2 Kings 21 (BOECS)
1 Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hefziba. 2 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. 3 Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. 4 Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.” 5 Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. 6 Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ. 7 Manase li aƒeli si wòwɔ la ɖe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Yehowa ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! 8 Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.” 9 Ke ameawo meɖo to Yehowa o eye Manase na wowɔ nu vɔ̃ wu dukɔ siwo ƒo xlã wo, togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ dukɔ siawo le woƒe nu vɔ̃wo ta, esi Israelviwo ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã. 10 Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be, 11 “Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la, 12 Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃. 13 Matsɔ dzidzeka si metsɔ dzidze Samaria kple Ahab ƒe aƒe la adzidze Yerusalem. Maklɔ Yerusalem abe ale si woklɔa agbae ene eye matrɔe atsyɔ anyi. 14 Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo 15 elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.” 16 Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa. 17 Woŋlɔ Manase ƒe fiaɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nu vɔ̃ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 18 Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe. 19 Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba. 20 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. 21 Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ. 22 Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o. 23 Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me. 24 Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi Yosia ɖo fiae. 25 Woŋlɔ Amon ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 26 Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe.
In Other Versions
2 Kings 21 in the ANGEFD
2 Kings 21 in the ANTPNG2D
2 Kings 21 in the AS21
2 Kings 21 in the BAGH
2 Kings 21 in the BBPNG
2 Kings 21 in the BBT1E
2 Kings 21 in the BDS
2 Kings 21 in the BEV
2 Kings 21 in the BHAD
2 Kings 21 in the BIB
2 Kings 21 in the BLPT
2 Kings 21 in the BNT
2 Kings 21 in the BNTABOOT
2 Kings 21 in the BNTLV
2 Kings 21 in the BOATCB
2 Kings 21 in the BOATCB2
2 Kings 21 in the BOBCV
2 Kings 21 in the BOCNT
2 Kings 21 in the BOGWICC
2 Kings 21 in the BOHCB
2 Kings 21 in the BOHCV
2 Kings 21 in the BOHLNT
2 Kings 21 in the BOHNTLTAL
2 Kings 21 in the BOICB
2 Kings 21 in the BOILNTAP
2 Kings 21 in the BOITCV
2 Kings 21 in the BOKCV
2 Kings 21 in the BOKCV2
2 Kings 21 in the BOKHWOG
2 Kings 21 in the BOKSSV
2 Kings 21 in the BOLCB
2 Kings 21 in the BOLCB2
2 Kings 21 in the BOMCV
2 Kings 21 in the BONAV
2 Kings 21 in the BONCB
2 Kings 21 in the BONLT
2 Kings 21 in the BONUT2
2 Kings 21 in the BOPLNT
2 Kings 21 in the BOSCB
2 Kings 21 in the BOSNC
2 Kings 21 in the BOTLNT
2 Kings 21 in the BOVCB
2 Kings 21 in the BOYCB
2 Kings 21 in the BPBB
2 Kings 21 in the BPH
2 Kings 21 in the BSB
2 Kings 21 in the CCB
2 Kings 21 in the CUV
2 Kings 21 in the CUVS
2 Kings 21 in the DBT
2 Kings 21 in the DGDNT
2 Kings 21 in the DHNT
2 Kings 21 in the DNT
2 Kings 21 in the ELBE
2 Kings 21 in the EMTV
2 Kings 21 in the ESV
2 Kings 21 in the FBV
2 Kings 21 in the FEB
2 Kings 21 in the GGMNT
2 Kings 21 in the GNT
2 Kings 21 in the HARY
2 Kings 21 in the HNT
2 Kings 21 in the IRVA
2 Kings 21 in the IRVB
2 Kings 21 in the IRVG
2 Kings 21 in the IRVH
2 Kings 21 in the IRVK
2 Kings 21 in the IRVM
2 Kings 21 in the IRVM2
2 Kings 21 in the IRVO
2 Kings 21 in the IRVP
2 Kings 21 in the IRVT
2 Kings 21 in the IRVT2
2 Kings 21 in the IRVU
2 Kings 21 in the ISVN
2 Kings 21 in the JSNT
2 Kings 21 in the KAPI
2 Kings 21 in the KBT1ETNIK
2 Kings 21 in the KBV
2 Kings 21 in the KJV
2 Kings 21 in the KNFD
2 Kings 21 in the LBA
2 Kings 21 in the LBLA
2 Kings 21 in the LNT
2 Kings 21 in the LSV
2 Kings 21 in the MAAL
2 Kings 21 in the MBV
2 Kings 21 in the MBV2
2 Kings 21 in the MHNT
2 Kings 21 in the MKNFD
2 Kings 21 in the MNG
2 Kings 21 in the MNT
2 Kings 21 in the MNT2
2 Kings 21 in the MRS1T
2 Kings 21 in the NAA
2 Kings 21 in the NASB
2 Kings 21 in the NBLA
2 Kings 21 in the NBS
2 Kings 21 in the NBVTP
2 Kings 21 in the NET2
2 Kings 21 in the NIV11
2 Kings 21 in the NNT
2 Kings 21 in the NNT2
2 Kings 21 in the NNT3
2 Kings 21 in the PDDPT
2 Kings 21 in the PFNT
2 Kings 21 in the RMNT
2 Kings 21 in the SBIAS
2 Kings 21 in the SBIBS
2 Kings 21 in the SBIBS2
2 Kings 21 in the SBICS
2 Kings 21 in the SBIDS
2 Kings 21 in the SBIGS
2 Kings 21 in the SBIHS
2 Kings 21 in the SBIIS
2 Kings 21 in the SBIIS2
2 Kings 21 in the SBIIS3
2 Kings 21 in the SBIKS
2 Kings 21 in the SBIKS2
2 Kings 21 in the SBIMS
2 Kings 21 in the SBIOS
2 Kings 21 in the SBIPS
2 Kings 21 in the SBISS
2 Kings 21 in the SBITS
2 Kings 21 in the SBITS2
2 Kings 21 in the SBITS3
2 Kings 21 in the SBITS4
2 Kings 21 in the SBIUS
2 Kings 21 in the SBIVS
2 Kings 21 in the SBT
2 Kings 21 in the SBT1E
2 Kings 21 in the SCHL
2 Kings 21 in the SNT
2 Kings 21 in the SUSU
2 Kings 21 in the SUSU2
2 Kings 21 in the SYNO
2 Kings 21 in the TBIAOTANT
2 Kings 21 in the TBT1E
2 Kings 21 in the TBT1E2
2 Kings 21 in the TFTIP
2 Kings 21 in the TFTU
2 Kings 21 in the TGNTATF3T
2 Kings 21 in the THAI
2 Kings 21 in the TNFD
2 Kings 21 in the TNT
2 Kings 21 in the TNTIK
2 Kings 21 in the TNTIL
2 Kings 21 in the TNTIN
2 Kings 21 in the TNTIP
2 Kings 21 in the TNTIZ
2 Kings 21 in the TOMA
2 Kings 21 in the TTENT
2 Kings 21 in the UBG
2 Kings 21 in the UGV
2 Kings 21 in the UGV2
2 Kings 21 in the UGV3
2 Kings 21 in the VBL
2 Kings 21 in the VDCC
2 Kings 21 in the YALU
2 Kings 21 in the YAPE
2 Kings 21 in the YBVTP
2 Kings 21 in the ZBP