Esther 8 (BOECS)

1 Gbe ma gbe ke la, Fia Ahasuerus tsɔ Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe nunɔamesiwo katã na Fianyɔnu Ester. Woyɔ Mordekai va fia la ŋkume, elabena Ester gblɔ ale si eya kple Mordekai wodo ƒomee la nɛ. 2 Fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ si wògbugbɔ xɔ le Haman si la, eye wòtsɔe na Mordekai. Fianyɔnu Ester tsɔe ɖo Haman ƒe kesinɔnuwo katã nu. 3 Ester gava fia la ŋkume, dze klo ɖe eƒe afɔ nu, eye wòɖe kuku nɛ kple avi be wòatsi nugbe si Haman, Agagitɔ la ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la nu. 4 Fia la galé sikafiatikplɔ la do ɖe Ester gbɔ, ale Ester tsi tsitre ɖe fia la ŋkume. 5 Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me, 6 elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.” 7 Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ. 8 Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.” 9 Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me. 10 Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia la ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla, vevietɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. 11 Fia la ƒe sedede ɖe mɔ na Yudatɔwo le du ɖe sia ɖe me be wokpɔ mɔ aƒo ƒu, eye woaʋli wo ɖokuiwo ta. Wokpɔ mɔ hã be woagblẽ nu, awu alo atsrɔ̃ asrafoha ɖe sia ɖe tso dukɔ alo to ɖe sia ɖe me, esiwo ke aho aʋa ɖe woawo ŋutɔ kple wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu, eye woaha woƒe futɔwo ƒe nunɔamesiwo. 12 Ŋkeke si woɖo hena Yudatɔwo ƒe nu sia wɔwɔ le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe blibo la mee nye ɣleti wuievelia, Ada, ƒe ŋkeke wuietɔ̃a gbe. 13 Wona be woawɔ fia la ƒe gbedeasi wòazu se le nuto ɖe sia ɖe me, eye woakakae na gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe ale be Yudatɔwo anɔ klalo le ŋkeke ma dzi ne woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo. 14 Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me. 15 Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom. 16 Le Yudatɔwo gome ya la, enye dzidzɔ, aseyetsotso, aglotutu kple bubu ƒe ɣeyiɣi na wo. 17 Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.

