2 Chronicles 32 (BOECS)

1 Le nu siwo Hezekia wɔ anukwaretɔe vɔ megbe la, Asiria fia, Senakerib ho va dze Yuda dzi. Eɖe to ɖe du siwo woglã kple susu be, yeaxɔ wo na ye ɖokui. 2 Esi eme kɔ ƒãa be Fia Senakerib ɖo ta me be yeaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu la, 3 Hezekia wɔ takpekpe kple eƒe fiaviŋutsuwo kple eƒe aɖaŋudelawo. Woɖo be yewoaxe vudo siwo le dua godo. 4 Wodi dɔwɔla geɖewo woxe vudoawo katã kple tɔsisi si si to agblewo me. Wobia be, “Nu ka ta Asiria fia ava eye wòakpɔ tsi ano?” 5 Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo. 6 Eƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu eye wòɖo asrafomegãwo ɖe wo nu, heɖo wo ɖe gbadzaƒe si le dua ŋgɔ. Eƒo nu, de dzi ƒo na wo kple nya siawo be, 7 “Misẽ ŋu, miawɔ kalẽ eye migavɔ̃ Asiria fia la alo eƒe aʋakɔ gã la o elabena ame aɖe le mía dzi si kpɔ ŋusẽ wui sãa! 8 Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.” 9 Le nu siawo megbe la Asiria fia Senakerib kple aʋakɔwo ɖe to ɖe Lakis du la, eye wòdɔ amewo ɖa be woagblɔ na Yuda fia Hezekia kple Yudatɔ siwo katã le afi ma be, 10 “Asiria fia Senakerib le biabiam be: Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo be yewoate ŋu atsi agbe esi meɖe to ɖe Yerusalem dua? 11 Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’ 12 Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa? 13 “Ɖe mienya nu si mía kple fofonyewo míewɔ anyigbadzidukɔwo katã oa? Dukɔ mawo ƒe mawuwo mete ŋu wɔ naneke heɖe woƒe anyigbawo o. 14 Dukɔ siawo ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye asi me? Nu kae na miebu be miaƒe Mawu ya ate ŋu aɖe mi? 15 Migana Hezekia nana miazu abunɛtɔwo o! Migaxɔ edzi se o! Megale egblɔm be, dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖe eƒe amewo tso nye asi me loo alo tso tɔgbuinyewo ƒe asi me kpɔ o. Aleke miaƒe mawu ya ate ŋui?” 16 Ale ame dɔdɔ la ɖe alɔme le Yehowa Mawu kple Mawu ƒe dɔla Hezekia ŋu eye wòdzu wo. 17 Fia Senakerib ŋlɔ agbalẽ hã eye wòdo vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me be, “Dukɔ bubuwo katã ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso nye asi me o, eye Hezekia ƒe Mawu hã mate ŋui o.” 18 Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo. 19 Dɔla siawo ƒo nu tso Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe trɔ̃subɔlawo ƒe mawu, siwo nye legba siwo amegbetɔ wɔ la dometɔ ɖeka ene! 20 Ale Fia Hezekia kple Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, do ɣli, ɖe kuku na Mawu le dziƒo 21 eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma. 22 Ale Yehowa ɖe Fia Hezekia kple Yerusalemtɔwo eye azɔ la, ŋutifafa nɔ fiaɖuƒe blibo la me. 23 Tso ɣe ma ɣi dzi la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la, bua Hezekia vevie eye nunana geɖewo na Yehowa kple nunana tɔxɛwo na Hezekia hã va ɖo Yerusalem. 24 Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ vevie eye wòɖo kudo nu. Edo gbe ɖa na Yehowa, ame si ɖo gbedodoɖa la ŋu nɛ hena nukudzesi aɖee. 25 Ke dada nɔ Hezekia ƒe dzi me eye metsɔ ɖeke le dɔmenyo si Yehowa wɔ nɛ la me o eya ta Yehowa ƒe dziku nɔ eya amea, Yuda kple Yerusalem dzi. 26 Tete dada si nɔ Hezekia ƒe dzi me la vee eye wòtrɔ dzi me. Yerusalem nɔlawo hã wɔ nenema ke, eya ta Yehowa ƒe dziku la mebi ɖe wo ŋu le Hezekia ƒe ŋkekewo me o. 27 Ale Hezekia zu kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe, etu nudzraɖoƒewo na eƒe klosalo, sika kple kpe xɔasiwo, atike ʋeʋĩwo, akpoxɔnuwo kple sikatrewo. 28 Etu avawo be yeadzra bli, wain yeye kple ami ɖo ɖe wo me eye wògatu lãkpowo hã. 29 Etso kɔƒewo eye lãha gãwo sɔ gbɔ ɖe esi elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔ woe. 30 Exe Gihon tɔsisi la ƒe Dzigbetɔʋu la ƒe nugbɔ eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsi la be wòatsa ayi David ƒe Du la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yerusalem. 31 Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye. 32 Woŋlɔ Hezekia ŋutinya mamlɛa kple dɔ nyui siwo katã wòwɔ la ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi ƒe agbalẽ kple Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. 33 Esi Hezekia ku la, woɖii ɖe fia David ƒe dzidzimeviwo wo ƒe yɔdowo gbɔ le togbɛ la ŋu. Yuda kple Yerusalem blibo la de bubu eŋu le eƒe ku me. Via ŋutsu Manase zu fia ɖe eteƒe.

