Ephesians 2 (BOECS)
1 Miawo la, miezu ame kukuwo ɖe miaƒe vodadawo kple nu vɔ̃ 2 siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta. 3 Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene. 4 Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la 5 na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie. 6 Eye Mawu fɔ mi ɖe tsitre kple Kristo, eye wòna míenɔ anyi kplii le dziƒonutowo me le Kristo Yesu me, 7 be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me. 8 Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, 9 menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o. 10 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la. 11 Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be “aʋatsotsotɔwo” (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be “aʋamatsomatsotɔwo” la, 12 miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o. 13 Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me. 14 Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa. 15 To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome, 16 eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la. 17 Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la. 18 To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi. 19 Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, 20 siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la. 21 Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la. 22 Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.
In Other Versions
Ephesians 2 in the ANGEFD
Ephesians 2 in the ANTPNG2D
Ephesians 2 in the AS21
Ephesians 2 in the BAGH
Ephesians 2 in the BBPNG
Ephesians 2 in the BBT1E
Ephesians 2 in the BDS
Ephesians 2 in the BEV
Ephesians 2 in the BHAD
Ephesians 2 in the BIB
Ephesians 2 in the BLPT
Ephesians 2 in the BNT
Ephesians 2 in the BNTABOOT
Ephesians 2 in the BNTLV
Ephesians 2 in the BOATCB
Ephesians 2 in the BOATCB2
Ephesians 2 in the BOBCV
Ephesians 2 in the BOCNT
Ephesians 2 in the BOGWICC
Ephesians 2 in the BOHCB
Ephesians 2 in the BOHCV
Ephesians 2 in the BOHLNT
Ephesians 2 in the BOHNTLTAL
Ephesians 2 in the BOICB
Ephesians 2 in the BOILNTAP
Ephesians 2 in the BOITCV
Ephesians 2 in the BOKCV
Ephesians 2 in the BOKCV2
Ephesians 2 in the BOKHWOG
Ephesians 2 in the BOKSSV
Ephesians 2 in the BOLCB
Ephesians 2 in the BOLCB2
Ephesians 2 in the BOMCV
Ephesians 2 in the BONAV
Ephesians 2 in the BONCB
Ephesians 2 in the BONLT
Ephesians 2 in the BONUT2
Ephesians 2 in the BOPLNT
Ephesians 2 in the BOSCB
Ephesians 2 in the BOSNC
Ephesians 2 in the BOTLNT
Ephesians 2 in the BOVCB
Ephesians 2 in the BOYCB
Ephesians 2 in the BPBB
Ephesians 2 in the BPH
Ephesians 2 in the BSB
Ephesians 2 in the CCB
Ephesians 2 in the CUV
Ephesians 2 in the CUVS
Ephesians 2 in the DBT
Ephesians 2 in the DGDNT
Ephesians 2 in the DHNT
Ephesians 2 in the DNT
Ephesians 2 in the ELBE
Ephesians 2 in the EMTV
Ephesians 2 in the ESV
Ephesians 2 in the FBV
Ephesians 2 in the FEB
Ephesians 2 in the GGMNT
Ephesians 2 in the GNT
Ephesians 2 in the HARY
Ephesians 2 in the HNT
Ephesians 2 in the IRVA
Ephesians 2 in the IRVB
Ephesians 2 in the IRVG
Ephesians 2 in the IRVH
Ephesians 2 in the IRVK
Ephesians 2 in the IRVM
Ephesians 2 in the IRVM2
Ephesians 2 in the IRVO
Ephesians 2 in the IRVP
Ephesians 2 in the IRVT
Ephesians 2 in the IRVT2
Ephesians 2 in the IRVU
Ephesians 2 in the ISVN
Ephesians 2 in the JSNT
Ephesians 2 in the KAPI
Ephesians 2 in the KBT1ETNIK
Ephesians 2 in the KBV
Ephesians 2 in the KJV
Ephesians 2 in the KNFD
Ephesians 2 in the LBA
Ephesians 2 in the LBLA
Ephesians 2 in the LNT
Ephesians 2 in the LSV
Ephesians 2 in the MAAL
Ephesians 2 in the MBV
Ephesians 2 in the MBV2
Ephesians 2 in the MHNT
Ephesians 2 in the MKNFD
Ephesians 2 in the MNG
Ephesians 2 in the MNT
Ephesians 2 in the MNT2
Ephesians 2 in the MRS1T
Ephesians 2 in the NAA
Ephesians 2 in the NASB
Ephesians 2 in the NBLA
Ephesians 2 in the NBS
Ephesians 2 in the NBVTP
Ephesians 2 in the NET2
Ephesians 2 in the NIV11
Ephesians 2 in the NNT
Ephesians 2 in the NNT2
Ephesians 2 in the NNT3
Ephesians 2 in the PDDPT
Ephesians 2 in the PFNT
Ephesians 2 in the RMNT
Ephesians 2 in the SBIAS
Ephesians 2 in the SBIBS
Ephesians 2 in the SBIBS2
Ephesians 2 in the SBICS
Ephesians 2 in the SBIDS
Ephesians 2 in the SBIGS
Ephesians 2 in the SBIHS
Ephesians 2 in the SBIIS
Ephesians 2 in the SBIIS2
Ephesians 2 in the SBIIS3
Ephesians 2 in the SBIKS
Ephesians 2 in the SBIKS2
Ephesians 2 in the SBIMS
Ephesians 2 in the SBIOS
Ephesians 2 in the SBIPS
Ephesians 2 in the SBISS
Ephesians 2 in the SBITS
Ephesians 2 in the SBITS2
Ephesians 2 in the SBITS3
Ephesians 2 in the SBITS4
Ephesians 2 in the SBIUS
Ephesians 2 in the SBIVS
Ephesians 2 in the SBT
Ephesians 2 in the SBT1E
Ephesians 2 in the SCHL
Ephesians 2 in the SNT
Ephesians 2 in the SUSU
Ephesians 2 in the SUSU2
Ephesians 2 in the SYNO
Ephesians 2 in the TBIAOTANT
Ephesians 2 in the TBT1E
Ephesians 2 in the TBT1E2
Ephesians 2 in the TFTIP
Ephesians 2 in the TFTU
Ephesians 2 in the TGNTATF3T
Ephesians 2 in the THAI
Ephesians 2 in the TNFD
Ephesians 2 in the TNT
Ephesians 2 in the TNTIK
Ephesians 2 in the TNTIL
Ephesians 2 in the TNTIN
Ephesians 2 in the TNTIP
Ephesians 2 in the TNTIZ
Ephesians 2 in the TOMA
Ephesians 2 in the TTENT
Ephesians 2 in the UBG
Ephesians 2 in the UGV
Ephesians 2 in the UGV2
Ephesians 2 in the UGV3
Ephesians 2 in the VBL
Ephesians 2 in the VDCC
Ephesians 2 in the YALU
Ephesians 2 in the YAPE
Ephesians 2 in the YBVTP
Ephesians 2 in the ZBP