2 Peter 1 (BOECS)

1 Nye, Simɔn Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo, to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene la: 2 Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me, to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me. 3 Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehiãna na agbe kple mawusosroɖa, to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple dɔmenyonyo me. 4 To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu. 5 Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu, 6 ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu; 7 dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu. 8 Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o. 9 Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o, eye eƒe ŋkuwo gbã, eye wòŋlɔ be be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me. 10 Eya ta nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o, 11 eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me. 12 Togbɔ be mienya nu siawo, eye mieli ke ɖe nyateƒe si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣe sia ɣi. 13 Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi, 14 elabena menya be esusɔ vie maɖe agbadɔ sia ɖi abe ale si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔe nam kɔtɛe la ene. 15 Makpɔ egbɔ be meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui, be ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣe sia ɣi. 16 Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo. 17 Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.” 18 Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kplii le to kɔkɔe la dzi. 19 Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me. 20 Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. 21 Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.

In Other Versions

2 Peter 1 in the ANGEFD

2 Peter 1 in the ANTPNG2D

2 Peter 1 in the AS21

2 Peter 1 in the BAGH

2 Peter 1 in the BBPNG

2 Peter 1 in the BBT1E

2 Peter 1 in the BDS

2 Peter 1 in the BEV

2 Peter 1 in the BHAD

2 Peter 1 in the BIB

2 Peter 1 in the BLPT

2 Peter 1 in the BNT

2 Peter 1 in the BNTABOOT

2 Peter 1 in the BNTLV

2 Peter 1 in the BOATCB

2 Peter 1 in the BOATCB2

2 Peter 1 in the BOBCV

2 Peter 1 in the BOCNT

2 Peter 1 in the BOGWICC

2 Peter 1 in the BOHCB

2 Peter 1 in the BOHCV

2 Peter 1 in the BOHLNT

2 Peter 1 in the BOHNTLTAL

2 Peter 1 in the BOICB

2 Peter 1 in the BOILNTAP

2 Peter 1 in the BOITCV

2 Peter 1 in the BOKCV

2 Peter 1 in the BOKCV2

2 Peter 1 in the BOKHWOG

2 Peter 1 in the BOKSSV

2 Peter 1 in the BOLCB

2 Peter 1 in the BOLCB2

2 Peter 1 in the BOMCV

2 Peter 1 in the BONAV

2 Peter 1 in the BONCB

2 Peter 1 in the BONLT

2 Peter 1 in the BONUT2

2 Peter 1 in the BOPLNT

2 Peter 1 in the BOSCB

2 Peter 1 in the BOSNC

2 Peter 1 in the BOTLNT

2 Peter 1 in the BOVCB

2 Peter 1 in the BOYCB

2 Peter 1 in the BPBB

2 Peter 1 in the BPH

2 Peter 1 in the BSB

2 Peter 1 in the CCB

2 Peter 1 in the CUV

2 Peter 1 in the CUVS

2 Peter 1 in the DBT

2 Peter 1 in the DGDNT

2 Peter 1 in the DHNT

2 Peter 1 in the DNT

2 Peter 1 in the ELBE

2 Peter 1 in the EMTV

2 Peter 1 in the ESV

2 Peter 1 in the FBV

2 Peter 1 in the FEB

2 Peter 1 in the GGMNT

2 Peter 1 in the GNT

2 Peter 1 in the HARY

2 Peter 1 in the HNT

2 Peter 1 in the IRVA

2 Peter 1 in the IRVB

2 Peter 1 in the IRVG

2 Peter 1 in the IRVH

2 Peter 1 in the IRVK

2 Peter 1 in the IRVM

2 Peter 1 in the IRVM2

2 Peter 1 in the IRVO

2 Peter 1 in the IRVP

2 Peter 1 in the IRVT

2 Peter 1 in the IRVT2

2 Peter 1 in the IRVU

2 Peter 1 in the ISVN

2 Peter 1 in the JSNT

2 Peter 1 in the KAPI

2 Peter 1 in the KBT1ETNIK

2 Peter 1 in the KBV

2 Peter 1 in the KJV

2 Peter 1 in the KNFD

2 Peter 1 in the LBA

2 Peter 1 in the LBLA

2 Peter 1 in the LNT

2 Peter 1 in the LSV

2 Peter 1 in the MAAL

2 Peter 1 in the MBV

2 Peter 1 in the MBV2

2 Peter 1 in the MHNT

2 Peter 1 in the MKNFD

2 Peter 1 in the MNG

2 Peter 1 in the MNT

2 Peter 1 in the MNT2

2 Peter 1 in the MRS1T

2 Peter 1 in the NAA

2 Peter 1 in the NASB

2 Peter 1 in the NBLA

2 Peter 1 in the NBS

2 Peter 1 in the NBVTP

2 Peter 1 in the NET2

2 Peter 1 in the NIV11

2 Peter 1 in the NNT

2 Peter 1 in the NNT2

2 Peter 1 in the NNT3

2 Peter 1 in the PDDPT

2 Peter 1 in the PFNT

2 Peter 1 in the RMNT

2 Peter 1 in the SBIAS

2 Peter 1 in the SBIBS

2 Peter 1 in the SBIBS2

2 Peter 1 in the SBICS

2 Peter 1 in the SBIDS

2 Peter 1 in the SBIGS

2 Peter 1 in the SBIHS

2 Peter 1 in the SBIIS

2 Peter 1 in the SBIIS2

2 Peter 1 in the SBIIS3

2 Peter 1 in the SBIKS

2 Peter 1 in the SBIKS2

2 Peter 1 in the SBIMS

2 Peter 1 in the SBIOS

2 Peter 1 in the SBIPS

2 Peter 1 in the SBISS

2 Peter 1 in the SBITS

2 Peter 1 in the SBITS2

2 Peter 1 in the SBITS3

2 Peter 1 in the SBITS4

2 Peter 1 in the SBIUS

2 Peter 1 in the SBIVS

2 Peter 1 in the SBT

2 Peter 1 in the SBT1E

2 Peter 1 in the SCHL

2 Peter 1 in the SNT

2 Peter 1 in the SUSU

2 Peter 1 in the SUSU2

2 Peter 1 in the SYNO

2 Peter 1 in the TBIAOTANT

2 Peter 1 in the TBT1E

2 Peter 1 in the TBT1E2

2 Peter 1 in the TFTIP

2 Peter 1 in the TFTU

2 Peter 1 in the TGNTATF3T

2 Peter 1 in the THAI

2 Peter 1 in the TNFD

2 Peter 1 in the TNT

2 Peter 1 in the TNTIK

2 Peter 1 in the TNTIL

2 Peter 1 in the TNTIN

2 Peter 1 in the TNTIP

2 Peter 1 in the TNTIZ

2 Peter 1 in the TOMA

2 Peter 1 in the TTENT

2 Peter 1 in the UBG

2 Peter 1 in the UGV

2 Peter 1 in the UGV2

2 Peter 1 in the UGV3

2 Peter 1 in the VBL

2 Peter 1 in the VDCC

2 Peter 1 in the YALU

2 Peter 1 in the YAPE

2 Peter 1 in the YBVTP

2 Peter 1 in the ZBP