Ezekiel 13 (BOECS)
1 Yehowa ƒe nya va nam be, 2 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ” 3 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa naneke o! 4 O Israel, wò nyagblɔɖilawo le abe abei siwo le gli gbagbãwo dome ene. 5 Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o. 6 Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme. 7 Ɖe miekpɔa aʋatsoŋutegawo, eye miekaa alakpanu esi miegblɔ be, “Yehowae gblɔe” evɔ nyemegblɔ nenema oa? 8 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Le miaƒe nya dzodzrowo kple miaƒe alakpaŋutegawo ta la, metso ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 9 Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ ” 10 “Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la, 11 eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu. 12 Ne gli la mu la, ɖe amewo mabia mi be, ‘Afi ka akalo si miesi nɛ la le o’ mahã?” 13 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu. 14 Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa. 15 Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o. 16 Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” ’ 17 “Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu, 18 nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa? 19 Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’ 20 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Metsi tsitre ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna ɖea amewo abe xeviwo ene la ŋuti, eye maɖe wo ɖa le miaƒe abɔwo ŋu. Mana ablɔɖe ame siwo mietre mɔ na abe xeviwo ene. 21 Mavuvu miaƒe motsyɔnuwo, maɖe nye amewo tso miaƒe asi me, eye womaganɔ miaƒe ŋusẽ te o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. 22 Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la, 23 miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
In Other Versions
Ezekiel 13 in the ANGEFD
Ezekiel 13 in the ANTPNG2D
Ezekiel 13 in the AS21
Ezekiel 13 in the BAGH
Ezekiel 13 in the BBPNG
Ezekiel 13 in the BBT1E
Ezekiel 13 in the BDS
Ezekiel 13 in the BEV
Ezekiel 13 in the BHAD
Ezekiel 13 in the BIB
Ezekiel 13 in the BLPT
Ezekiel 13 in the BNT
Ezekiel 13 in the BNTABOOT
Ezekiel 13 in the BNTLV
Ezekiel 13 in the BOATCB
Ezekiel 13 in the BOATCB2
Ezekiel 13 in the BOBCV
Ezekiel 13 in the BOCNT
Ezekiel 13 in the BOGWICC
Ezekiel 13 in the BOHCB
Ezekiel 13 in the BOHCV
Ezekiel 13 in the BOHLNT
Ezekiel 13 in the BOHNTLTAL
Ezekiel 13 in the BOICB
Ezekiel 13 in the BOILNTAP
Ezekiel 13 in the BOITCV
Ezekiel 13 in the BOKCV
Ezekiel 13 in the BOKCV2
Ezekiel 13 in the BOKHWOG
Ezekiel 13 in the BOKSSV
Ezekiel 13 in the BOLCB
Ezekiel 13 in the BOLCB2
Ezekiel 13 in the BOMCV
Ezekiel 13 in the BONAV
Ezekiel 13 in the BONCB
Ezekiel 13 in the BONLT
Ezekiel 13 in the BONUT2
Ezekiel 13 in the BOPLNT
Ezekiel 13 in the BOSCB
Ezekiel 13 in the BOSNC
Ezekiel 13 in the BOTLNT
