2 Kings 8 (BOECS)

1 Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.” 2 Nyɔnu la wɔ nu si Mawu ƒe ame la gblɔ. Eya kple eƒe ƒometɔwo yi ɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre. 3 Esi dɔwuame la nu tso la, nyɔnu la gatrɔ va Israelnyigba dzi eye wòva kpɔ fia la be wòagbugbɔ yeƒe aƒe kple anyigba na ye. 4 Fia la nɔ nu ƒom kple Gehazi, Elisa ƒe subɔla, esime nyɔnu la do ɖe fia la ŋkume. Fia la nɔ gbɔgblɔm na Gehazi be, “Gblɔ nya aɖewo nam tso nu gã siwo Elisa wɔ la ŋu.” 5 Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume!Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!” 6 Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?”Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu. 7 Le esia megbe la, Elisa yi Damasko, Siria ƒe fiadu me esime Siria fia, Ben Hadad nɔ dɔ lém le afi ma. Ame aɖe gblɔ na fia la be nyagblɔɖila la va. 8 Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” 9 Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” 10 Elisa ɖo eŋu be, “Gblɔ nɛ be ahaya gake Yehowa ɖee fiam be ele kuku ge godoo!” 11 Elisa lĩ ŋku ɖe Hazael dzi gãa va se ɖe esime Hazael tɔtɔ eye Elisa de asi avifafa me. 12 Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?”Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!” 13 Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!”Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.” 14 Esi Hazael trɔ le Elisa gbɔ va yi eƒe aƒetɔ gbɔ la gbɔ la, ebiae be, “Nya kae nyagblɔɖila la gblɔ na wò?” Hazael ɖo eŋu be, “Egblɔ nam be àhaya.” 15 Ke esi ŋu ke la, Hazael tsɔ kundru aɖe de tsi me eye wòtsɔe tsyɔ mo na fia Ben Hadad va se ɖe esime gbɔgbɔtsixe tsi eƒo eye wòku. Ale Hazael zu fia ɖe eteƒe. 16 Fia Yoram, Yuda fia Yehosafat ƒe vi dze eƒe fiaɖuɖu gɔme le Israel fia, Yehoram, Fia Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me. 17 Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. 18 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. 19 Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o. 20 Le Yoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. 21 Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe. 22 Ale Edom do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã ɣe ma ɣi tututu. 23 Woŋlɔ Fia Yoram ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 24 Eku eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me. Ke Ahazia si nye Via ŋutsuvi ɖu fia ɖe eteƒe. 25 Yoram ƒe vi, Ahazia zu fia yeye la le Israel fia Yehoram, Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me. 26 Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe ɖeka ko le Yerusalem. Dadae nye Atalia, Israel fia, Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. 27 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe ale si Fia Ahab ƒe dzidzimeviwo katã nɔ ene elabena edo ƒome kple Fia Ahab to srɔ̃ɖeɖe me. 28 Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me 29 eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu.Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.

