the AS21

2 Chronicles 28 in the BAGH

2 Chronicles 28 in the BBPNG

2 Chronicles 28 in the BBT1E

2 Chronicles 28 in the BDS

2 Chronicles 28 in the BEV

2 Chronicles 28 in the BHAD

2 Chronicles 28 in the BIB

2 Chronicles 28 in the BLPT

2 Chronicles 28 in the BNT

2 Chronicles 28 in the BNTABOOT

2 Chronicles 28 in the BNTLV

2 Chronicles 28 in the BOATCB

2 Chronicles 28 in the BOATCB2

2 Chronicles 28 in the BOBCV

2 Chronicles 28 in the BOCNT

2 Chronicles 28 in the BOGWICC

2 Chronicles 28 in the BOHCB

2 Chronicles 28 in the BOHCV

2 Chronicles 28 in the BOHLNT

2 Chronicles 28 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 28 in the BOICB

2 Chronicles 28 in the BOILNTAP

2 Chronicles 28 in the BOITCV

2 Chronicles 28 in the BOKCV

2 Chronicles 28 in the BOKCV2

2 Chronicles 28 in the BOKHWOG

2 Chronicles 28 in the BOKSSV

2 Chronicles 28 in the BOLCB

2 Chronicles 28 in the BOLCB2

2 Chronicles 28 in the BOMCV

2 Chronicles 28 in the BONAV

2 Chronicles 28 in the BONCB

2 Chronicles 28 in the BONLT

2 Chronicles 28 in the BONUT2

2 Chronicles 28 in the BOPLNT

2 Chronicles 28 in the BOSCB

2 Chronicles 28 in the BOSNC

2 Chronicles 28 in the BOTLNT

2 Chronicles 28 in the BOVCB

2 Chronicles 28 in the BOYCB

2 Chronicles 28 in the BPBB

2 Chronicles 28 in the BPH

2 Chronicles 28 in the BSB

2 Chronicles 28 in the CCB

2 Chronicles 28 in the CUV

2 Chronicles 28 in the CUVS

2 Chronicles 28 in the DBT

2 Chronicles 28 in the DGDNT

2 Chronicles 28 in the DHNT

2 Chronicles 28 in the DNT

2 Chronicles 28 in the ELBE

2 Chronicles 28 in the EMTV

2 Chronicles 28 in the ESV

2 Chronicles 28 in the FBV

2 Chronicles 28 in the FEB

2 Chronicles 28 in the GGMNT

2 Chronicles 28 in the GNT

2 Chronicles 28 in the HARY

2 Chronicles 28 in the HNT

2 Chronicles 28 in the IRVA

2 Chronicles 28 in the IRVB

2 Chronicles 28 in the IRVG

2 Chronicles 28 in the IRVH

2 Chronicles 28 in the IRVK

2 Chronicles 28 in the IRVM

2 Chronicles 28 in the IRVM2

2 Chronicles 28 in the IRVO

2 Chronicles 28 in the IRVP

2 Chronicles 28 in the IRVT

2 Chronicles 28 in the IRVT2

2 Chronicles 28 in the IRVU

2 Chronicles 28 in the ISVN

2 Chronicles 28 in the JSNT

2 Chronicles 28 in the KAPI

2 Chronicles 28 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 28 in the KBV

2 Chronicles 28 in the KJV

2 Chronicles 28 in the KNFD

2 Chronicles 28 in the LBA

2 Chronicles 28 in the LBLA

2 Chronicles 28 in the LNT

2 Chronicles 28 in the LSV

2 Chronicles 28 in the MAAL

2 Chronicles 28 in the MBV

2 Chronicles 28 in the MBV2

2 Chronicles 28 in the MHNT

2 Chronicles 28 in the MKNFD

2 Chronicles 28 in the MNG

2 Chronicles 28 in the MNT

2 Chronicles 28 in the MNT2

2 Chronicles 28 in the MRS1T

2 Chronicles 28 in the NAA

2 Chronicles 28 in the NASB

2 Chronicles 28 in the NBLA

2 Chronicles 28 in the NBS

2 Chronicles 28 in the NBVTP

2 Chronicles 28 in the NET2

2 Chronicles 28 in the NIV11

2 Chronicles 28 in the NNT

2 Chronicles 28 in the NNT2

2 Chronicles 28 in the NNT3

2 Chronicles 28 in the PDDPT

2 Chronicles 28 in the PFNT

2 Chronicles 28 in the RMNT

2 Chronicles 28 in the SBIAS

2 Chronicles 28 in the SBIBS

2 Chronicles 28 in the SBIBS2

2 Chronicles 28 in the SBICS

2 Chronicles 28 in the SBIDS

2 Chronicles 28 in the SBIGS

2 Chronicles 28 in the SBIHS

2 Chronicles 28 in the SBIIS

2 Chronicles 28 in the SBIIS2

2 Chronicles 28 in the SBIIS3

2 Chronicles 28 in the SBIKS

2 Chronicles 28 in the SBIKS2

2 Chronicles 28 in the SBIMS

2 Chronicles 28 in the SBIOS

2 Chronicles 28 in the SBIPS

2 Chronicles 28 in the SBISS

2 Chronicles 28 in the SBITS

2 Chronicles 28 in the SBITS2

2 Chronicles 28 in the SBITS3

2 Chronicles 28 in the SBITS4

2 Chronicles 28 in the SBIUS

2 Chronicles 28 in the SBIVS

2 Chronicles 28 in the SBT

2 Chronicles 28 in the SBT1E

2 Chronicles 28 in the SCHL

2 Chronicles 28 in the SNT

2 Chronicles 28 in the SUSU

2 Chronicles 28 in the SUSU2

2 Chronicles 28 in the SYNO

2 Chronicles 28 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 28 in the TBT1E

2 Chronicles 28 in the TBT1E2

2 Chronicles 28 in the TFTIP

2 Chronicles 28 in the TFTU

2 Chronicles 28 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 28 in the THAI

2 Chronicles 28 in the TNFD

2 Chronicles 28 in the TNT

2 Chronicles 28 in the TNTIK

2 Chronicles 28 in the TNTIL

2 Chronicles 28 in the TNTIN

2 Chronicles 28 in the TNTIP

2 Chronicles 28 in the TNTIZ

2 Chronicles 28 in the TOMA

2 Chronicles 28 in the TTENT

2 Chronicles 28 in the UBG

2 Chronicles 28 in the UGV

2 Chronicles 28 in the UGV2

2 Chronicles 28 in the UGV3

2 Chronicles 28 in the VBL

2 Chronicles 28 in the VDCC

2 Chronicles 28 in the YALU

2 Chronicles 28 in the YAPE

2 Chronicles 28 in the YBVTP

2 Chronicles 28 in the ZBP