Ezekiel 13 in the BOVCB
Ezekiel 13 in the BOYCB
Ezekiel 13 in the BPBB
Ezekiel 13 in the BPH
Ezekiel 13 in the BSB
Ezekiel 13 in the CCB
Ezekiel 13 in the CUV
Ezekiel 13 in the CUVS
Ezekiel 13 in the DBT
Ezekiel 13 in the DGDNT
Ezekiel 13 in the DHNT
Ezekiel 13 in the DNT
Ezekiel 13 in the ELBE
Ezekiel 13 in the EMTV
Ezekiel 13 in the ESV
Ezekiel 13 in the FBV
Ezekiel 13 in the FEB
Ezekiel 13 in the GGMNT
Ezekiel 13 in the GNT
Ezekiel 13 in the HARY
Ezekiel 13 in the HNT
Ezekiel 13 in the IRVA
Ezekiel 13 in the IRVB
Ezekiel 13 in the IRVG
Ezekiel 13 in the IRVH
Ezekiel 13 in the IRVK
Ezekiel 13 in the IRVM
Ezekiel 13 in the IRVM2
Ezekiel 13 in the IRVO
Ezekiel 13 in the IRVP
Ezekiel 13 in the IRVT
Ezekiel 13 in the IRVT2
Ezekiel 13 in the IRVU
Ezekiel 13 in the ISVN
Ezekiel 13 in the JSNT
Ezekiel 13 in the KAPI
Ezekiel 13 in the KBT1ETNIK
Ezekiel 13 in the KBV
Ezekiel 13 in the KJV
Ezekiel 13 in the KNFD
Ezekiel 13 in the LBA
Ezekiel 13 in the LBLA
Ezekiel 13 in the LNT
Ezekiel 13 in the LSV
Ezekiel 13 in the MAAL
Ezekiel 13 in the MBV
Ezekiel 13 in the MBV2
Ezekiel 13 in the MHNT
Ezekiel 13 in the MKNFD
Ezekiel 13 in the MNG
Ezekiel 13 in the MNT
Ezekiel 13 in the MNT2
Ezekiel 13 in the MRS1T
Ezekiel 13 in the NAA
Ezekiel 13 in the NASB
Ezekiel 13 in the NBLA
Ezekiel 13 in the NBS
Ezekiel 13 in the NBVTP
Ezekiel 13 in the NET2
Ezekiel 13 in the NIV11
Ezekiel 13 in the NNT
Ezekiel 13 in the NNT2
Ezekiel 13 in the NNT3
Ezekiel 13 in the PDDPT
Ezekiel 13 in the PFNT
Ezekiel 13 in the RMNT
Ezekiel 13 in the SBIAS
Ezekiel 13 in the SBIBS
Ezekiel 13 in the SBIBS2
Ezekiel 13 in the SBICS
Ezekiel 13 in the SBIDS
Ezekiel 13 in the SBIGS
Ezekiel 13 in the SBIHS
Ezekiel 13 in the SBIIS
Ezekiel 13 in the SBIIS2
Ezekiel 13 in the SBIIS3
Ezekiel 13 in the SBIKS
Ezekiel 13 in the SBIKS2
Ezekiel 13 in the SBIMS
Ezekiel 13 in the SBIOS
Ezekiel 13 in the SBIPS
Ezekiel 13 in the SBISS
Ezekiel 13 in the SBITS
Ezekiel 13 in the SBITS2
Ezekiel 13 in the SBITS3
Ezekiel 13 in the SBITS4
Ezekiel 13 in the SBIUS
Ezekiel 13 in the SBIVS
Ezekiel 13 in the SBT
Ezekiel 13 in the SBT1E
Ezekiel 13 in the SCHL
Ezekiel 13 in the SNT
Ezekiel 13 in the SUSU
Ezekiel 13 in the SUSU2
Ezekiel 13 in the SYNO
Ezekiel 13 in the TBIAOTANT
Ezekiel 13 in the TBT1E
Ezekiel 13 in the TBT1E2
Ezekiel 13 in the TFTIP
Ezekiel 13 in the TFTU
Ezekiel 13 in the TGNTATF3T
Ezekiel 13 in the THAI
Ezekiel 13 in the TNFD
Ezekiel 13 in the TNT
Ezekiel 13 in the TNTIK
Ezekiel 13 in the TNTIL
Ezekiel 13 in the TNTIN
Ezekiel 13 in the TNTIP
Ezekiel 13 in the TNTIZ
Ezekiel 13 in the TOMA
Ezekiel 13 in the TTENT
Ezekiel 13 in the UBG
Ezekiel 13 in the UGV
Ezekiel 13 in the UGV2
Ezekiel 13 in the UGV3
Ezekiel 13 in the VBL
Ezekiel 13 in the VDCC
Ezekiel 13 in the YALU
Ezekiel 13 in the YAPE
Ezekiel 13 in the YBVTP
Ezekiel 13 in the ZBP