In Other Versions

2 Chronicles 32 in the ANGEFD

2 Chronicles 32 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 32 in the AS21

2 Chronicles 32 in the BAGH

2 Chronicles 32 in the BBPNG

2 Chronicles 32 in the BBT1E

2 Chronicles 32 in the BDS

2 Chronicles 32 in the BEV

2 Chronicles 32 in the BHAD

2 Chronicles 32 in the BIB

2 Chronicles 32 in the BLPT

2 Chronicles 32 in the BNT

2 Chronicles 32 in the BNTABOOT

2 Chronicles 32 in the BNTLV

2 Chronicles 32 in the BOATCB

2 Chronicles 32 in the BOATCB2

2 Chronicles 32 in the BOBCV

2 Chronicles 32 in the BOCNT

2 Chronicles 32 in the BOGWICC

2 Chronicles 32 in the BOHCB

2 Chronicles 32 in the BOHCV

2 Chronicles 32 in the BOHLNT

2 Chronicles 32 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 32 in the BOICB

2 Chronicles 32 in the BOILNTAP

2 Chronicles 32 in the BOITCV

2 Chronicles 32 in the BOKCV

2 Chronicles 32 in the BOKCV2

2 Chronicles 32 in the BOKHWOG

2 Chronicles 32 in the BOKSSV

2 Chronicles 32 in the BOLCB

2 Chronicles 32 in the BOLCB2

2 Chronicles 32 in the BOMCV

2 Chronicles 32 in the BONAV

2 Chronicles 32 in the BONCB

2 Chronicles 32 in the BONLT

2 Chronicles 32 in the BONUT2

2 Chronicles 32 in the BOPLNT

2 Chronicles 32 in the BOSCB

2 Chronicles 32 in the BOSNC

2 Chronicles 32 in the BOTLNT

2 Chronicles 32 in the BOVCB

2 Chronicles 32 in the BOYCB

2 Chronicles 32 in the BPBB

2 Chronicles 32 in the BPH

2 Chronicles 32 in the BSB

2 Chronicles 32 in the CCB

2 Chronicles 32 in the CUV

2 Chronicles 32 in the CUVS

2 Chronicles 32 in the DBT

2 Chronicles 32 in the DGDNT

2 Chronicles 32 in the DHNT

2 Chronicles 32 in the DNT

2 Chronicles 32 in the ELBE

2 Chronicles 32 in the EMTV

2 Chronicles 32 in the ESV

2 Chronicles 32 in the FBV

2 Chronicles 32 in the FEB

2 Chronicles 32 in the GGMNT

2 Chronicles 32 in the GNT

2 Chronicles 32 in the HARY

2 Chronicles 32 in the HNT

2 Chronicles 32 in the IRVA

2 Chronicles 32 in the IRVB

2 Chronicles 32 in the IRVG

2 Chronicles 32 in the IRVH

2 Chronicles 32 in the IRVK

2 Chronicles 32 in the IRVM

2 Chronicles 32 in the IRVM2

2 Chronicles 32 in the IRVO

2 Chronicles 32 in the IRVP

2 Chronicles 32 in the IRVT

2 Chronicles 32 in the IRVT2

2 Chronicles 32 in the IRVU

2 Chronicles 32 in the ISVN

2 Chronicles 32 in the JSNT

2 Chronicles 32 in the KAPI

2 Chronicles 32 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 32 in the KBV

2 Chronicles 32 in the KJV

