2 Kings 7 (BOECS)

1 Elisa gblɔ be, “Mise Yehowa ƒe gbe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.’ ” 2 Ke dumegã si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ne Yehowa aʋu dziƒo ƒe agbowo gɔ̃ hã la, ɖe nu sia ate ŋu ava mea?”Ke Elisa gblɔ nɛ be, “Àkpɔe wòava eme nenema pɛpɛpɛ, ke màɖu ɖeke o.” 3 Anyidzela ene aɖewo nɔ anyi ɖe dua ƒe agbowo godo. Wobia wo nɔewo be, “Nu ka ta míanɔ anyi ɖe afi sia va se ɖe esime míaku? 4 Ne míegblɔ be, ‘Míayi dua me’ la, dɔwuame le afi ma ana míaku, ke ne míetsi afi sia hã la, míaku eya ta mina míayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me eye míatsɔ mía ɖokuiwo ade asi na wo. Ne wokpɔ nublanui na mí la, míanɔ agbe, ke ne wowu mí la, ɖe míekue nye ema.” 5 Esi fiẽ ɖo la, wotsi tsitre heyi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Esi woɖo asaɖa la ƒe gbɔto la, womekpɔ ame aɖeke le afi ma o 6 elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!” 7 Ale wotsi tsitre hesi, esi anyigba de asi tsyɔtsyɔ̃ me eye wogblẽ woƒe agbadɔwo kple sɔwo kple tedziwo ɖi. Ale wogblẽ asaɖa la ɖi nenema eye wosi dzo be woaɖe yewoƒe agbe. 8 Anyidzelawo ɖo asaɖa la ƒe mɔnu eye woge ɖe agbadɔwo dometɔ ɖeka me. Woɖu nu, no nu, lɔ klosalo, sika kple awuwo eye woyi ɖaɣla wo. Wotrɔ gbɔ hege ɖe agbadɔ bubu me, fɔ nanewo hã le afi ma eye woyi ɖaɣla woawo hã. 9 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Menye nu nyuitɔe nye esi wɔm míele o. Egbee nye nya nyui segbe eye míawo ɖeɖe gbɔ ko wòtsi. Ne míelala va se ɖe esime ŋu ke la, tohehe ava mía dzi eya ta mina míayi zi ɖeka aɖaka nya sia ta na fiasãmetɔwo.” 10 Ale wotrɔ yi dua me ɖagblɔ nya si dzɔ la na agbonudzɔlawo be, “Míede Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ƒe asaɖa me, eye ame aɖeke menɔ afi ma o! Wode ka woƒe sɔwo kple tedziwo, nu sia nu nɔ eteƒe le asaɖa la me gake ame aɖeke kura menɔ asaɖa la me o.” 11 Ale agbonudzɔlawo do ɣli gblɔ nya la na ame siwo nɔ fiasã la me. 12 Fia la fɔ eye wògblɔ na aʋakplɔlawo be, “Menya nu si dzɔ, Siriatɔwo nya be dɔ to le míaƒe anyigba dzi, ale wodzo le woƒe asaɖa la me ɖabe ɖe gbedzi be yewoable mí míado le dua me, ekema yewoadze mía dzi, aɖe aboyo mí eye yewoage ɖe dua me.” 13 Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Anyo be míaɖo ŋkutsalawo ɖa woayi aɖakpɔ afi ma ɖa. Mina woatsɔ sɔ siwo susɔ ɖe dua me la dometɔ atɔ̃, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; esia ta na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.” 14 Wodi tasiaɖamŋusɔ ene eye fia la ɖo tasiaɖamŋusɔdola eve ɖa be woakpɔ afi si Siriatɔwo yi. 15 Wodze awu kple nu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe ɖi le esime wonɔ sisim la yome va se ɖe esime wova ɖo Yɔdan tɔsisi la nu. Ale ame eve siawo trɔ va gblɔ nu si wokpɔ la na fia la. 16 Tete ameawo do go le Samaria dua me yi ɖaha nuwo le Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Ale wɔ gram wuieve xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Yehowa ƒe nya nu. 17 Fia la tɔ asi dumegã si ƒe abɔ ŋu wòziɔ ɖo la dzi be wòakpɔ amewo ƒe gododo kple emevava dzi le agboa nu. Ke wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi wòku esime ameawo nɔ dodom gidigidi tso dua me. Nu sia tututue Elisa gblɔ da ɖi le ŋkeke si do ŋgɔ na gbe ma gbe la dzi, esime fia la va be yealée. 18 Ale wòva va eme abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔe na fia la ene be, “Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.” 19 Fiaŋume la gblɔ be, “Ne Yehowa ŋɔ do ɖe dziƒo ŋu gɔ̃ hã la, nu sia mate ŋu ava eme o!”Eye nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Àkpɔe, wòava eme nenema, ke màɖu ɖeke o.” 20 Nyateƒe, mete ŋu ɖu ɖeke o elabena wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi, wòku le agboa nu!

