Exodus 18 (BOECS)
1 Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti. 2 Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ. 3 Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.” 4 Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.” 5 Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ. 6 Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.” 7 Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu. 8 Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa. 9 Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti. 10 Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel. 11 Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.” 12 Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume. 13 Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome. 14 Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?” 15 Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. 16 Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.” 17 Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o. 18 Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. 19 Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume. 20 Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo. 21 “Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu. 22 Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo. 23 Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.” 24 Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu. 25 Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo. 26 Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si. 27 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de.
In Other Versions
Exodus 18 in the ANGEFD
Exodus 18 in the ANTPNG2D
Exodus 18 in the AS21
Exodus 18 in the BAGH
Exodus 18 in the BBPNG
Exodus 18 in the BBT1E
Exodus 18 in the BDS
Exodus 18 in the BEV
Exodus 18 in the BHAD
Exodus 18 in the BIB
Exodus 18 in the BLPT
Exodus 18 in the BNT
Exodus 18 in the BNTABOOT
Exodus 18 in the BNTLV
Exodus 18 in the BOATCB
Exodus 18 in the BOATCB2
Exodus 18 in the BOBCV
Exodus 18 in the BOCNT
Exodus 18 in the BOGWICC
Exodus 18 in the BOHCB
Exodus 18 in the BOHCV
Exodus 18 in the BOHLNT
Exodus 18 in the BOHNTLTAL
Exodus 18 in the BOICB
Exodus 18 in the BOILNTAP
Exodus 18 in the BOITCV
Exodus 18 in the BOKCV
Exodus 18 in the BOKCV2
Exodus 18 in the BOKHWOG
Exodus 18 in the BOKSSV
Exodus 18 in the BOLCB
Exodus 18 in the BOLCB2
Exodus 18 in the BOMCV
Exodus 18 in the BONAV
Exodus 18 in the BONCB
Exodus 18 in the BONLT
Exodus 18 in the BONUT2
Exodus 18 in the BOPLNT
Exodus 18 in the BOSCB
Exodus 18 in the BOSNC
Exodus 18 in the BOTLNT
Exodus 18 in the BOVCB
Exodus 18 in the BOYCB
Exodus 18 in the BPBB
Exodus 18 in the BPH
Exodus 18 in the BSB
Exodus 18 in the CCB
Exodus 18 in the CUV
Exodus 18 in the CUVS
Exodus 18 in the DBT
Exodus 18 in the DGDNT
Exodus 18 in the DHNT
Exodus 18 in the DNT
Exodus 18 in the ELBE
Exodus 18 in the EMTV
Exodus 18 in the ESV
Exodus 18 in the FBV
Exodus 18 in the FEB
Exodus 18 in the GGMNT
Exodus 18 in the GNT
Exodus 18 in the HARY
Exodus 18 in the HNT
Exodus 18 in the IRVA
Exodus 18 in the IRVB
Exodus 18 in the IRVG
Exodus 18 in the IRVH
Exodus 18 in the IRVK
Exodus 18 in the IRVM
Exodus 18 in the IRVM2
Exodus 18 in the IRVO
Exodus 18 in the IRVP
Exodus 18 in the IRVT
Exodus 18 in the IRVT2
Exodus 18 in the IRVU
Exodus 18 in the ISVN
Exodus 18 in the JSNT
Exodus 18 in the KAPI
Exodus 18 in the KBT1ETNIK
Exodus 18 in the KBV
Exodus 18 in the KJV
Exodus 18 in the KNFD
Exodus 18 in the LBA
Exodus 18 in the LBLA
Exodus 18 in the LNT
Exodus 18 in the LSV
Exodus 18 in the MAAL
Exodus 18 in the MBV
Exodus 18 in the MBV2
Exodus 18 in the MHNT
Exodus 18 in the MKNFD
Exodus 18 in the MNG
Exodus 18 in the MNT
Exodus 18 in the MNT2
Exodus 18 in the MRS1T
Exodus 18 in the NAA
Exodus 18 in the NASB
Exodus 18 in the NBLA
Exodus 18 in the NBS
Exodus 18 in the NBVTP
Exodus 18 in the NET2
Exodus 18 in the NIV11
Exodus 18 in the NNT
Exodus 18 in the NNT2
Exodus 18 in the NNT3
Exodus 18 in the PDDPT
Exodus 18 in the PFNT
Exodus 18 in the RMNT
Exodus 18 in the SBIAS
Exodus 18 in the SBIBS
Exodus 18 in the SBIBS2
Exodus 18 in the SBICS
Exodus 18 in the SBIDS
Exodus 18 in the SBIGS
Exodus 18 in the SBIHS
Exodus 18 in the SBIIS
Exodus 18 in the SBIIS2
Exodus 18 in the SBIIS3
Exodus 18 in the SBIKS
Exodus 18 in the SBIKS2
Exodus 18 in the SBIMS
Exodus 18 in the SBIOS
Exodus 18 in the SBIPS
Exodus 18 in the SBISS
Exodus 18 in the SBITS
Exodus 18 in the SBITS2
Exodus 18 in the SBITS3
Exodus 18 in the SBITS4
Exodus 18 in the SBIUS
Exodus 18 in the SBIVS
Exodus 18 in the SBT
Exodus 18 in the SBT1E
Exodus 18 in the SCHL
Exodus 18 in the SNT
Exodus 18 in the SUSU
Exodus 18 in the SUSU2
Exodus 18 in the SYNO
Exodus 18 in the TBIAOTANT
Exodus 18 in the TBT1E
Exodus 18 in the TBT1E2
Exodus 18 in the TFTIP
Exodus 18 in the TFTU
Exodus 18 in the TGNTATF3T
Exodus 18 in the THAI
Exodus 18 in the TNFD
Exodus 18 in the TNT
Exodus 18 in the TNTIK
Exodus 18 in the TNTIL
Exodus 18 in the TNTIN
Exodus 18 in the TNTIP
Exodus 18 in the TNTIZ
Exodus 18 in the TOMA
Exodus 18 in the TTENT
Exodus 18 in the UBG
Exodus 18 in the UGV
Exodus 18 in the UGV2
Exodus 18 in the UGV3
Exodus 18 in the VBL
Exodus 18 in the VDCC
Exodus 18 in the YALU
Exodus 18 in the YAPE
Exodus 18 in the YBVTP
Exodus 18 in the ZBP