In Other Versions

2 Kings 8 in the ANGEFD

2 Kings 8 in the ANTPNG2D

2 Kings 8 in the AS21

2 Kings 8 in the BAGH

2 Kings 8 in the BBPNG

2 Kings 8 in the BBT1E

2 Kings 8 in the BDS

2 Kings 8 in the BEV

2 Kings 8 in the BHAD

2 Kings 8 in the BIB

2 Kings 8 in the BLPT

2 Kings 8 in the BNT

2 Kings 8 in the BNTABOOT

2 Kings 8 in the BNTLV

2 Kings 8 in the BOATCB

2 Kings 8 in the BOATCB2

2 Kings 8 in the BOBCV

2 Kings 8 in the BOCNT

2 Kings 8 in the BOGWICC

2 Kings 8 in the BOHCB

2 Kings 8 in the BOHCV

2 Kings 8 in the BOHLNT

2 Kings 8 in the BOHNTLTAL

2 Kings 8 in the BOICB

2 Kings 8 in the BOILNTAP

2 Kings 8 in the BOITCV

2 Kings 8 in the BOKCV

2 Kings 8 in the BOKCV2

2 Kings 8 in the BOKHWOG

2 Kings 8 in the BOKSSV

2 Kings 8 in the BOLCB

2 Kings 8 in the BOLCB2

2 Kings 8 in the BOMCV

2 Kings 8 in the BONAV

2 Kings 8 in the BONCB

2 Kings 8 in the BONLT

2 Kings 8 in the BONUT2

2 Kings 8 in the BOPLNT

2 Kings 8 in the BOSCB

2 Kings 8 in the BOSNC

2 Kings 8 in the BOTLNT

2 Kings 8 in the BOVCB

2 Kings 8 in the BOYCB

2 Kings 8 in the BPBB

2 Kings 8 in the BPH

2 Kings 8 in the BSB

2 Kings 8 in the CCB

2 Kings 8 in the CUV

2 Kings 8 in the CUVS

2 Kings 8 in the DBT

2 Kings 8 in the DGDNT

2 Kings 8 in the DHNT

2 Kings 8 in the DNT

2 Kings 8 in the ELBE

2 Kings 8 in the EMTV

2 Kings 8 in the ESV

2 Kings 8 in the FBV

2 Kings 8 in the FEB

2 Kings 8 in the GGMNT

2 Kings 8 in the GNT

2 Kings 8 in the HARY

2 Kings 8 in the HNT

2 Kings 8 in the IRVA

2 Kings 8 in the IRVB

2 Kings 8 in the IRVG

2 Kings 8 in the IRVH

2 Kings 8 in the IRVK

2 Kings 8 in the IRVM

2 Kings 8 in the IRVM2

2 Kings 8 in the IRVO

2 Kings 8 in the IRVP

2 Kings 8 in the IRVT

2 Kings 8 in the IRVT2

2 Kings 8 in the IRVU

2 Kings 8 in the ISVN

2 Kings 8 in the JSNT

2 Kings 8 in the KAPI

2 Kings 8 in the KBT1ETNIK

2 Kings 8 in the KBV

2 Kings 8 in the KJV

2 Kings 8 in the KNFD

2 Kings 8 in the LBA

2 Kings 8 in the LBLA

2 Kings 8 in the LNT

2 Kings 8 in the LSV

2 Kings 8 in the MAAL

2 Kings 8 in the MBV

2 Kings 8 in the MBV2

2 Kings 8 in the MHNT

2 Kings 8 in the MKNFD

2 Kings 8 in the MNG

2 Kings 8 in the MNT

2 Kings 8 in the MNT2

2 Kings 8 in the MRS1T

2 Kings 8 in the NAA

2 Kings 8 in the NASB

2 Kings 8 in the NBLA

2 Kings 8 in the NBS

2 Kings 8 in the NBVTP

2 Kings 8 in the NET2

2 Kings 8 in the NIV11

2 Kings 8 in the NNT

2 Kings 8 in the NNT2

2 Kings 8 in the NNT3

2 Kings 8 in the PDDPT

2 Kings 8 in the PFNT

2 Kings 8 in the RMNT

2 Kings 8 in the SBIAS

2 Kings 8 in the SBIBS

2 Kings 8 in the SBIBS2

2 Kings 8 in the SBICS

2 Kings 8 in the SBIDS

2 Kings 8 in the SBIGS

2 Kings 8 in the SBIHS

2 Kings 8 in the SBIIS

2 Kings 8 in the SBIIS2

2 Kings 8 in the SBIIS3

2 Kings 8 in the SBIKS

2 Kings 8 in the SBIKS2

2 Kings 8 in the SBIMS

2 Kings 8 in the SBIOS

2 Kings 8 in the SBIPS

2 Kings 8 in the SBISS

2 Kings 8 in the SBITS

2 Kings 8 in the SBITS2

2 Kings 8 in the SBITS3

2 Kings 8 in the SBITS4

2 Kings 8 in the SBIUS

2 Kings 8 in the SBIVS

2 Kings 8 in the SBT

2 Kings 8 in the SBT1E

2 Kings 8 in the SCHL

2 Kings 8 in the SNT

2 Kings 8 in the SUSU

2 Kings 8 in the SUSU2

2 Kings 8 in the SYNO

2 Kings 8 in the TBIAOTANT

2 Kings 8 in the TBT1E

2 Kings 8 in the TBT1E2

2 Kings 8 in the TFTIP

2 Kings 8 in the TFTU

2 Kings 8 in the TGNTATF3T

2 Kings 8 in the THAI

2 Kings 8 in the TNFD

2 Kings 8 in the TNT

2 Kings 8 in the TNTIK

2 Kings 8 in the TNTIL

2 Kings 8 in the TNTIN

2 Kings 8 in the TNTIP

2 Kings 8 in the TNTIZ

2 Kings 8 in the TOMA

2 Kings 8 in the TTENT

2 Kings 8 in the UBG

2 Kings 8 in the UGV

2 Kings 8 in the UGV2

2 Kings 8 in the UGV3

2 Kings 8 in the VBL

2 Kings 8 in the VDCC

2 Kings 8 in the YALU

2 Kings 8 in the YAPE

2 Kings 8 in the YBVTP

2 Kings 8 in the ZBP