In Other Versions

Esther 8 in the ANGEFD

Esther 8 in the ANTPNG2D

Esther 8 in the AS21

Esther 8 in the BAGH

Esther 8 in the BBPNG

Esther 8 in the BBT1E

Esther 8 in the BDS

Esther 8 in the BEV

Esther 8 in the BHAD

Esther 8 in the BIB

Esther 8 in the BLPT

Esther 8 in the BNT

Esther 8 in the BNTABOOT

Esther 8 in the BNTLV

Esther 8 in the BOATCB

Esther 8 in the BOATCB2

Esther 8 in the BOBCV

Esther 8 in the BOCNT

Esther 8 in the BOGWICC

Esther 8 in the BOHCB

Esther 8 in the BOHCV

Esther 8 in the BOHLNT

Esther 8 in the BOHNTLTAL

Esther 8 in the BOICB

Esther 8 in the BOILNTAP

Esther 8 in the BOITCV

Esther 8 in the BOKCV

Esther 8 in the BOKCV2

Esther 8 in the BOKHWOG

Esther 8 in the BOKSSV

Esther 8 in the BOLCB

Esther 8 in the BOLCB2

Esther 8 in the BOMCV

Esther 8 in the BONAV

Esther 8 in the BONCB

Esther 8 in the BONLT

Esther 8 in the BONUT2

Esther 8 in the BOPLNT

Esther 8 in the BOSCB

Esther 8 in the BOSNC

Esther 8 in the BOTLNT

Esther 8 in the BOVCB

Esther 8 in the BOYCB

Esther 8 in the BPBB

Esther 8 in the BPH

Esther 8 in the BSB

Esther 8 in the CCB

Esther 8 in the CUV

Esther 8 in the CUVS

Esther 8 in the DBT

Esther 8 in the DGDNT

Esther 8 in the DHNT

Esther 8 in the DNT

Esther 8 in the ELBE

Esther 8 in the EMTV

Esther 8 in the ESV

Esther 8 in the FBV

Esther 8 in the FEB

Esther 8 in the GGMNT

Esther 8 in the GNT

Esther 8 in the HARY

Esther 8 in the HNT

Esther 8 in the IRVA

Esther 8 in the IRVB

Esther 8 in the IRVG

Esther 8 in the IRVH

Esther 8 in the IRVK

Esther 8 in the IRVM

Esther 8 in the IRVM2

Esther 8 in the IRVO

Esther 8 in the IRVP

Esther 8 in the IRVT

Esther 8 in the IRVT2

Esther 8 in the IRVU

Esther 8 in the ISVN

Esther 8 in the JSNT

Esther 8 in the KAPI

Esther 8 in the KBT1ETNIK

Esther 8 in the KBV

Esther 8 in the KJV

Esther 8 in the KNFD

Esther 8 in the LBA

Esther 8 in the LBLA

Esther 8 in the LNT

Esther 8 in the LSV

Esther 8 in the MAAL

Esther 8 in the MBV

Esther 8 in the MBV2

Esther 8 in the MHNT

Esther 8 in the MKNFD

Esther 8 in the MNG

Esther 8 in the MNT

Esther 8 in the MNT2

Esther 8 in the MRS1T

Esther 8 in the NAA

Esther 8 in the NASB

Esther 8 in the NBLA

Esther 8 in the NBS

Esther 8 in the NBVTP

Esther 8 in the NET2

Esther 8 in the NIV11

Esther 8 in the NNT

Esther 8 in the NNT2

Esther 8 in the NNT3

Esther 8 in the PDDPT

Esther 8 in the PFNT

Esther 8 in the RMNT

Esther 8 in the SBIAS

Esther 8 in the SBIBS

Esther 8 in the SBIBS2

Esther 8 in the SBICS

Esther 8 in the SBIDS

Esther 8 in the SBIGS

Esther 8 in the SBIHS

Esther 8 in the SBIIS

Esther 8 in the SBIIS2

Esther 8 in the SBIIS3

Esther 8 in the SBIKS

Esther 8 in the SBIKS2

Esther 8 in the SBIMS

Esther 8 in the SBIOS

Esther 8 in the SBIPS

Esther 8 in the SBISS

Esther 8 in the SBITS

Esther 8 in the SBITS2

Esther 8 in the SBITS3

Esther 8 in the SBITS4

Esther 8 in the SBIUS

Esther 8 in the SBIVS

Esther 8 in the SBT

Esther 8 in the SBT1E

Esther 8 in the SCHL

Esther 8 in the SNT

Esther 8 in the SUSU

Esther 8 in the SUSU2

Esther 8 in the SYNO

Esther 8 in the TBIAOTANT

Esther 8 in the TBT1E

Esther 8 in the TBT1E2

Esther 8 in the TFTIP

Esther 8 in the TFTU

Esther 8 in the TGNTATF3T

Esther 8 in the THAI

Esther 8 in the TNFD

Esther 8 in the TNT

Esther 8 in the TNTIK

Esther 8 in the TNTIL

Esther 8 in the TNTIN

Esther 8 in the TNTIP

Esther 8 in the TNTIZ

Esther 8 in the TOMA

Esther 8 in the TTENT

Esther 8 in the UBG

Esther 8 in the UGV

Esther 8 in the UGV2

Esther 8 in the UGV3

Esther 8 in the VBL

Esther 8 in the VDCC

Esther 8 in the YALU

Esther 8 in the YAPE

Esther 8 in the YBVTP

Esther 8 in the ZBP