Ecclesiastes 2 (BOECS)

1 Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko 2 elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme? 3 Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la. 4 Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo, 5 mewɔ abɔwo kple yaxɔƒewo, medo atiwo kple kutsetseti ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo me. 6 Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me. 7 Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si. 8 Mena fiawo kple dutatɔwo dzɔ klosalo kple sika nam. Meɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe hadzihawo, kpẽkuhawo kple ʋuƒohawo da ɖi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nye ahiãviwo dze tugbe, eye wosɔ gbɔ fũu. 9 Ale mexɔ ŋkɔ wu Fia bubu ɖe sia ɖe si nɔ Yerusalem kpɔ. Gawu la, meke ŋku ɖi be mate ŋu ade dzesi nu siawo katã ƒe asixɔxɔ. 10 Mewɔ nu sia nu si dze ŋunye eye nyemehe ɖokuinye ɖa tsodzidzɔkpɔkpɔ aɖeke ƒomevi gbɔ o.Dɔ sesẽ wɔwɔ gɔ̃ hã do dzidzɔ nam.Le nyateƒe me la,dzidzɔkpɔkpɔ sia koe nye nyeagbagbadzedzewo katã ƒe fetu. 11 Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la,medze sii be wo katã nye toflokokple yamenu ko, eye viɖe aɖeke melenaneke ŋu le afi aɖeke o. 12 Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya,tsukuku kple bometsitsi ŋu,elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ?Nu si tututu wowɔ va yi la koe! 13 Mekpɔe be viɖe le nunya ŋu wu bometsitsiabe ale si kekeli nyo wu viviti ene. 14 Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me.Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔnaɖe nunyala kple bometsila siaa dzi. 15 Eya ta megblɔ le nye dzi me beale si bometsila aku la,nenema tututue nye hã makue,eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam?Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe; 16 elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku geeye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋle ŋkeke siwo gbɔna la me. 17 Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko. 18 Nu si gate ɖe dzinyee nye magblẽ nye dagbadagbawo katã ƒe metsonu ɖi na ame bubuwo. 19 Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko! 20 Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu, 21 elabena ame aɖe li si tsɔ nunya kple gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe, ke ele nɛ be wòagblẽ nu siwo wòkpɔ tso dɔwɔwɔ me la ɖi na ame aɖe si mewɔ naneke kura tso dɔ la ŋu o la, woazu etɔ. Esia hã anye tofloko kple nu vɔ̃ɖi aɖe 22 elabena nu ka ame kpɔna tso eƒe dagbadagba kple eƒe dzi ƒe agbagbadzedze le dɔ siwo katã wòwɔna le ɣea te ŋu la me? 23 Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko. 24 Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona, 25 elabena ame kae ate ŋu ato Mawu megbe aɖu nu alo aɖu agbe? 26 Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu.

