Exodus 28 (BOECS)

1 “Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene. 2 Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu. 3 Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. 4 Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. 5 “Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe. 6 “Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae. 7 Woatɔe awu evee: ŋgɔgbetɔ kple megbetɔ, eye woakpe wo ɖe abɔta. 8 Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe. 9 Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. 10 Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu. 11 Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo. 12 Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene. 13 Na woatsɔ sika nyuitɔ awɔ sikakawo 14 kple sikakɔsɔkɔsɔ eve siwo adidi abe ka ene, eye woatsɔ wo aku sikasigɛ siwo le kɔmewu la ƒe abɔtawo. 15 “Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi. 16 Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve. 17 Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me; 18 tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nanɔ fli evelia me. 19 Yasint, agate kple ametist nanɔ fli etɔ̃lia me. 20 Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. 21 Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene. 22 Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. 23 Wɔ sikagagodo eve nɛ, eye nàtsɔ wo asa ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi. 24 Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu. 25 Na woatɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. 26 Emegbe la, gawɔ sikasigɛ bubu eve, eye nàtsɔ wo aku akɔtawu la te le eme gome. 27 Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu. 28 Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu. 29 Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.” 30 Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. 31 “Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te, 32 eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o. 33 Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome. 34 Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome. 35 Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o. 36 “Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be,wokɔ eŋuti na Yehowa,abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene. 37 Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu. 38 Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake. 39 “Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me. 40 “Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu. 41 Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm. 42 Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu. 43 Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”

In Other Versions

Exodus 28 in the ANGEFD

Exodus 28 in the ANTPNG2D

Exodus 28 in the AS21

Exodus 28 in the BAGH

Exodus 28 in the BBPNG

Exodus 28 in the BBT1E

Exodus 28 in the BDS

Exodus 28 in the BEV

Exodus 28 in the BHAD

Exodus 28 in the BIB

Exodus 28 in the BLPT

Exodus 28 in the BNT

Exodus 28 in the BNTABOOT

Exodus 28 in the BNTLV

Exodus 28 in the BOATCB

Exodus 28 in the BOATCB2

Exodus 28 in the BOBCV

Exodus 28 in the BOCNT

Exodus 28 in the BOGWICC

Exodus 28 in the BOHCB

Exodus 28 in the BOHCV

Exodus 28 in the BOHLNT

Exodus 28 in the BOHNTLTAL

Exodus 28 in the BOICB

Exodus 28 in the BOILNTAP

Exodus 28 in the BOITCV

Exodus 28 in the BOKCV

Exodus 28 in the BOKCV2

Exodus 28 in the BOKHWOG

Exodus 28 in the BOKSSV

Exodus 28 in the BOLCB

Exodus 28 in the BOLCB2

Exodus 28 in the BOMCV

Exodus 28 in the BONAV

Exodus 28 in the BONCB

Exodus 28 in the BONLT

Exodus 28 in the BONUT2

Exodus 28 in the BOPLNT

Exodus 28 in the BOSCB

Exodus 28 in the BOSNC

Exodus 28 in the BOTLNT

Exodus 28 in the BOVCB

Exodus 28 in the BOYCB

Exodus 28 in the BPBB

Exodus 28 in the BPH

Exodus 28 in the BSB

Exodus 28 in the CCB

Exodus 28 in the CUV

Exodus 28 in the CUVS

Exodus 28 in the DBT

Exodus 28 in the DGDNT

Exodus 28 in the DHNT

Exodus 28 in the DNT

Exodus 28 in the ELBE

Exodus 28 in the EMTV

Exodus 28 in the ESV

Exodus 28 in the FBV

Exodus 28 in the FEB

Exodus 28 in the GGMNT

Exodus 28 in the GNT

Exodus 28 in the HARY

Exodus 28 in the HNT

Exodus 28 in the IRVA

Exodus 28 in the IRVB

Exodus 28 in the IRVG

Exodus 28 in the IRVH

Exodus 28 in the IRVK

Exodus 28 in the IRVM

Exodus 28 in the IRVM2

Exodus 28 in the IRVO

Exodus 28 in the IRVP

Exodus 28 in the IRVT

Exodus 28 in the IRVT2

Exodus 28 in the IRVU

Exodus 28 in the ISVN

Exodus 28 in the JSNT

Exodus 28 in the KAPI

Exodus 28 in the KBT1ETNIK

Exodus 28 in the KBV

Exodus 28 in the KJV

Exodus 28 in the KNFD

Exodus 28 in the LBA

Exodus 28 in the LBLA

Exodus 28 in the LNT

Exodus 28 in the LSV

Exodus 28 in the MAAL

Exodus 28 in the MBV

Exodus 28 in the MBV2

Exodus 28 in the MHNT

Exodus 28 in the MKNFD

Exodus 28 in the MNG

Exodus 28 in the MNT

Exodus 28 in the MNT2

Exodus 28 in the MRS1T

Exodus 28 in the NAA

Exodus 28 in the NASB

Exodus 28 in the NBLA

Exodus 28 in the NBS

Exodus 28 in the NBVTP

Exodus 28 in the NET2

Exodus 28 in the NIV11

Exodus 28 in the NNT

Exodus 28 in the NNT2

Exodus 28 in the NNT3

Exodus 28 in the PDDPT

Exodus 28 in the PFNT

Exodus 28 in the RMNT

Exodus 28 in the SBIAS

Exodus 28 in the SBIBS

Exodus 28 in the SBIBS2

Exodus 28 in the SBICS

Exodus 28 in the SBIDS

Exodus 28 in the SBIGS

Exodus 28 in the SBIHS

Exodus 28 in the SBIIS

Exodus 28 in the SBIIS2

Exodus 28 in the SBIIS3

Exodus 28 in the SBIKS

Exodus 28 in the SBIKS2

Exodus 28 in the SBIMS

Exodus 28 in the SBIOS

Exodus 28 in the SBIPS

Exodus 28 in the SBISS

Exodus 28 in the SBITS

Exodus 28 in the SBITS2

Exodus 28 in the SBITS3

Exodus 28 in the SBITS4

Exodus 28 in the SBIUS

Exodus 28 in the SBIVS

Exodus 28 in the SBT

Exodus 28 in the SBT1E

Exodus 28 in the SCHL

Exodus 28 in the SNT

Exodus 28 in the SUSU

Exodus 28 in the SUSU2

Exodus 28 in the SYNO

Exodus 28 in the TBIAOTANT

Exodus 28 in the TBT1E

Exodus 28 in the TBT1E2

Exodus 28 in the TFTIP

Exodus 28 in the TFTU

Exodus 28 in the TGNTATF3T

Exodus 28 in the THAI

Exodus 28 in the TNFD

Exodus 28 in the TNT

Exodus 28 in the TNTIK

Exodus 28 in the TNTIL

Exodus 28 in the TNTIN

Exodus 28 in the TNTIP

Exodus 28 in the TNTIZ

Exodus 28 in the TOMA

Exodus 28 in the TTENT

Exodus 28 in the UBG

Exodus 28 in the UGV

Exodus 28 in the UGV2

Exodus 28 in the UGV3

Exodus 28 in the VBL

Exodus 28 in the VDCC

Exodus 28 in the YALU

Exodus 28 in the YAPE

Exodus 28 in the YBVTP

Exodus 28 in the ZBP