2 Kings 10 (BOECS)

1 Azɔ la, viŋutsu blaadre nɔ Ahab ƒe aƒe me le Samaria. Ale Yehu ŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Samaria na dumegã siwo nɔ Yezreel kple dumemetsitsiwo kple Ahab ƒe viwo dzikpɔlawo. Eŋlɔ ɖe wo me be, 2 “Ne agbalẽ sia ka mia si ko la, zi ale si miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo le mia gbɔ eye tasiaɖamwo kple sɔwo kple du si woɖo gli ƒo xlãe kple aʋawɔnuwo le mia si la, 3 mitia miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo dometɔ nyuitɔ kple esi dzi mieka ɖo wu la miatsɔe aɖo fofoa ƒe fiazikpui dzi. Ekema miaʋli miaƒe aƒetɔ ƒe aƒe ta.” 4 Ke vɔvɔ̃ ɖo ameawo akpa na nu sia wɔwɔ eye wogblɔ be, “Fia eve mete ŋu nɔ te ɖe Yehu nu o, nu ka míawo míate ŋu awɔ?” 5 Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.” 6 Yehu ɖo eŋu ɖo ɖe wo be, “Ne miele dzinye eye miele nye ɖoɖowo dzi wɔ ge la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ Ahab ƒe viŋutsuwo ƒe tawo vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣe aleawo ɣi.”Ahab ƒe viŋutsu blaadre siawo nɔ amegãwo ƒe aƒewo me le dua me, afi si wonyi wo le tso woƒe ɖevime ke. 7 Esi woxɔ agbalẽa la, wowu wo ame blaadreawo katã eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me heyi na Fia Yehu le Yezreel. 8 Dɔla aɖe gblɔ na Yehu be, “Ahab ƒe viwo ƒe tawo va ɖo.”Yehu ɖe gbe be, “Mili kɔ wo ɖe teƒe eve ɖe dua ƒe agbo nu; woanɔ afi ma va se ɖe ŋufɔke.” 9 Esi ŋu ke la, Yehu do go. Etsi tsitre ɖe ameawo katã ŋkume hegblɔ be, “Mia tɔ dzɔ. Nyee ɖo nugbe ɖe nye aƒetɔ ŋu eye mewui, ke ame kae wu ame siawo katã? 10 Ekema minyae be, nya ɖeka pɛ hã mado le nya siwo Yehowa gblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe ŋu la me o. Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo to eƒe dɔla Eliya dzi.” 11 Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o. 12 Azɔ la, Yehu dze mɔ yina Samaria. Esi wòɖo Bet Eked afi si alẽkplɔlawo nɔna la, 13 edo go Yuda fia, Ahazia nɔviŋutsuwo le afi ma eye wòbia wo be, “Ame kawoe mienye?”Woɖo eŋu be, “Fia Ahazia ƒe ƒometɔwo míenye, míeyina Samaria be míakpɔ Fia Ahab kple fiasrɔ̃ Yezebel ƒe viwo ɖa.” 14 Fia Yehu ɖe gbe na eƒe amewo be, “Milé wo!” Wolé wo eye wokplɔ wo ame blaeve-vɔ-eneawo katã yi ɖawu le Bet Eked, do aɖe gbɔ. 15 Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?”Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.”Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me. 16 Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo. 17 Esi woɖo Samaria la, Yehu wu Ahab xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo katã susɔ ɖe afi ma abe ale si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la ene. 18 Yehu ƒo ƒu ameawo katã nu eye wògblɔ na wo be, “Ahab subɔ Baal vie ko. Yehu asubɔe ŋutɔ. 19 Azɔ la, miyɔ Baal ƒe Nyagblɔɖilawo, nunɔlawo kple eƒe subɔlawo katã. Mikpɔ egbɔ be, ame sia ame va elabena mele vɔsa gã aɖe wɔ ge na Baal. Ame sia ame si agbe vava la, maganɔ agbe o.” Ke Yehu ɖe wòle ameawo blem ale be yeate ŋu atsrɔ̃ Baal ƒe nunɔlawo. 