Exodus 36 (BOECS)
1 Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.” 2 Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme. 3 Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi. 4 Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi. 5 Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!” 6 Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ, 7 elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la. 8 Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae. 9 Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve. 10 Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve. 11 Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu. 12 Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu. 13 Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la. 14 Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae. 15 Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve. 16 Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve. 17 Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu, 18 eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu. 19 Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi. 20 Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. 21 Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. 22 Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. 23 Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. 24 Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te. 25 Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. 26 Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te. 27 Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. 28 Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 29 Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. 30 Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te. 31 Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi, 32 atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 33 Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me. 34 Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo. 35 Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. 36 Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi. 37 Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la. 38 Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.
In Other Versions
Exodus 36 in the ANGEFD
Exodus 36 in the ANTPNG2D
Exodus 36 in the AS21
Exodus 36 in the BAGH
Exodus 36 in the BBPNG
Exodus 36 in the BBT1E
Exodus 36 in the BDS
Exodus 36 in the BEV
Exodus 36 in the BHAD
Exodus 36 in the BIB
Exodus 36 in the BLPT
Exodus 36 in the BNT
Exodus 36 in the BNTABOOT
Exodus 36 in the BNTLV
Exodus 36 in the BOATCB
Exodus 36 in the BOATCB2
Exodus 36 in the BOBCV
Exodus 36 in the BOCNT
Exodus 36 in the BOGWICC
Exodus 36 in the BOHCB
Exodus 36 in the BOHCV
Exodus 36 in the BOHLNT
Exodus 36 in the BOHNTLTAL
Exodus 36 in the BOICB
Exodus 36 in the BOILNTAP
Exodus 36 in the BOITCV
Exodus 36 in the BOKCV
Exodus 36 in the BOKCV2
Exodus 36 in the BOKHWOG
Exodus 36 in the BOKSSV
Exodus 36 in the BOLCB
Exodus 36 in the BOLCB2
Exodus 36 in the BOMCV
Exodus 36 in the BONAV
Exodus 36 in the BONCB
Exodus 36 in the BONLT
Exodus 36 in the BONUT2
Exodus 36 in the BOPLNT
Exodus 36 in the BOSCB
Exodus 36 in the BOSNC
Exodus 36 in the BOTLNT
Exodus 36 in the BOVCB
Exodus 36 in the BOYCB
Exodus 36 in the BPBB
Exodus 36 in the BPH
Exodus 36 in the BSB
Exodus 36 in the CCB
Exodus 36 in the CUV
Exodus 36 in the CUVS
Exodus 36 in the DBT
Exodus 36 in the DGDNT
Exodus 36 in the DHNT
Exodus 36 in the DNT
Exodus 36 in the ELBE
Exodus 36 in the EMTV
Exodus 36 in the ESV
Exodus 36 in the FBV
Exodus 36 in the FEB
Exodus 36 in the GGMNT
Exodus 36 in the GNT
Exodus 36 in the HARY
Exodus 36 in the HNT
Exodus 36 in the IRVA
Exodus 36 in the IRVB
Exodus 36 in the IRVG
Exodus 36 in the IRVH
Exodus 36 in the IRVK
Exodus 36 in the IRVM
Exodus 36 in the IRVM2
Exodus 36 in the IRVO
Exodus 36 in the IRVP
Exodus 36 in the IRVT
Exodus 36 in the IRVT2
Exodus 36 in the IRVU
Exodus 36 in the ISVN
Exodus 36 in the JSNT
Exodus 36 in the KAPI
Exodus 36 in the KBT1ETNIK
Exodus 36 in the KBV
Exodus 36 in the KJV
Exodus 36 in the KNFD
Exodus 36 in the LBA
Exodus 36 in the LBLA
Exodus 36 in the LNT
Exodus 36 in the LSV
Exodus 36 in the MAAL
Exodus 36 in the MBV
Exodus 36 in the MBV2
Exodus 36 in the MHNT
Exodus 36 in the MKNFD
Exodus 36 in the MNG
Exodus 36 in the MNT
Exodus 36 in the MNT2
Exodus 36 in the MRS1T
Exodus 36 in the NAA
Exodus 36 in the NASB
Exodus 36 in the NBLA
Exodus 36 in the NBS
Exodus 36 in the NBVTP
Exodus 36 in the NET2
Exodus 36 in the NIV11
Exodus 36 in the NNT
Exodus 36 in the NNT2
Exodus 36 in the NNT3
Exodus 36 in the PDDPT
Exodus 36 in the PFNT
Exodus 36 in the RMNT
Exodus 36 in the SBIAS
Exodus 36 in the SBIBS
Exodus 36 in the SBIBS2
Exodus 36 in the SBICS
Exodus 36 in the SBIDS
Exodus 36 in the SBIGS
Exodus 36 in the SBIHS
Exodus 36 in the SBIIS
Exodus 36 in the SBIIS2
Exodus 36 in the SBIIS3
Exodus 36 in the SBIKS
Exodus 36 in the SBIKS2
Exodus 36 in the SBIMS
Exodus 36 in the SBIOS
Exodus 36 in the SBIPS
Exodus 36 in the SBISS
Exodus 36 in the SBITS
Exodus 36 in the SBITS2
Exodus 36 in the SBITS3
Exodus 36 in the SBITS4
Exodus 36 in the SBIUS
Exodus 36 in the SBIVS
Exodus 36 in the SBT
Exodus 36 in the SBT1E
Exodus 36 in the SCHL
Exodus 36 in the SNT
Exodus 36 in the SUSU
Exodus 36 in the SUSU2
Exodus 36 in the SYNO
Exodus 36 in the TBIAOTANT
Exodus 36 in the TBT1E
Exodus 36 in the TBT1E2
Exodus 36 in the TFTIP
Exodus 36 in the TFTU
Exodus 36 in the TGNTATF3T
Exodus 36 in the THAI
Exodus 36 in the TNFD
Exodus 36 in the TNT
Exodus 36 in the TNTIK
Exodus 36 in the TNTIL
Exodus 36 in the TNTIN
Exodus 36 in the TNTIP
Exodus 36 in the TNTIZ
Exodus 36 in the TOMA
Exodus 36 in the TTENT
Exodus 36 in the UBG
Exodus 36 in the UGV
Exodus 36 in the UGV2
Exodus 36 in the UGV3
Exodus 36 in the VBL
Exodus 36 in the VDCC
Exodus 36 in the YALU
Exodus 36 in the YAPE
Exodus 36 in the YBVTP
Exodus 36 in the ZBP