In Other Versions

2 Kings 7 in the ANGEFD

2 Kings 7 in the ANTPNG2D

2 Kings 7 in the AS21

2 Kings 7 in the BAGH

2 Kings 7 in the BBPNG

2 Kings 7 in the BBT1E

2 Kings 7 in the BDS

2 Kings 7 in the BEV

2 Kings 7 in the BHAD

2 Kings 7 in the BIB

2 Kings 7 in the BLPT

2 Kings 7 in the BNT

2 Kings 7 in the BNTABOOT

2 Kings 7 in the BNTLV

2 Kings 7 in the BOATCB

2 Kings 7 in the BOATCB2

2 Kings 7 in the BOBCV

2 Kings 7 in the BOCNT

2 Kings 7 in the BOGWICC

2 Kings 7 in the BOHCB

2 Kings 7 in the BOHCV

2 Kings 7 in the BOHLNT

2 Kings 7 in the BOHNTLTAL

2 Kings 7 in the BOICB

2 Kings 7 in the BOILNTAP

2 Kings 7 in the BOITCV

2 Kings 7 in the BOKCV

2 Kings 7 in the BOKCV2

2 Kings 7 in the BOKHWOG

2 Kings 7 in the BOKSSV

2 Kings 7 in the BOLCB

2 Kings 7 in the BOLCB2

2 Kings 7 in the BOMCV

2 Kings 7 in the BONAV

2 Kings 7 in the BONCB

2 Kings 7 in the BONLT

2 Kings 7 in the BONUT2

2 Kings 7 in the BOPLNT

2 Kings 7 in the BOSCB

2 Kings 7 in the BOSNC

2 Kings 7 in the BOTLNT

2 Kings 7 in the BOVCB

2 Kings 7 in the BOYCB

2 Kings 7 in the BPBB

2 Kings 7 in the BPH

2 Kings 7 in the BSB

2 Kings 7 in the CCB

2 Kings 7 in the CUV

2 Kings 7 in the CUVS

2 Kings 7 in the DBT

2 Kings 7 in the DGDNT

2 Kings 7 in the DHNT

2 Kings 7 in the DNT

2 Kings 7 in the ELBE

2 Kings 7 in the EMTV

2 Kings 7 in the ESV

2 Kings 7 in the FBV

2 Kings 7 in the FEB

2 Kings 7 in the GGMNT

2 Kings 7 in the GNT

2 Kings 7 in the HARY

2 Kings 7 in the HNT

2 Kings 7 in the IRVA

2 Kings 7 in the IRVB

2 Kings 7 in the IRVG

2 Kings 7 in the IRVH

2 Kings 7 in the IRVK

2 Kings 7 in the IRVM

2 Kings 7 in the IRVM2

2 Kings 7 in the IRVO

2 Kings 7 in the IRVP

2 Kings 7 in the IRVT

2 Kings 7 in the IRVT2

2 Kings 7 in the IRVU

2 Kings 7 in the ISVN

2 Kings 7 in the JSNT

2 Kings 7 in the KAPI

2 Kings 7 in the KBT1ETNIK

2 Kings 7 in the KBV

2 Kings 7 in the KJV

2 Kings 7 in the KNFD

2 Kings 7 in the LBA

2 Kings 7 in the LBLA

2 Kings 7 in the LNT

2 Kings 7 in the LSV

2 Kings 7 in the MAAL

2 Kings 7 in the MBV

2 Kings 7 in the MBV2

2 Kings 7 in the MHNT

2 Kings 7 in the MKNFD

2 Kings 7 in the MNG

2 Kings 7 in the MNT

2 Kings 7 in the MNT2

2 Kings 7 in the MRS1T

2 Kings 7 in the NAA

2 Kings 7 in the NASB

2 Kings 7 in the NBLA

2 Kings 7 in the NBS

2 Kings 7 in the NBVTP

2 Kings 7 in the NET2

2 Kings 7 in the NIV11

2 Kings 7 in the NNT

2 Kings 7 in the NNT2

2 Kings 7 in the NNT3

2 Kings 7 in the PDDPT

2 Kings 7 in the PFNT

2 Kings 7 in the RMNT

2 Kings 7 in the SBIAS

2 Kings 7 in the SBIBS

2 Kings 7 in the SBIBS2

2 Kings 7 in the SBICS

2 Kings 7 in the SBIDS

2 Kings 7 in the SBIGS

2 Kings 7 in the SBIHS

2 Kings 7 in the SBIIS

2 Kings 7 in the SBIIS2

2 Kings 7 in the SBIIS3

2 Kings 7 in the SBIKS

2 Kings 7 in the SBIKS2

2 Kings 7 in the SBIMS

2 Kings 7 in the SBIOS

2 Kings 7 in the SBIPS

2 Kings 7 in the SBISS

2 Kings 7 in the SBITS

2 Kings 7 in the SBITS2

2 Kings 7 in the SBITS3

2 Kings 7 in the SBITS4

2 Kings 7 in the SBIUS

2 Kings 7 in the SBIVS

2 Kings 7 in the SBT

2 Kings 7 in the SBT1E

2 Kings 7 in the SCHL

2 Kings 7 in the SNT

2 Kings 7 in the SUSU

2 Kings 7 in the SUSU2

2 Kings 7 in the SYNO

2 Kings 7 in the TBIAOTANT

2 Kings 7 in the TBT1E

2 Kings 7 in the TBT1E2

2 Kings 7 in the TFTIP

2 Kings 7 in the TFTU

2 Kings 7 in the TGNTATF3T

2 Kings 7 in the THAI

2 Kings 7 in the TNFD

2 Kings 7 in the TNT

2 Kings 7 in the TNTIK

2 Kings 7 in the TNTIL

2 Kings 7 in the TNTIN

2 Kings 7 in the TNTIP

2 Kings 7 in the TNTIZ

2 Kings 7 in the TOMA

2 Kings 7 in the TTENT

2 Kings 7 in the UBG

2 Kings 7 in the UGV

2 Kings 7 in the UGV2

2 Kings 7 in the UGV3

2 Kings 7 in the VBL

2 Kings 7 in the VDCC

2 Kings 7 in the YALU

2 Kings 7 in the YAPE

2 Kings 7 in the YBVTP

2 Kings 7 in the ZBP