Deuteronomy 14 (BOECS)
1 “Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o. 2 Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. 3 “Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o. 4 Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃, 5 zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi. 6 Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna. 7 Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo. 8 Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o. 9 “Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le. 10 Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o. 11 Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ 12 negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃, 13 doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe, 14 akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe, 15 golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe, 16 ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi, 17 aluge, akaga kple tsimese, 18 damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro. 19 “Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. 20 Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ. 21 “Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la.“Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” 22 “Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ. 23 Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me. 24 Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la, 25 ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la. 26 Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo. 27 “Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o. 28 “Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me. 29 Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”
In Other Versions
Deuteronomy 14 in the ANGEFD
Deuteronomy 14 in the ANTPNG2D
Deuteronomy 14 in the AS21
Deuteronomy 14 in the BAGH
Deuteronomy 14 in the BBPNG
Deuteronomy 14 in the BBT1E
Deuteronomy 14 in the BDS
Deuteronomy 14 in the BEV
Deuteronomy 14 in the BHAD
Deuteronomy 14 in the BIB
Deuteronomy 14 in the BLPT
Deuteronomy 14 in the BNT
Deuteronomy 14 in the BNTABOOT
Deuteronomy 14 in the BNTLV
Deuteronomy 14 in the BOATCB
Deuteronomy 14 in the BOATCB2
Deuteronomy 14 in the BOBCV
Deuteronomy 14 in the BOCNT
Deuteronomy 14 in the BOGWICC
Deuteronomy 14 in the BOHCB
Deuteronomy 14 in the BOHCV
Deuteronomy 14 in the BOHLNT
Deuteronomy 14 in the BOHNTLTAL
Deuteronomy 14 in the BOICB
Deuteronomy 14 in the BOILNTAP
Deuteronomy 14 in the BOITCV
Deuteronomy 14 in the BOKCV
Deuteronomy 14 in the BOKCV2
Deuteronomy 14 in the BOKHWOG
Deuteronomy 14 in the BOKSSV
Deuteronomy 14 in the BOLCB
Deuteronomy 14 in the BOLCB2
Deuteronomy 14 in the BOMCV
Deuteronomy 14 in the BONAV
Deuteronomy 14 in the BONCB
Deuteronomy 14 in the BONLT
Deuteronomy 14 in the BONUT2
Deuteronomy 14 in the BOPLNT
Deuteronomy 14 in the BOSCB
Deuteronomy 14 in the BOSNC
Deuteronomy 14 in the BOTLNT
Deuteronomy 14 in the BOVCB
Deuteronomy 14 in the BOYCB
Deuteronomy 14 in the BPBB
Deuteronomy 14 in the BPH
Deuteronomy 14 in the BSB
Deuteronomy 14 in the CCB
Deuteronomy 14 in the CUV
Deuteronomy 14 in the CUVS
Deuteronomy 14 in the DBT
Deuteronomy 14 in the DGDNT
Deuteronomy 14 in the DHNT
Deuteronomy 14 in the DNT
Deuteronomy 14 in the ELBE
Deuteronomy 14 in the EMTV
Deuteronomy 14 in the ESV
Deuteronomy 14 in the FBV
Deuteronomy 14 in the FEB
Deuteronomy 14 in the GGMNT
Deuteronomy 14 in the GNT
Deuteronomy 14 in the HARY
Deuteronomy 14 in the HNT
Deuteronomy 14 in the IRVA
Deuteronomy 14 in the IRVB
Deuteronomy 14 in the IRVG
Deuteronomy 14 in the IRVH
Deuteronomy 14 in the IRVK
Deuteronomy 14 in the IRVM
Deuteronomy 14 in the IRVM2
Deuteronomy 14 in the IRVO
Deuteronomy 14 in the IRVP
Deuteronomy 14 in the IRVT
Deuteronomy 14 in the IRVT2
Deuteronomy 14 in the IRVU
Deuteronomy 14 in the ISVN
Deuteronomy 14 in the JSNT
Deuteronomy 14 in the KAPI
Deuteronomy 14 in the KBT1ETNIK
Deuteronomy 14 in the KBV
Deuteronomy 14 in the KJV
Deuteronomy 14 in the KNFD
Deuteronomy 14 in the LBA
Deuteronomy 14 in the LBLA
Deuteronomy 14 in the LNT
Deuteronomy 14 in the LSV
Deuteronomy 14 in the MAAL
Deuteronomy 14 in the MBV
Deuteronomy 14 in the MBV2
Deuteronomy 14 in the MHNT
Deuteronomy 14 in the MKNFD
Deuteronomy 14 in the MNG
Deuteronomy 14 in the MNT
Deuteronomy 14 in the MNT2
Deuteronomy 14 in the MRS1T
Deuteronomy 14 in the NAA
Deuteronomy 14 in the NASB
Deuteronomy 14 in the NBLA
Deuteronomy 14 in the NBS
Deuteronomy 14 in the NBVTP
Deuteronomy 14 in the NET2
Deuteronomy 14 in the NIV11
Deuteronomy 14 in the NNT
Deuteronomy 14 in the NNT2
Deuteronomy 14 in the NNT3
Deuteronomy 14 in the PDDPT
Deuteronomy 14 in the PFNT
Deuteronomy 14 in the RMNT
Deuteronomy 14 in the SBIAS
Deuteronomy 14 in the SBIBS
Deuteronomy 14 in the SBIBS2
Deuteronomy 14 in the SBICS
Deuteronomy 14 in the SBIDS
Deuteronomy 14 in the SBIGS
Deuteronomy 14 in the SBIHS
Deuteronomy 14 in the SBIIS
Deuteronomy 14 in the SBIIS2
Deuteronomy 14 in the SBIIS3
Deuteronomy 14 in the SBIKS
Deuteronomy 14 in the SBIKS2
Deuteronomy 14 in the SBIMS
Deuteronomy 14 in the SBIOS
Deuteronomy 14 in the SBIPS
Deuteronomy 14 in the SBISS
Deuteronomy 14 in the SBITS
Deuteronomy 14 in the SBITS2
Deuteronomy 14 in the SBITS3
Deuteronomy 14 in the SBITS4
Deuteronomy 14 in the SBIUS
Deuteronomy 14 in the SBIVS
Deuteronomy 14 in the SBT
Deuteronomy 14 in the SBT1E
Deuteronomy 14 in the SCHL
Deuteronomy 14 in the SNT
Deuteronomy 14 in the SUSU
Deuteronomy 14 in the SUSU2
Deuteronomy 14 in the SYNO
Deuteronomy 14 in the TBIAOTANT
Deuteronomy 14 in the TBT1E
Deuteronomy 14 in the TBT1E2
Deuteronomy 14 in the TFTIP
Deuteronomy 14 in the TFTU
Deuteronomy 14 in the TGNTATF3T
Deuteronomy 14 in the THAI
Deuteronomy 14 in the TNFD
Deuteronomy 14 in the TNT
Deuteronomy 14 in the TNTIK
Deuteronomy 14 in the TNTIL
Deuteronomy 14 in the TNTIN
Deuteronomy 14 in the TNTIP
Deuteronomy 14 in the TNTIZ
Deuteronomy 14 in the TOMA
Deuteronomy 14 in the TTENT
Deuteronomy 14 in the UBG
Deuteronomy 14 in the UGV
Deuteronomy 14 in the UGV2
Deuteronomy 14 in the UGV3
Deuteronomy 14 in the VBL
Deuteronomy 14 in the VDCC
Deuteronomy 14 in the YALU
Deuteronomy 14 in the YAPE
Deuteronomy 14 in the YBVTP
Deuteronomy 14 in the ZBP