2 Kings 23 (BOECS)

1 Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. 2 Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. 3 Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu. 4 Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel. 5 Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo. 6 Eho aƒeli la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, tsɔe yi Yerusalem godo yi ɖe Kidron tɔʋu la gbɔ. Etɔ dzoe le afi ma, tui wòzu wɔ eye wòkaka wɔ la ɖe ame gblɔewo ƒe yɔdowo dzi. 7 Egbã ŋutsugbolowo ƒe xɔwo ƒu anyi, xɔ siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afi si nyɔnuwo hã nɔna, nɔa kundruwo lɔ̃m na aƒeli. 8 Yosia kplɔ nunɔla siwo katã nɔ Yuda duwo me la gbɔe eye wòna wodo gu nuxeƒewo katã tso Geba yi ɖase ɖe Beerseba afi si nunɔlaawo do dzudzɔ ʋeʋĩ le. Egbã legba siwo nɔ dua ƒe mɔmefia, Yosua ƒe agbo nu. Legba la nɔ agbo la ƒe miame. 9 Togbɔ be nunɔla siawo mewɔ subɔsubɔdɔwo le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o hã la, woɖua abolo maʋamaʋã kple nunɔla bubuawo. 10 Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o. 11 Eɖe sɔ siwo ŋuti Yuda fiawo kɔ na ɣelegba la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔnu. Wonɔ xɔxɔnu si te ɖe dumegã aɖe si woyɔna be Natan Melek ƒe xɔnu. Ale Yosia tɔ dzo tasiaɖam siwo ŋuti wokɔ na ɣelegba la hã. 12 Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me. 13 Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la. 14 Yosia gbã legbawo eye wòho aƒeliwo. Ekaka ameƒuwo ɖe teƒe siawo hedo gu teƒeawo. 15 Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo. 16 Esi Fia Yosia nɔ ŋku tsam gbe ɖeka la, ekpɔ yɔdo aɖewo ɖaa le to la ŋu. Eɖe gbe na eƒe amewo be woaɖe ƒuawo le yɔdoawo me eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui si le Betel la dzi, ado gui ale be, nya si Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ da ɖi be adzɔ ɖe Yeroboam ƒe vɔsamlekpui dzi la nava eme. 17 Fia la bia be, “Yɔdokpe kae nye ema le afi ma?”Dua me tɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Nyagblɔɖila si tso Yuda va gblɔ nu si nèwɔ fifia da ɖi be adzɔ ɖe vɔsamlekpui sia dzi le Betel la ƒe yɔdoe!” 18 Ale Fia Yosia gblɔ be, “Migaka asi eŋu o. Migaɖe fu na nyagblɔɖila la ƒe ƒuwo o.” Ale wometɔ dzo eƒe ƒuwo kple nyagblɔɖila si tso Samaria la ƒe ƒuwo o. 19 Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene. 20 Ewu trɔ̃subɔlawo ƒe nunɔlawo ɖe woawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpuiwo dzi eye wòtɔ dzo ameƒuawo ɖe vɔsamlekpuiawo dzi hedo gu wo. Azɔ la etrɔ va Yerusalem. 21 Fia Yosia gblɔ na eƒe amewo azɔ be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖe se siwo Yehowa, woƒe Mawu la na woŋlɔ ɖe Nubabla ƒe Agbalẽ la me la nu. 22 Womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ nenema tso Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli o eye womegaɖui kpɔ nenema le Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe fiaɖuɣiwo katã me o. 23 Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. 24 Yosia tsi ŋɔliyɔyɔ, adzewɔwɔ kple legbasubɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nu le Yerusalem kple anyigba blibo la dzi. Ewɔ alea elabena edi be yeawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ si Nunɔla Hilkia fɔ le gbedoxɔ la me la dzi pɛpɛpɛ. 25 Fia bubu aɖeke meganɔ anyi si trɔ ɖe Yehowa gbɔ eye wòwɔ Mose ƒe sewo katã dzi o eye fia siwo kplɔ Yosia ɖo hã dometɔ aɖeke mete ɖe ale si Yosia ɖo to Yehowa la ŋu o. 26 Ke Yehowa ƒe dziku sesẽ si wòdo ɖe Yuda ŋu le Manase ƒe nu vɔ̃wo ta la dzi meɖe o 27 elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.” 28 Woŋlɔ Fia Yosia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 29 Le ŋkeke mawo me la, Egipte fia Farao Neko ho yi Frat tɔsisi la to be yeakpe ɖe Asiria fia ŋu. Fia Yosia ho yi be yeawɔ aʋa kplii, ke Fia Farao Neko wu Fia Yosia esi wòkpɔe le Megido. 30 Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe. 31 Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu. Etso Libna. 32 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoawo hã wɔ ene. 33 Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda. 34 Egipte fia la tia Eliakim, Fia Yosia ƒe viŋutsu bubu be wòaɖu fia le Yerusalem eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ wòzu Yehoyakim. Ekplɔ Fia Yehoahaz yi Egipte, afi si wòku ɖo. 35 Fia Yehoyakim ma ga home si Egipte fia bla na dukɔa la na eteviwo, ame sia ame ɖe eƒe ŋutete nu be wòate ŋu akpɔ ga la axe na Egipte fia. 36 Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Zebida, Pedaya vinyɔnu. Etso Ruma. 37 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoawo wɔ ene.