20 Yehu gblɔ be, “Miƒo ƒu ameawo nu hena bubudede Baal ŋu.” Ale woɖe gbeƒã kpekpe sia. 21 Yehu gaɖo amewo ɖe Israelnyigba dzi eye Baal nunɔlawo katã va; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe vava o. Womimi wo ɖokuiwo ɖe Baal ƒe gbedoxɔ la me woyɔ gbedoxɔ la ƒe afi sia afi kpikpikpi. 22 Yehu gblɔ na ame si kpɔa awu kɔkɔeawo dzi la be, “Kpɔ egbɔ be èhe awu kɔkɔeawo ɖe go na Baal nunɔlawo.” Ale wòhe awuawo ɖe go na wo. 23 Azɔ la, Yehu kple Yehonadab, Rekab ƒe vi yi Baal ƒe gbedoxɔ la me eye wogblɔ na Baal nunɔlawo be, “Mikpɔ egbɔ be ame siwo subɔa Baal koe le afi sia. Migana ame siwo subɔa Yehowa la dometɔ aɖeke nage ɖe xɔa me o!” 24 Esi Baal nunɔlawo de asi akpedavɔwo kple numevɔwo sasa me la, Yehu na eƒe ame blaenyi ɖe to ɖe gbedoxɔ la. Egblɔ na wo be, “Ne mieɖe mɔ ame aɖe si la, miaku ɖe sisila la teƒe.” 25 Esi Yehu wu akpedavɔsa kple numevɔsa la nu la, edo go ɖagblɔ na eƒe ameawo be, “Miyi gbedoxɔ la me eye miawu ameawo katã. Migana wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã nasi adzo o!” Ale wowu ameawo katã eye wohe woƒe kukuawo yi gota. Yehu ƒe amewo ge ɖe gbedoxɔ emetɔ me. 26 Wohe sɔti si ŋu dɔ wowɔna le Baal subɔsubɔ me la do goe eye wotɔ dzoe. 27 Wogblẽ gbedoxɔ la eye wotrɔe wòzu afɔdzixɔ va se ɖe egbe. 28 Ale Yehu ɖe Baal subɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le Israelnyigba dzi. 29 Ke megbã sikanyivi si nɔ Betel kple Dan ya o. Sikanyivi siawo nye Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe nu vɔ̃ elabena ehe Israel blibo la de nu vɔ̃ me. 30 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Yehu be, “Èwɔe nyuie be èwɔ nye ɖoɖowo dzi eye nètsrɔ̃ Ahab ƒe dzidzimeviwo. Le esia ta la, mana wò dzidzimeviwo naɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi.” 31 Ke Yehu medze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome kple eƒe dzi blibo o, elabena meɖe asi le Yeroboam ƒe nu vɔ̃ siwo he Israel de nu vɔ̃ me la ŋuti o. 32 Le ŋkeke mawo me la, Yehowa ɖiɖi Israel ƒe agbɔsɔsɔ. Hazael ɖu Israelviwo dzi le nuto me blibo la me, 33 le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, le Gilead ƒe anyigba la katã dzi (afi si nye Gad, Ruben kple Manase ƒe nutomewo me), tso keke Aroer si le Arnon tɔsisi la to va se ɖe Gilead kple Basan nutowo me. 34 Woŋlɔ Yehu ƒe wɔna mamlɛawo ɖe Israel Fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 35 Esi Yehu ku la, woɖii ɖe Samaria. Via Yehoahaz ɖu fia ɖe eteƒe. 36 Yehu ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaeve-vɔ-enyi.