In Other Versions

Ecclesiastes 2 in the ANGEFD

Ecclesiastes 2 in the ANTPNG2D

Ecclesiastes 2 in the AS21

Ecclesiastes 2 in the BAGH

Ecclesiastes 2 in the BBPNG

Ecclesiastes 2 in the BBT1E

Ecclesiastes 2 in the BDS

Ecclesiastes 2 in the BEV

Ecclesiastes 2 in the BHAD

Ecclesiastes 2 in the BIB

Ecclesiastes 2 in the BLPT

Ecclesiastes 2 in the BNT

Ecclesiastes 2 in the BNTABOOT

Ecclesiastes 2 in the BNTLV

Ecclesiastes 2 in the BOATCB

Ecclesiastes 2 in the BOATCB2

Ecclesiastes 2 in the BOBCV

Ecclesiastes 2 in the BOCNT

Ecclesiastes 2 in the BOGWICC

Ecclesiastes 2 in the BOHCB

Ecclesiastes 2 in the BOHCV

Ecclesiastes 2 in the BOHLNT

Ecclesiastes 2 in the BOHNTLTAL

Ecclesiastes 2 in the BOICB

Ecclesiastes 2 in the BOILNTAP

Ecclesiastes 2 in the BOITCV

Ecclesiastes 2 in the BOKCV

Ecclesiastes 2 in the BOKCV2

Ecclesiastes 2 in the BOKHWOG

Ecclesiastes 2 in the BOKSSV

Ecclesiastes 2 in the BOLCB

Ecclesiastes 2 in the BOLCB2

Ecclesiastes 2 in the BOMCV

Ecclesiastes 2 in the BONAV

Ecclesiastes 2 in the BONCB

Ecclesiastes 2 in the BONLT

Ecclesiastes 2 in the BONUT2

Ecclesiastes 2 in the BOPLNT

Ecclesiastes 2 in the BOSCB

Ecclesiastes 2 in the BOSNC

Ecclesiastes 2 in the BOTLNT

Ecclesiastes 2 in the BOVCB

Ecclesiastes 2 in the BOYCB

Ecclesiastes 2 in the BPBB

Ecclesiastes 2 in the BPH

Ecclesiastes 2 in the BSB

Ecclesiastes 2 in the CCB

Ecclesiastes 2 in the CUV

Ecclesiastes 2 in the CUVS

Ecclesiastes 2 in the DBT

Ecclesiastes 2 in the DGDNT

Ecclesiastes 2 in the DHNT

Ecclesiastes 2 in the DNT

Ecclesiastes 2 in the ELBE

Ecclesiastes 2 in the EMTV

Ecclesiastes 2 in the ESV

Ecclesiastes 2 in the FBV

Ecclesiastes 2 in the FEB

Ecclesiastes 2 in the GGMNT

Ecclesiastes 2 in the GNT

Ecclesiastes 2 in the HARY

Ecclesiastes 2 in the HNT

Ecclesiastes 2 in the IRVA

Ecclesiastes 2 in the IRVB

Ecclesiastes 2 in the IRVG

Ecclesiastes 2 in the IRVH

Ecclesiastes 2 in the IRVK

Ecclesiastes 2 in the IRVM

Ecclesiastes 2 in the IRVM2

Ecclesiastes 2 in the IRVO

Ecclesiastes 2 in the IRVP

Ecclesiastes 2 in the IRVT

Ecclesiastes 2 in the IRVT2

Ecclesiastes 2 in the IRVU

Ecclesiastes 2 in the ISVN

Ecclesiastes 2 in the JSNT

Ecclesiastes 2 in the KAPI

Ecclesiastes 2 in the KBT1ETNIK

Ecclesiastes 2 in the KBV

Ecclesiastes 2 in the KJV

Ecclesiastes 2 in the KNFD

Ecclesiastes 2 in the LBA

Ecclesiastes 2 in the LBLA

Ecclesiastes 2 in the LNT

Ecclesiastes 2 in the LSV

Ecclesiastes 2 in the MAAL

Ecclesiastes 2 in the MBV

Ecclesiastes 2 in the MBV2

Ecclesiastes 2 in the MHNT

Ecclesiastes 2 in the MKNFD

Ecclesiastes 2 in the MNG

Ecclesiastes 2 in the MNT

Ecclesiastes 2 in the MNT2

Ecclesiastes 2 in the MRS1T

Ecclesiastes 2 in the NAA

Ecclesiastes 2 in the NASB

Ecclesiastes 2 in the NBLA

Ecclesiastes 2 in the NBS

Ecclesiastes 2 in the NBVTP

Ecclesiastes 2 in the NET2

Ecclesiastes 2 in the NIV11

Ecclesiastes 2 in the NNT

Ecclesiastes 2 in the NNT2

Ecclesiastes 2 in the NNT3

Ecclesiastes 2 in the PDDPT

Ecclesiastes 2 in the PFNT

Ecclesiastes 2 in the RMNT

Ecclesiastes 2 in the SBIAS

Ecclesiastes 2 in the SBIBS

Ecclesiastes 2 in the SBIBS2

Ecclesiastes 2 in the SBICS

Ecclesiastes 2 in the SBIDS

Ecclesiastes 2 in the SBIGS

Ecclesiastes 2 in the SBIHS

Ecclesiastes 2 in the SBIIS

Ecclesiastes 2 in the SBIIS2

Ecclesiastes 2 in the SBIIS3

Ecclesiastes 2 in the SBIKS

Ecclesiastes 2 in the SBIKS2

Ecclesiastes 2 in the SBIMS

Ecclesiastes 2 in the SBIOS

Ecclesiastes 2 in the SBIPS

Ecclesiastes 2 in the SBISS

Ecclesiastes 2 in the SBITS

Ecclesiastes 2 in the SBITS2

Ecclesiastes 2 in the SBITS3

Ecclesiastes 2 in the SBITS4

Ecclesiastes 2 in the SBIUS

Ecclesiastes 2 in the SBIVS

Ecclesiastes 2 in the SBT

Ecclesiastes 2 in the SBT1E

Ecclesiastes 2 in the SCHL

Ecclesiastes 2 in the SNT

Ecclesiastes 2 in the SUSU

Ecclesiastes 2 in the SUSU2

Ecclesiastes 2 in the SYNO

Ecclesiastes 2 in the TBIAOTANT

Ecclesiastes 2 in the TBT1E

Ecclesiastes 2 in the TBT1E2

Ecclesiastes 2 in the TFTIP

Ecclesiastes 2 in the TFTU

Ecclesiastes 2 in the TGNTATF3T

Ecclesiastes 2 in the THAI

Ecclesiastes 2 in the TNFD

Ecclesiastes 2 in the TNT

Ecclesiastes 2 in the TNTIK

Ecclesiastes 2 in the TNTIL

Ecclesiastes 2 in the TNTIN

Ecclesiastes 2 in the TNTIP

Ecclesiastes 2 in the TNTIZ

Ecclesiastes 2 in the TOMA

Ecclesiastes 2 in the TTENT

Ecclesiastes 2 in the UBG

Ecclesiastes 2 in the UGV

Ecclesiastes 2 in the UGV2

Ecclesiastes 2 in the UGV3

Ecclesiastes 2 in the VBL

Ecclesiastes 2 in the VDCC

Ecclesiastes 2 in the YALU

Ecclesiastes 2 in the YAPE

Ecclesiastes 2 in the YBVTP

Ecclesiastes 2 in the ZBP