In Other Versions

2 Kings 23 in the ANGEFD

2 Kings 23 in the ANTPNG2D

2 Kings 23 in the AS21

2 Kings 23 in the BAGH

2 Kings 23 in the BBPNG

2 Kings 23 in the BBT1E

2 Kings 23 in the BDS

2 Kings 23 in the BEV

2 Kings 23 in the BHAD

2 Kings 23 in the BIB

2 Kings 23 in the BLPT

2 Kings 23 in the BNT

2 Kings 23 in the BNTABOOT

2 Kings 23 in the BNTLV

2 Kings 23 in the BOATCB

2 Kings 23 in the BOATCB2

2 Kings 23 in the BOBCV

2 Kings 23 in the BOCNT

2 Kings 23 in the BOGWICC

2 Kings 23 in the BOHCB

2 Kings 23 in the BOHCV

2 Kings 23 in the BOHLNT

2 Kings 23 in the BOHNTLTAL

2 Kings 23 in the BOICB

2 Kings 23 in the BOILNTAP

2 Kings 23 in the BOITCV

2 Kings 23 in the BOKCV

2 Kings 23 in the BOKCV2

2 Kings 23 in the BOKHWOG

2 Kings 23 in the BOKSSV

2 Kings 23 in the BOLCB

2 Kings 23 in the BOLCB2

2 Kings 23 in the BOMCV

2 Kings 23 in the BONAV

2 Kings 23 in the BONCB

2 Kings 23 in the BONLT

2 Kings 23 in the BONUT2

2 Kings 23 in the BOPLNT

2 Kings 23 in the BOSCB

2 Kings 23 in the BOSNC

2 Kings 23 in the BOTLNT

2 Kings 23 in the BOVCB

2 Kings 23 in the BOYCB

2 Kings 23 in the BPBB

2 Kings 23 in the BPH

2 Kings 23 in the BSB

2 Kings 23 in the CCB

2 Kings 23 in the CUV

2 Kings 23 in the CUVS

2 Kings 23 in the DBT

2 Kings 23 in the DGDNT

2 Kings 23 in the DHNT

2 Kings 23 in the DNT

2 Kings 23 in the ELBE

2 Kings 23 in the EMTV

2 Kings 23 in the ESV

2 Kings 23 in the FBV

2 Kings 23 in the FEB

2 Kings 23 in the GGMNT

2 Kings 23 in the GNT

2 Kings 23 in the HARY

2 Kings 23 in the HNT

2 Kings 23 in the IRVA

2 Kings 23 in the IRVB

2 Kings 23 in the IRVG

2 Kings 23 in the IRVH

2 Kings 23 in the IRVK

2 Kings 23 in the IRVM

2 Kings 23 in the IRVM2

2 Kings 23 in the IRVO

2 Kings 23 in the IRVP

2 Kings 23 in the IRVT

2 Kings 23 in the IRVT2

2 Kings 23 in the IRVU

2 Kings 23 in the ISVN

2 Kings 23 in the JSNT

2 Kings 23 in the KAPI

2 Kings 23 in the KBT1ETNIK

2 Kings 23 in the KBV

2 Kings 23 in the KJV

