Deuteronomy 6 (BOECS)
1 Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be matsɔ se siawo katã na mi, miawɔ ɖe wo dzi le anyigba si dzi yi ge miala fifia, eye mianɔ la dzi. 2 Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ, 3 eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene. 4 O! Israel, ɖo to: Yehowa míaƒe Mawu la, Yehowa ɖeka koe. 5 Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo. 6 Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. 7 Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me. 8 Tsi wo ɖe wò asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe wò ŋgonu, 9 eye nàŋlɔ wo ɖe ʋɔtrutiwo ŋu le wò aƒe me! 10 Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò, 11 du siwo mètso o, vudo siwo mèɖe o, waingble siwo mède o kple amiti siwo mèdo o, eye ne èɖu nu ɖi ƒo la, 12 ekema kpɔ nyuie be, màŋlɔ Yehowa si kplɔ wò tso Egiptenyigba dzi, tso kluvinyenye me la be o. 13 Ne èɖi ƒo la, mègaŋlɔ Yehowa, wò Mawu la vɔvɔ̃ kple esubɔsubɔ be o. Wɔ eya ko ƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me. 14 Mele be nàsubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wò la ƒe mawuwo o, 15 elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume. 16 Mele be nàte Yehowa wò Mawu la kpɔ abe ale si nètee kpɔ le Masa ene o. 17 Ele be nàwɔ eƒe sewo katã dzi. 18 Eya ko hafi nàwɔ nu si dze, eye wònyo le Yehowa ŋkume. Ne èwɔ ɖe eƒe sewo dzi la, nu sia nu adze edzi na wò, eye nàte ŋu ayi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋugbe Yehowa do na tɔgbuiwòwo. 19 Hekpe ɖe esia ŋu la, ànya ame siwo le anyigba la dzi ɖa abe ale si Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ene. 20 Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, “Nu ka see nye esi Yehowa miaƒe Mawu de na mi?” hã la, 21 ele be nàgblɔ nɛ be, “Míenye Farao ƒe kluviwo kpɔ le Egipte. Yehowa ɖe mí tso Egipte to eƒe ŋusẽ gã la 22 kple nukunu gãwo wɔwɔ kple fufiafia Egipte, Farao kple eƒe amewo katã me. Míekpɔ nu siawo katã kple míaƒe ŋkuwo. 23 Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí. 24 Ebia tso mía si be míawɔ se siawo katã dzi, eye míade bubu ye ŋu ale be yeate ŋu alé agbe ɖe te na mí abe ale si wòwɔ va se ɖe fifia ene, 25 elabena ɣe sia ɣi si míewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe seawo katã dzi la, nu sia nu dzea edzi na mí nyuie.”
In Other Versions
Deuteronomy 6 in the ANGEFD
Deuteronomy 6 in the ANTPNG2D
Deuteronomy 6 in the AS21
Deuteronomy 6 in the BAGH
Deuteronomy 6 in the BBPNG
Deuteronomy 6 in the BBT1E
Deuteronomy 6 in the BDS
Deuteronomy 6 in the BEV
Deuteronomy 6 in the BHAD
Deuteronomy 6 in the BIB
Deuteronomy 6 in the BLPT
Deuteronomy 6 in the BNT
Deuteronomy 6 in the BNTABOOT
Deuteronomy 6 in the BNTLV
Deuteronomy 6 in the BOATCB
Deuteronomy 6 in the BOATCB2
Deuteronomy 6 in the BOBCV
Deuteronomy 6 in the BOCNT
Deuteronomy 6 in the BOGWICC
Deuteronomy 6 in the BOHCB
Deuteronomy 6 in the BOHCV
Deuteronomy 6 in the BOHLNT
Deuteronomy 6 in the BOHNTLTAL
Deuteronomy 6 in the BOICB
Deuteronomy 6 in the BOILNTAP
Deuteronomy 6 in the BOITCV
Deuteronomy 6 in the BOKCV
Deuteronomy 6 in the BOKCV2
Deuteronomy 6 in the BOKHWOG
Deuteronomy 6 in the BOKSSV
Deuteronomy 6 in the BOLCB
Deuteronomy 6 in the BOLCB2
Deuteronomy 6 in the BOMCV
Deuteronomy 6 in the BONAV
Deuteronomy 6 in the BONCB
Deuteronomy 6 in the BONLT
