Deuteronomy 21 (BOECS)
1 “Ne mieva ɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye wofɔ ame aɖe si wowu da ɖe gbe me la ƒe kukua, eye ame aɖeke mekpɔ ame si wui o la, 2 ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome. 3 Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la, 4 ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe kɔ nyinɔe la le afi ma. 5 “Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la 6 nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi, 7 eye wòagblɔ be, ‘Menye míaƒe asiwoe kɔ ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe hã o. 8 O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’ 9 Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.” 10 “Ne èyi aʋa, eye Yehowa, wò Mawu la na nèɖu futɔwo dzi, 11 eye ne èkpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe le aʋaléleawo dome la, 12 kplɔe yi wò aƒe me. Ele be wòaƒlɔ ta, aɖe fe, 13 aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ wò aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee. 14 Ke ne èɖee vɔ hafi va kpɔ be meganyo na ye o la, ele be nàna ablɔɖee. Mègadzrae o, eye mègawɔe wò ŋutɔ wò kluvi hã o, elabena ède asi eŋu xoxo.” 15 “Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi nɛ, eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la, 16 mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o. 17 Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.” 18 “Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la, 19 ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ, 20 agblɔ be, ‘Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.’ 21 Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo. 22 “Ne ame aɖe wɔ nu si dze na ku, eye wode ka ve nɛ la, 23 mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.”
In Other Versions
Deuteronomy 21 in the ANGEFD
Deuteronomy 21 in the ANTPNG2D
Deuteronomy 21 in the AS21
Deuteronomy 21 in the BAGH
Deuteronomy 21 in the BBPNG
Deuteronomy 21 in the BBT1E
Deuteronomy 21 in the BDS
Deuteronomy 21 in the BEV
Deuteronomy 21 in the BHAD
Deuteronomy 21 in the BIB
Deuteronomy 21 in the BLPT
Deuteronomy 21 in the BNT
Deuteronomy 21 in the BNTABOOT
Deuteronomy 21 in the BNTLV
Deuteronomy 21 in the BOATCB
Deuteronomy 21 in the BOATCB2
Deuteronomy 21 in the BOBCV
Deuteronomy 21 in the BOCNT
Deuteronomy 21 in the BOGWICC
Deuteronomy 21 in the BOHCB
Deuteronomy 21 in the BOHCV
Deuteronomy 21 in the BOHLNT
Deuteronomy 21 in the BOHNTLTAL
Deuteronomy 21 in the BOICB
Deuteronomy 21 in the BOILNTAP
Deuteronomy 21 in the BOITCV
Deuteronomy 21 in the BOKCV
Deuteronomy 21 in the BOKCV2
Deuteronomy 21 in the BOKHWOG
Deuteronomy 21 in the BOKSSV
Deuteronomy 21 in the BOLCB
Deuteronomy 21 in the BOLCB2
Deuteronomy 21 in the BOMCV
Deuteronomy 21 in the BONAV
Deuteronomy 21 in the BONCB
Deuteronomy 21 in the BONLT
Deuteronomy 21 in the BONUT2
Deuteronomy 21 in the BOPLNT
Deuteronomy 21 in the BOSCB
Deuteronomy 21 in the BOSNC
Deuteronomy 21 in the BOTLNT
Deuteronomy 21 in the BOVCB
Deuteronomy 21 in the BOYCB
Deuteronomy 21 in the BPBB
Deuteronomy 21 in the BPH
Deuteronomy 21 in the BSB
Deuteronomy 21 in the CCB
