Deuteronomy 9 (BOECS)

1 “O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo. 2 Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome. 3 Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi. 4 “Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo. 5 Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe. 6 Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.” 7 Migaŋlɔ be o, ke boŋ miɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe na Yehowa, miaƒe Mawu la enuenu le gbedzi, tso gbe si gbe miedzo le Egipte va se ɖe fifia dzi. Miedze aglã ɖe eŋu le ɣeyiɣi siawo katã me. 8 Mieɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe nɛ le Horeb to la gbɔ dzi oa? Enɔ klalo be yeatsrɔ̃ mi. 9 Menɔ toa dzi ɣe ma ɣi, eye menɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi, si nye kpe siwo dzi wòŋlɔ seawo ɖo la xɔm. Menɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nyemeɖu naneke le ɣeyiɣi ma katã me o. Nyemeno tsi gɔ̃ hã o. 10 Yehowa tsɔ kpe kpakpa eve siwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam. Se siwo katã Yehowa de na mí le toa dzi to dzo me le miaƒe takpegbe la le wo dzi. 11 Le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe kpakpa eveawo, nubabla ƒe kpe kpakpawo nam. 12 Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae. 13 Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ. 14 Ɖe asi le ŋunye matsrɔ̃ wo, matutu woƒe ŋkɔwo ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò boŋ wò dzidzimeviwo woazu dukɔ si akpɔ ŋusẽ, eye wòalolo wu Israel.” 15 Metrɔ gbɔ tso to bibi la dzi le esime melé kpe eve siwo dzi Mawu ŋlɔ eƒe seawo ɖo la ɖe asi. 16 Le toa te la, mekpɔ nyivi si miewɔ le miaƒe nu vɔ̃ si miewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu me. Miegbugbɔ le Yehowa yome kaba ŋutɔ! 17 Esia ta metsɔ kpe eveawo do ɖe dzi, eye mexlã wo ɖe anyi sesĩe! Megbã wo le mia ŋkume! 18 Le esia megbe la, meganɔ Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene numaɖumaɖu, tsimanomano, elabena miewɔ nu si Yehowa lé fui wu nu sia nu, eye miena wòdo dɔmedzoe vevie ŋutɔ. 19 Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã. 20 Aron ɖo xaxa gã aɖe me, elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe eŋu ŋutɔ. Ke medo gbe ɖa, eye Yehowa kpɔ nublanui nɛ. 21 Metsɔ miaƒe nu vɔ̃ si nye nyivi si miewɔ la, medee dzo me, tui memie wòzu ʋuʋudedi, eye metsɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu si dzɔ tso toa dzi la me. 22 Miegado dɔmedzoe na Yehowa le Tabera, emegbe le Masa, eyome le Kibrot Hatava. 23 Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe. 24 Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi, 25 eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene mawo me esime Yehowa di be yeatsrɔ̃ mi. 26 “Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ. 27 Ɖo ŋku wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Yakob dzi. Mègaɖo ŋku ame siawo ƒe kɔlialia kple woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo dzi o. 28 Ne menye nenema o la, dukɔ si me nèkplɔ mí do go tso la agblɔ be, ‘Esi Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi o, eye esi wòlé fu wo ta la, ekplɔ wo do goe be yeawu wo le gbedzi.’ 29 Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.”

In Other Versions

Deuteronomy 9 in the ANGEFD

Deuteronomy 9 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 9 in the AS21

Deuteronomy 9 in the BAGH

Deuteronomy 9 in the BBPNG

Deuteronomy 9 in the BBT1E

Deuteronomy 9 in the BDS

Deuteronomy 9 in the BEV

Deuteronomy 9 in the BHAD

Deuteronomy 9 in the BIB

Deuteronomy 9 in the BLPT

Deuteronomy 9 in the BNT

Deuteronomy 9 in the BNTABOOT

Deuteronomy 9 in the BNTLV

Deuteronomy 9 in the BOATCB

Deuteronomy 9 in the BOATCB2

Deuteronomy 9 in the BOBCV

Deuteronomy 9 in the BOCNT

Deuteronomy 9 in the BOGWICC

Deuteronomy 9 in the BOHCB

Deuteronomy 9 in the BOHCV

Deuteronomy 9 in the BOHLNT

Deuteronomy 9 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 9 in the BOICB