2 Chronicles 32 in the KNFD

2 Chronicles 32 in the LBA

2 Chronicles 32 in the LBLA

2 Chronicles 32 in the LNT

2 Chronicles 32 in the LSV

2 Chronicles 32 in the MAAL

2 Chronicles 32 in the MBV

2 Chronicles 32 in the MBV2

2 Chronicles 32 in the MHNT

2 Chronicles 32 in the MKNFD

2 Chronicles 32 in the MNG

2 Chronicles 32 in the MNT

2 Chronicles 32 in the MNT2

2 Chronicles 32 in the MRS1T

2 Chronicles 32 in the NAA

2 Chronicles 32 in the NASB

2 Chronicles 32 in the NBLA

2 Chronicles 32 in the NBS

2 Chronicles 32 in the NBVTP

2 Chronicles 32 in the NET2

2 Chronicles 32 in the NIV11

2 Chronicles 32 in the NNT

2 Chronicles 32 in the NNT2

2 Chronicles 32 in the NNT3

2 Chronicles 32 in the PDDPT

2 Chronicles 32 in the PFNT

2 Chronicles 32 in the RMNT

2 Chronicles 32 in the SBIAS

2 Chronicles 32 in the SBIBS

2 Chronicles 32 in the SBIBS2

2 Chronicles 32 in the SBICS

2 Chronicles 32 in the SBIDS

2 Chronicles 32 in the SBIGS

2 Chronicles 32 in the SBIHS

2 Chronicles 32 in the SBIIS

2 Chronicles 32 in the SBIIS2

2 Chronicles 32 in the SBIIS3

2 Chronicles 32 in the SBIKS

2 Chronicles 32 in the SBIKS2

2 Chronicles 32 in the SBIMS

2 Chronicles 32 in the SBIOS

2 Chronicles 32 in the SBIPS

2 Chronicles 32 in the SBISS

2 Chronicles 32 in the SBITS

2 Chronicles 32 in the SBITS2

2 Chronicles 32 in the SBITS3

2 Chronicles 32 in the SBITS4

2 Chronicles 32 in the SBIUS

2 Chronicles 32 in the SBIVS

2 Chronicles 32 in the SBT

2 Chronicles 32 in the SBT1E

2 Chronicles 32 in the SCHL

2 Chronicles 32 in the SNT

2 Chronicles 32 in the SUSU

2 Chronicles 32 in the SUSU2

2 Chronicles 32 in the SYNO

2 Chronicles 32 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 32 in the TBT1E

2 Chronicles 32 in the TBT1E2

2 Chronicles 32 in the TFTIP

2 Chronicles 32 in the TFTU

2 Chronicles 32 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 32 in the THAI

2 Chronicles 32 in the TNFD

2 Chronicles 32 in the TNT

2 Chronicles 32 in the TNTIK

2 Chronicles 32 in the TNTIL

2 Chronicles 32 in the TNTIN

2 Chronicles 32 in the TNTIP

2 Chronicles 32 in the TNTIZ

2 Chronicles 32 in the TOMA

2 Chronicles 32 in the TTENT

2 Chronicles 32 in the UBG

2 Chronicles 32 in the UGV

2 Chronicles 32 in the UGV2

2 Chronicles 32 in the UGV3

2 Chronicles 32 in the VBL

2 Chronicles 32 in the VDCC

2 Chronicles 32 in the YALU

2 Chronicles 32 in the YAPE

2 Chronicles 32 in the YBVTP

2 Chronicles 32 in the ZBP