Deuteronomy 21 in the CUV
Deuteronomy 21 in the CUVS
Deuteronomy 21 in the DBT
Deuteronomy 21 in the DGDNT
Deuteronomy 21 in the DHNT
Deuteronomy 21 in the DNT
Deuteronomy 21 in the ELBE
Deuteronomy 21 in the EMTV
Deuteronomy 21 in the ESV
Deuteronomy 21 in the FBV
Deuteronomy 21 in the FEB
Deuteronomy 21 in the GGMNT
Deuteronomy 21 in the GNT
Deuteronomy 21 in the HARY
Deuteronomy 21 in the HNT
Deuteronomy 21 in the IRVA
Deuteronomy 21 in the IRVB
Deuteronomy 21 in the IRVG
Deuteronomy 21 in the IRVH
Deuteronomy 21 in the IRVK
Deuteronomy 21 in the IRVM
Deuteronomy 21 in the IRVM2
Deuteronomy 21 in the IRVO
Deuteronomy 21 in the IRVP
Deuteronomy 21 in the IRVT
Deuteronomy 21 in the IRVT2
Deuteronomy 21 in the IRVU
Deuteronomy 21 in the ISVN
Deuteronomy 21 in the JSNT
Deuteronomy 21 in the KAPI
Deuteronomy 21 in the KBT1ETNIK
Deuteronomy 21 in the KBV
Deuteronomy 21 in the KJV
Deuteronomy 21 in the KNFD
Deuteronomy 21 in the LBA
Deuteronomy 21 in the LBLA
Deuteronomy 21 in the LNT
Deuteronomy 21 in the LSV
Deuteronomy 21 in the MAAL
Deuteronomy 21 in the MBV
Deuteronomy 21 in the MBV2
Deuteronomy 21 in the MHNT
Deuteronomy 21 in the MKNFD
Deuteronomy 21 in the MNG
Deuteronomy 21 in the MNT
Deuteronomy 21 in the MNT2
Deuteronomy 21 in the MRS1T
Deuteronomy 21 in the NAA
Deuteronomy 21 in the NASB
Deuteronomy 21 in the NBLA
Deuteronomy 21 in the NBS
Deuteronomy 21 in the NBVTP
Deuteronomy 21 in the NET2
Deuteronomy 21 in the NIV11
Deuteronomy 21 in the NNT
Deuteronomy 21 in the NNT2
Deuteronomy 21 in the NNT3
Deuteronomy 21 in the PDDPT
Deuteronomy 21 in the PFNT
Deuteronomy 21 in the RMNT
Deuteronomy 21 in the SBIAS
Deuteronomy 21 in the SBIBS
Deuteronomy 21 in the SBIBS2
Deuteronomy 21 in the SBICS
Deuteronomy 21 in the SBIDS
Deuteronomy 21 in the SBIGS
Deuteronomy 21 in the SBIHS
Deuteronomy 21 in the SBIIS
Deuteronomy 21 in the SBIIS2
Deuteronomy 21 in the SBIIS3
Deuteronomy 21 in the SBIKS
Deuteronomy 21 in the SBIKS2
Deuteronomy 21 in the SBIMS
Deuteronomy 21 in the SBIOS
Deuteronomy 21 in the SBIPS
Deuteronomy 21 in the SBISS
Deuteronomy 21 in the SBITS
Deuteronomy 21 in the SBITS2
Deuteronomy 21 in the SBITS3
Deuteronomy 21 in the SBITS4
Deuteronomy 21 in the SBIUS
Deuteronomy 21 in the SBIVS
Deuteronomy 21 in the SBT
Deuteronomy 21 in the SBT1E
Deuteronomy 21 in the SCHL
Deuteronomy 21 in the SNT
Deuteronomy 21 in the SUSU
Deuteronomy 21 in the SUSU2
Deuteronomy 21 in the SYNO
Deuteronomy 21 in the TBIAOTANT
Deuteronomy 21 in the TBT1E
Deuteronomy 21 in the TBT1E2
Deuteronomy 21 in the TFTIP
Deuteronomy 21 in the TFTU
Deuteronomy 21 in the TGNTATF3T
Deuteronomy 21 in the THAI
Deuteronomy 21 in the TNFD
Deuteronomy 21 in the TNT
Deuteronomy 21 in the TNTIK
Deuteronomy 21 in the TNTIL
Deuteronomy 21 in the TNTIN
Deuteronomy 21 in the TNTIP
Deuteronomy 21 in the TNTIZ
Deuteronomy 21 in the TOMA
Deuteronomy 21 in the TTENT
Deuteronomy 21 in the UBG
Deuteronomy 21 in the UGV
Deuteronomy 21 in the UGV2
Deuteronomy 21 in the UGV3
Deuteronomy 21 in the VBL
Deuteronomy 21 in the VDCC
Deuteronomy 21 in the YALU
Deuteronomy 21 in the YAPE
Deuteronomy 21 in the YBVTP
Deuteronomy 21 in the ZBP