Deuteronomy 6 in the BONUT2
Deuteronomy 6 in the BOPLNT
Deuteronomy 6 in the BOSCB
Deuteronomy 6 in the BOSNC
Deuteronomy 6 in the BOTLNT
Deuteronomy 6 in the BOVCB
Deuteronomy 6 in the BOYCB
Deuteronomy 6 in the BPBB
Deuteronomy 6 in the BPH
Deuteronomy 6 in the BSB
Deuteronomy 6 in the CCB
Deuteronomy 6 in the CUV
Deuteronomy 6 in the CUVS
Deuteronomy 6 in the DBT
Deuteronomy 6 in the DGDNT
Deuteronomy 6 in the DHNT
Deuteronomy 6 in the DNT
Deuteronomy 6 in the ELBE
Deuteronomy 6 in the EMTV
Deuteronomy 6 in the ESV
Deuteronomy 6 in the FBV
Deuteronomy 6 in the FEB
Deuteronomy 6 in the GGMNT
Deuteronomy 6 in the GNT
Deuteronomy 6 in the HARY
Deuteronomy 6 in the HNT
Deuteronomy 6 in the IRVA
Deuteronomy 6 in the IRVB
Deuteronomy 6 in the IRVG
Deuteronomy 6 in the IRVH
Deuteronomy 6 in the IRVK
Deuteronomy 6 in the IRVM
Deuteronomy 6 in the IRVM2
Deuteronomy 6 in the IRVO
Deuteronomy 6 in the IRVP
Deuteronomy 6 in the IRVT
Deuteronomy 6 in the IRVT2
Deuteronomy 6 in the IRVU
Deuteronomy 6 in the ISVN
Deuteronomy 6 in the JSNT
Deuteronomy 6 in the KAPI
Deuteronomy 6 in the KBT1ETNIK
Deuteronomy 6 in the KBV
Deuteronomy 6 in the KJV
Deuteronomy 6 in the KNFD
Deuteronomy 6 in the LBA
Deuteronomy 6 in the LBLA
Deuteronomy 6 in the LNT
Deuteronomy 6 in the LSV
Deuteronomy 6 in the MAAL
Deuteronomy 6 in the MBV
Deuteronomy 6 in the MBV2
Deuteronomy 6 in the MHNT
Deuteronomy 6 in the MKNFD
Deuteronomy 6 in the MNG
Deuteronomy 6 in the MNT
Deuteronomy 6 in the MNT2
Deuteronomy 6 in the MRS1T
Deuteronomy 6 in the NAA
Deuteronomy 6 in the NASB
Deuteronomy 6 in the NBLA
Deuteronomy 6 in the NBS
Deuteronomy 6 in the NBVTP
Deuteronomy 6 in the NET2
Deuteronomy 6 in the NIV11
Deuteronomy 6 in the NNT
Deuteronomy 6 in the NNT2
Deuteronomy 6 in the NNT3
Deuteronomy 6 in the PDDPT
Deuteronomy 6 in the PFNT
Deuteronomy 6 in the RMNT
Deuteronomy 6 in the SBIAS
Deuteronomy 6 in the SBIBS
Deuteronomy 6 in the SBIBS2
Deuteronomy 6 in the SBICS
Deuteronomy 6 in the SBIDS
Deuteronomy 6 in the SBIGS
Deuteronomy 6 in the SBIHS
Deuteronomy 6 in the SBIIS
Deuteronomy 6 in the SBIIS2
Deuteronomy 6 in the SBIIS3
Deuteronomy 6 in the SBIKS
Deuteronomy 6 in the SBIKS2
Deuteronomy 6 in the SBIMS
Deuteronomy 6 in the SBIOS
Deuteronomy 6 in the SBIPS
Deuteronomy 6 in the SBISS
Deuteronomy 6 in the SBITS
Deuteronomy 6 in the SBITS2
Deuteronomy 6 in the SBITS3
Deuteronomy 6 in the SBITS4
Deuteronomy 6 in the SBIUS
Deuteronomy 6 in the SBIVS
Deuteronomy 6 in the SBT
Deuteronomy 6 in the SBT1E
Deuteronomy 6 in the SCHL
Deuteronomy 6 in the SNT
Deuteronomy 6 in the SUSU
Deuteronomy 6 in the SUSU2
Deuteronomy 6 in the SYNO
Deuteronomy 6 in the TBIAOTANT
Deuteronomy 6 in the TBT1E
Deuteronomy 6 in the TBT1E2
Deuteronomy 6 in the TFTIP
Deuteronomy 6 in the TFTU
Deuteronomy 6 in the TGNTATF3T
Deuteronomy 6 in the THAI
Deuteronomy 6 in the TNFD
Deuteronomy 6 in the TNT
Deuteronomy 6 in the TNTIK
Deuteronomy 6 in the TNTIL
Deuteronomy 6 in the TNTIN
Deuteronomy 6 in the TNTIP
Deuteronomy 6 in the TNTIZ
Deuteronomy 6 in the TOMA
Deuteronomy 6 in the TTENT
Deuteronomy 6 in the UBG
Deuteronomy 6 in the UGV
Deuteronomy 6 in the UGV2
Deuteronomy 6 in the UGV3
Deuteronomy 6 in the VBL
Deuteronomy 6 in the VDCC
Deuteronomy 6 in the YALU
Deuteronomy 6 in the YAPE
Deuteronomy 6 in the YBVTP
Deuteronomy 6 in the ZBP