2 Kings 23 in the KNFD

2 Kings 23 in the LBA

2 Kings 23 in the LBLA

2 Kings 23 in the LNT

2 Kings 23 in the LSV

2 Kings 23 in the MAAL

2 Kings 23 in the MBV

2 Kings 23 in the MBV2

2 Kings 23 in the MHNT

2 Kings 23 in the MKNFD

2 Kings 23 in the MNG

2 Kings 23 in the MNT

2 Kings 23 in the MNT2

2 Kings 23 in the MRS1T

2 Kings 23 in the NAA

2 Kings 23 in the NASB

2 Kings 23 in the NBLA

2 Kings 23 in the NBS

2 Kings 23 in the NBVTP

2 Kings 23 in the NET2

2 Kings 23 in the NIV11

2 Kings 23 in the NNT

2 Kings 23 in the NNT2

2 Kings 23 in the NNT3

2 Kings 23 in the PDDPT

2 Kings 23 in the PFNT

2 Kings 23 in the RMNT

2 Kings 23 in the SBIAS

2 Kings 23 in the SBIBS

2 Kings 23 in the SBIBS2

2 Kings 23 in the SBICS

2 Kings 23 in the SBIDS

2 Kings 23 in the SBIGS

2 Kings 23 in the SBIHS

2 Kings 23 in the SBIIS

2 Kings 23 in the SBIIS2

2 Kings 23 in the SBIIS3

2 Kings 23 in the SBIKS

2 Kings 23 in the SBIKS2

2 Kings 23 in the SBIMS

2 Kings 23 in the SBIOS

2 Kings 23 in the SBIPS

2 Kings 23 in the SBISS

2 Kings 23 in the SBITS

2 Kings 23 in the SBITS2

2 Kings 23 in the SBITS3

2 Kings 23 in the SBITS4

2 Kings 23 in the SBIUS

2 Kings 23 in the SBIVS

2 Kings 23 in the SBT

2 Kings 23 in the SBT1E

2 Kings 23 in the SCHL

2 Kings 23 in the SNT

2 Kings 23 in the SUSU

2 Kings 23 in the SUSU2

2 Kings 23 in the SYNO

2 Kings 23 in the TBIAOTANT

2 Kings 23 in the TBT1E

2 Kings 23 in the TBT1E2

2 Kings 23 in the TFTIP

2 Kings 23 in the TFTU

2 Kings 23 in the TGNTATF3T

2 Kings 23 in the THAI

2 Kings 23 in the TNFD

2 Kings 23 in the TNT

2 Kings 23 in the TNTIK

2 Kings 23 in the TNTIL

2 Kings 23 in the TNTIN

2 Kings 23 in the TNTIP

2 Kings 23 in the TNTIZ

2 Kings 23 in the TOMA

2 Kings 23 in the TTENT

2 Kings 23 in the UBG

2 Kings 23 in the UGV

2 Kings 23 in the UGV2

2 Kings 23 in the UGV3

2 Kings 23 in the VBL

2 Kings 23 in the VDCC

2 Kings 23 in the YALU

2 Kings 23 in the YAPE

2 Kings 23 in the YBVTP

2 Kings 23 in the ZBP