Deuteronomy 9 in the BOILNTAP

Deuteronomy 9 in the BOITCV

Deuteronomy 9 in the BOKCV

Deuteronomy 9 in the BOKCV2

Deuteronomy 9 in the BOKHWOG

Deuteronomy 9 in the BOKSSV

Deuteronomy 9 in the BOLCB

Deuteronomy 9 in the BOLCB2

Deuteronomy 9 in the BOMCV

Deuteronomy 9 in the BONAV

Deuteronomy 9 in the BONCB

Deuteronomy 9 in the BONLT

Deuteronomy 9 in the BONUT2

Deuteronomy 9 in the BOPLNT

Deuteronomy 9 in the BOSCB

Deuteronomy 9 in the BOSNC

Deuteronomy 9 in the BOTLNT

Deuteronomy 9 in the BOVCB

Deuteronomy 9 in the BOYCB

Deuteronomy 9 in the BPBB

Deuteronomy 9 in the BPH

Deuteronomy 9 in the BSB

Deuteronomy 9 in the CCB

Deuteronomy 9 in the CUV

Deuteronomy 9 in the CUVS

Deuteronomy 9 in the DBT

Deuteronomy 9 in the DGDNT

Deuteronomy 9 in the DHNT

Deuteronomy 9 in the DNT

Deuteronomy 9 in the ELBE

Deuteronomy 9 in the EMTV

Deuteronomy 9 in the ESV

Deuteronomy 9 in the FBV

Deuteronomy 9 in the FEB

Deuteronomy 9 in the GGMNT

Deuteronomy 9 in the GNT

Deuteronomy 9 in the HARY

Deuteronomy 9 in the HNT

Deuteronomy 9 in the IRVA

Deuteronomy 9 in the IRVB

Deuteronomy 9 in the IRVG

Deuteronomy 9 in the IRVH

Deuteronomy 9 in the IRVK

Deuteronomy 9 in the IRVM

Deuteronomy 9 in the IRVM2

Deuteronomy 9 in the IRVO

Deuteronomy 9 in the IRVP

Deuteronomy 9 in the IRVT

Deuteronomy 9 in the IRVT2

Deuteronomy 9 in the IRVU

Deuteronomy 9 in the ISVN

Deuteronomy 9 in the JSNT

Deuteronomy 9 in the KAPI

Deuteronomy 9 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 9 in the KBV

Deuteronomy 9 in the KJV

Deuteronomy 9 in the KNFD

Deuteronomy 9 in the LBA

Deuteronomy 9 in the LBLA

Deuteronomy 9 in the LNT

Deuteronomy 9 in the LSV

Deuteronomy 9 in the MAAL

Deuteronomy 9 in the MBV

Deuteronomy 9 in the MBV2

Deuteronomy 9 in the MHNT

Deuteronomy 9 in the MKNFD

Deuteronomy 9 in the MNG

Deuteronomy 9 in the MNT

Deuteronomy 9 in the MNT2

Deuteronomy 9 in the MRS1T

Deuteronomy 9 in the NAA

Deuteronomy 9 in the NASB

Deuteronomy 9 in the NBLA

Deuteronomy 9 in the NBS

Deuteronomy 9 in the NBVTP

Deuteronomy 9 in the NET2

Deuteronomy 9 in the NIV11

Deuteronomy 9 in the NNT

Deuteronomy 9 in the NNT2

Deuteronomy 9 in the NNT3

Deuteronomy 9 in the PDDPT

Deuteronomy 9 in the PFNT

Deuteronomy 9 in the RMNT

Deuteronomy 9 in the SBIAS

Deuteronomy 9 in the SBIBS

Deuteronomy 9 in the SBIBS2

Deuteronomy 9 in the SBICS

Deuteronomy 9 in the SBIDS

Deuteronomy 9 in the SBIGS

Deuteronomy 9 in the SBIHS

Deuteronomy 9 in the SBIIS

Deuteronomy 9 in the SBIIS2

Deuteronomy 9 in the SBIIS3

Deuteronomy 9 in the SBIKS

Deuteronomy 9 in the SBIKS2

Deuteronomy 9 in the SBIMS

Deuteronomy 9 in the SBIOS

Deuteronomy 9 in the SBIPS

Deuteronomy 9 in the SBISS

Deuteronomy 9 in the SBITS

Deuteronomy 9 in the SBITS2

Deuteronomy 9 in the SBITS3

Deuteronomy 9 in the SBITS4

Deuteronomy 9 in the SBIUS

Deuteronomy 9 in the SBIVS

Deuteronomy 9 in the SBT

Deuteronomy 9 in the SBT1E

Deuteronomy 9 in the SCHL

Deuteronomy 9 in the SNT

Deuteronomy 9 in the SUSU

Deuteronomy 9 in the SUSU2

Deuteronomy 9 in the SYNO

Deuteronomy 9 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 9 in the TBT1E

Deuteronomy 9 in the TBT1E2

Deuteronomy 9 in the TFTIP

Deuteronomy 9 in the TFTU

Deuteronomy 9 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 9 in the THAI

Deuteronomy 9 in the TNFD

Deuteronomy 9 in the TNT

Deuteronomy 9 in the TNTIK

Deuteronomy 9 in the TNTIL

Deuteronomy 9 in the TNTIN

Deuteronomy 9 in the TNTIP

Deuteronomy 9 in the TNTIZ

Deuteronomy 9 in the TOMA

Deuteronomy 9 in the TTENT

Deuteronomy 9 in the UBG

Deuteronomy 9 in the UGV

Deuteronomy 9 in the UGV2

Deuteronomy 9 in the UGV3

Deuteronomy 9 in the VBL

Deuteronomy 9 in the VDCC

Deuteronomy 9 in the YALU

Deuteronomy 9 in the YAPE

Deuteronomy 9 in the YBVTP

Deuteronomy 9 in the ZBP