Daniel 10 (BOECS)

1 Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me. 2 Le ɣe ma ɣi me la, nye Daniel, mexa nu kɔsiɖa etɔ̃. 3 Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu. 4 Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, esi metsi tsitre ɖe tɔsisi gã, Tigris, to la, 5 mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume. 6 Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene. 7 Nye, Daniel koe nye ame si kpɔ ŋutega la; ame siwo nɔ gbɔnye la mekpɔe o, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wosi ɖaɣla wo ɖokuiwo. 8 Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye. 9 Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi. 10 Asi aɖe ka ŋunye eye wòna mede asi dzodzo me nyanyanya le nye asiwo kple klowo dzi. 11 Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko. 12 Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo. 13 Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma. 14 Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.” 15 Esi wònɔ esiawo gblɔm nam la, metsyɔ mo anyi eye nye nu ku. 16 Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. 17 Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.” 18 Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye. 19 Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.”Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.” 20 Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava, 21 gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael.

In Other Versions

Daniel 10 in the ANGEFD

Daniel 10 in the ANTPNG2D

Daniel 10 in the AS21

Daniel 10 in the BAGH

Daniel 10 in the BBPNG

Daniel 10 in the BBT1E

Daniel 10 in the BDS

Daniel 10 in the BEV

Daniel 10 in the BHAD

Daniel 10 in the BIB

Daniel 10 in the BLPT

Daniel 10 in the BNT

Daniel 10 in the BNTABOOT

Daniel 10 in the BNTLV

Daniel 10 in the BOATCB

Daniel 10 in the BOATCB2

Daniel 10 in the BOBCV

Daniel 10 in the BOCNT

Daniel 10 in the BOGWICC

Daniel 10 in the BOHCB

Daniel 10 in the BOHCV

Daniel 10 in the BOHLNT

Daniel 10 in the BOHNTLTAL

Daniel 10 in the BOICB

Daniel 10 in the BOILNTAP

Daniel 10 in the BOITCV

Daniel 10 in the BOKCV

Daniel 10 in the BOKCV2

Daniel 10 in the BOKHWOG

Daniel 10 in the BOKSSV

Daniel 10 in the BOLCB

Daniel 10 in the BOLCB2

Daniel 10 in the BOMCV

Daniel 10 in the BONAV

Daniel 10 in the BONCB

Daniel 10 in the BONLT

Daniel 10 in the BONUT2

Daniel 10 in the BOPLNT

Daniel 10 in the BOSCB

Daniel 10 in the BOSNC

Daniel 10 in the BOTLNT

Daniel 10 in the BOVCB

Daniel 10 in the BOYCB

Daniel 10 in the BPBB

Daniel 10 in the BPH

Daniel 10 in the BSB

Daniel 10 in the CCB

Daniel 10 in the CUV

Daniel 10 in the CUVS

Daniel 10 in the DBT

Daniel 10 in the DGDNT

Daniel 10 in the DHNT

Daniel 10 in the DNT

Daniel 10 in the ELBE

Daniel 10 in the EMTV

Daniel 10 in the ESV

Daniel 10 in the FBV

Daniel 10 in the FEB

Daniel 10 in the GGMNT

Daniel 10 in the GNT

Daniel 10 in the HARY

Daniel 10 in the HNT

Daniel 10 in the IRVA

Daniel 10 in the IRVB

Daniel 10 in the IRVG

Daniel 10 in the IRVH

Daniel 10 in the IRVK

Daniel 10 in the IRVM

Daniel 10 in the IRVM2

Daniel 10 in the IRVO

Daniel 10 in the IRVP

Daniel 10 in the IRVT

Daniel 10 in the IRVT2

Daniel 10 in the IRVU

Daniel 10 in the ISVN

Daniel 10 in the JSNT

Daniel 10 in the KAPI

Daniel 10 in the KBT1ETNIK

Daniel 10 in the KBV

Daniel 10 in the KJV

Daniel 10 in the KNFD

Daniel 10 in the LBA

Daniel 10 in the LBLA

Daniel 10 in the LNT

Daniel 10 in the LSV

Daniel 10 in the MAAL

Daniel 10 in the MBV

Daniel 10 in the MBV2

Daniel 10 in the MHNT

Daniel 10 in the MKNFD

Daniel 10 in the MNG

Daniel 10 in the MNT

Daniel 10 in the MNT2

Daniel 10 in the MRS1T

Daniel 10 in the NAA

Daniel 10 in the NASB

Daniel 10 in the NBLA

Daniel 10 in the NBS

Daniel 10 in the NBVTP

Daniel 10 in the NET2

Daniel 10 in the NIV11

Daniel 10 in the NNT

Daniel 10 in the NNT2

Daniel 10 in the NNT3

Daniel 10 in the PDDPT

Daniel 10 in the PFNT

Daniel 10 in the RMNT

Daniel 10 in the SBIAS

Daniel 10 in the SBIBS

Daniel 10 in the SBIBS2

Daniel 10 in the SBICS

Daniel 10 in the SBIDS

Daniel 10 in the SBIGS

Daniel 10 in the SBIHS

Daniel 10 in the SBIIS

Daniel 10 in the SBIIS2

Daniel 10 in the SBIIS3

Daniel 10 in the SBIKS

Daniel 10 in the SBIKS2

Daniel 10 in the SBIMS

Daniel 10 in the SBIOS

Daniel 10 in the SBIPS

Daniel 10 in the SBISS

Daniel 10 in the SBITS

Daniel 10 in the SBITS2

Daniel 10 in the SBITS3

Daniel 10 in the SBITS4

Daniel 10 in the SBIUS

Daniel 10 in the SBIVS

Daniel 10 in the SBT

Daniel 10 in the SBT1E

Daniel 10 in the SCHL

Daniel 10 in the SNT

Daniel 10 in the SUSU

Daniel 10 in the SUSU2

Daniel 10 in the SYNO

Daniel 10 in the TBIAOTANT

Daniel 10 in the TBT1E

Daniel 10 in the TBT1E2

Daniel 10 in the TFTIP

Daniel 10 in the TFTU

Daniel 10 in the TGNTATF3T

Daniel 10 in the THAI

Daniel 10 in the TNFD

Daniel 10 in the TNT

Daniel 10 in the TNTIK

Daniel 10 in the TNTIL

Daniel 10 in the TNTIN

Daniel 10 in the TNTIP

Daniel 10 in the TNTIZ

Daniel 10 in the TOMA

Daniel 10 in the TTENT

Daniel 10 in the UBG

Daniel 10 in the UGV

Daniel 10 in the UGV2

Daniel 10 in the UGV3

Daniel 10 in the VBL

Daniel 10 in the VDCC

Daniel 10 in the YALU

Daniel 10 in the YAPE

Daniel 10 in the YBVTP

Daniel 10 in the ZBP