In Other Versions

2 Kings 10 in the ANGEFD

2 Kings 10 in the ANTPNG2D

2 Kings 10 in the AS21

2 Kings 10 in the BAGH

2 Kings 10 in the BBPNG

2 Kings 10 in the BBT1E

2 Kings 10 in the BDS

2 Kings 10 in the BEV

2 Kings 10 in the BHAD

2 Kings 10 in the BIB

2 Kings 10 in the BLPT

2 Kings 10 in the BNT

2 Kings 10 in the BNTABOOT

2 Kings 10 in the BNTLV

2 Kings 10 in the BOATCB

2 Kings 10 in the BOATCB2

2 Kings 10 in the BOBCV

2 Kings 10 in the BOCNT

2 Kings 10 in the BOGWICC

2 Kings 10 in the BOHCB

2 Kings 10 in the BOHCV

2 Kings 10 in the BOHLNT

2 Kings 10 in the BOHNTLTAL

2 Kings 10 in the BOICB

2 Kings 10 in the BOILNTAP

2 Kings 10 in the BOITCV

2 Kings 10 in the BOKCV

2 Kings 10 in the BOKCV2

2 Kings 10 in the BOKHWOG

2 Kings 10 in the BOKSSV

2 Kings 10 in the BOLCB

2 Kings 10 in the BOLCB2

2 Kings 10 in the BOMCV

2 Kings 10 in the BONAV

2 Kings 10 in the BONCB

2 Kings 10 in the BONLT

2 Kings 10 in the BONUT2

2 Kings 10 in the BOPLNT

2 Kings 10 in the BOSCB

2 Kings 10 in the BOSNC

2 Kings 10 in the BOTLNT

2 Kings 10 in the BOVCB

2 Kings 10 in the BOYCB

2 Kings 10 in the BPBB

2 Kings 10 in the BPH

2 Kings 10 in the BSB

2 Kings 10 in the CCB

2 Kings 10 in the CUV

2 Kings 10 in the CUVS

2 Kings 10 in the DBT

2 Kings 10 in the DGDNT

2 Kings 10 in the DHNT

2 Kings 10 in the DNT

2 Kings 10 in the ELBE

2 Kings 10 in the EMTV

2 Kings 10 in the ESV

2 Kings 10 in the FBV

2 Kings 10 in the FEB

2 Kings 10 in the GGMNT

2 Kings 10 in the GNT

2 Kings 10 in the HARY

2 Kings 10 in the HNT

2 Kings 10 in the IRVA

2 Kings 10 in the IRVB

2 Kings 10 in the IRVG

2 Kings 10 in the IRVH

2 Kings 10 in the IRVK

2 Kings 10 in the IRVM

2 Kings 10 in the IRVM2

2 Kings 10 in the IRVO

2 Kings 10 in the IRVP

2 Kings 10 in the IRVT

2 Kings 10 in the IRVT2

2 Kings 10 in the IRVU

2 Kings 10 in the ISVN

2 Kings 10 in the JSNT

2 Kings 10 in the KAPI

2 Kings 10 in the KBT1ETNIK

2 Kings 10 in the KBV

2 Kings 10 in the KJV

2 Kings 10 in the KNFD

2 Kings 10 in the LBA

2 Kings 10 in the LBLA

2 Kings 10 in the LNT

2 Kings 10 in the LSV

2 Kings 10 in the MAAL

2 Kings 10 in the MBV

2 Kings 10 in the MBV2

2 Kings 10 in the MHNT

2 Kings 10 in the MKNFD

2 Kings 10 in the MNG

2 Kings 10 in the MNT

2 Kings 10 in the MNT2

2 Kings 10 in the MRS1T

2 Kings 10 in the NAA

2 Kings 10 in the NASB

2 Kings 10 in the NBLA

2 Kings 10 in the NBS

2 Kings 10 in the NBVTP

2 Kings 10 in the NET2

2 Kings 10 in the NIV11

2 Kings 10 in the NNT

2 Kings 10 in the NNT2

2 Kings 10 in the NNT3

2 Kings 10 in the PDDPT

2 Kings 10 in the PFNT

2 Kings 10 in the RMNT

2 Kings 10 in the SBIAS

2 Kings 10 in the SBIBS

2 Kings 10 in the SBIBS2

2 Kings 10 in the SBICS

2 Kings 10 in the SBIDS

2 Kings 10 in the SBIGS

2 Kings 10 in the SBIHS

2 Kings 10 in the SBIIS

2 Kings 10 in the SBIIS2

2 Kings 10 in the SBIIS3

2 Kings 10 in the SBIKS

2 Kings 10 in the SBIKS2

2 Kings 10 in the SBIMS

2 Kings 10 in the SBIOS

2 Kings 10 in the SBIPS

2 Kings 10 in the SBISS

2 Kings 10 in the SBITS

2 Kings 10 in the SBITS2

2 Kings 10 in the SBITS3

2 Kings 10 in the SBITS4

2 Kings 10 in the SBIUS

2 Kings 10 in the SBIVS

2 Kings 10 in the SBT

2 Kings 10 in the SBT1E

2 Kings 10 in the SCHL

2 Kings 10 in the SNT

2 Kings 10 in the SUSU

2 Kings 10 in the SUSU2

2 Kings 10 in the SYNO

2 Kings 10 in the TBIAOTANT

2 Kings 10 in the TBT1E

2 Kings 10 in the TBT1E2

2 Kings 10 in the TFTIP

2 Kings 10 in the TFTU

2 Kings 10 in the TGNTATF3T

2 Kings 10 in the THAI

2 Kings 10 in the TNFD

2 Kings 10 in the TNT

2 Kings 10 in the TNTIK

2 Kings 10 in the TNTIL

2 Kings 10 in the TNTIN

2 Kings 10 in the TNTIP

2 Kings 10 in the TNTIZ

2 Kings 10 in the TOMA

2 Kings 10 in the TTENT

2 Kings 10 in the UBG

2 Kings 10 in the UGV

2 Kings 10 in the UGV2

2 Kings 10 in the UGV3

2 Kings 10 in the VBL

2 Kings 10 in the VDCC

2 Kings 10 in the YALU

2 Kings 10 in the YAPE

2 Kings 10 in the YBVTP

2 Kings 10 in the ZBP