Ezekiel 24 (BOECS)

1 Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 2 “Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi. 3 Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’“Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi,tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme. 4 Tsɔ lã la de ze la me.Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo,lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti.Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo. 5 Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me,eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa.Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme. 6 “Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.“Babaa na hlɔ̃dodu la,babaa na nuɖaze si lé ɣebia,eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o!Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me,gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o. 7 “Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome.Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi,mekɔe ɖe anyigba dzi,afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o. 8 Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la,mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi,ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o. 9 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si,“Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le.Nye hã mali kɔ nake wòakɔ. 10 Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo.Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme,eye nàna ƒuawo nafia. 11 Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖeesime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ,ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia. 12 Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro;womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o. 13 “ ‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ. 14 “ ‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” 15 Yehowa ƒe nya va nam be, 16 “Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o. 17 Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.” 18 Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la. 19 Ameawo biam be, “Màgblɔ nu si nu siawo awɔ kple mí la na mí oa?” 20 Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be, 21 Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu 22 Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o. 23 Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome. 24 Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ 25 “Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la, 26 gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò. 27 Ɣe ma ɣi me la, woaʋu nu na wò, wò kple sisila la miaƒo nu, màgazi ɖoɖoe o. Ale ànye kpɔɖeŋu na wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.”

In Other Versions

Ezekiel 24 in the ANGEFD

Ezekiel 24 in the ANTPNG2D

Ezekiel 24 in the AS21

Ezekiel 24 in the BAGH

Ezekiel 24 in the BBPNG

Ezekiel 24 in the BBT1E

Ezekiel 24 in the BDS

Ezekiel 24 in the BEV

Ezekiel 24 in the BHAD

Ezekiel 24 in the BIB

Ezekiel 24 in the BLPT

Ezekiel 24 in the BNT

Ezekiel 24 in the BNTABOOT

Ezekiel 24 in the BNTLV

Ezekiel 24 in the BOATCB

Ezekiel 24 in the BOATCB2

Ezekiel 24 in the BOBCV

Ezekiel 24 in the BOCNT

Ezekiel 24 in the BOGWICC

Ezekiel 24 in the BOHCB

Ezekiel 24 in the BOHCV

Ezekiel 24 in the BOHLNT

Ezekiel 24 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 24 in the BOICB

Ezekiel 24 in the BOILNTAP

Ezekiel 24 in the BOITCV

Ezekiel 24 in the BOKCV

Ezekiel 24 in the BOKCV2

Ezekiel 24 in the BOKHWOG

Ezekiel 24 in the BOKSSV

Ezekiel 24 in the BOLCB

Ezekiel 24 in the BOLCB2

Ezekiel 24 in the BOMCV

Ezekiel 24 in the BONAV

Ezekiel 24 in the BONCB

Ezekiel 24 in the BONLT

Ezekiel 24 in the BONUT2

Ezekiel 24 in the BOPLNT

Ezekiel 24 in the BOSCB

Ezekiel 24 in the BOSNC

Ezekiel 24 in the BOTLNT

Ezekiel 24 in the BOVCB

Ezekiel 24 in the BOYCB

Ezekiel 24 in the BPBB

Ezekiel 24 in the BPH

Ezekiel 24 in the BSB

Ezekiel 24 in the CCB

Ezekiel 24 in the CUV

Ezekiel 24 in the CUVS

Ezekiel 24 in the DBT

Ezekiel 24 in the DGDNT

Ezekiel 24 in the DHNT

Ezekiel 24 in the DNT

Ezekiel 24 in the ELBE

Ezekiel 24 in the EMTV

Ezekiel 24 in the ESV

Ezekiel 24 in the FBV

Ezekiel 24 in the FEB

Ezekiel 24 in the GGMNT

Ezekiel 24 in the GNT

Ezekiel 24 in the HARY

Ezekiel 24 in the HNT

Ezekiel 24 in the IRVA

Ezekiel 24 in the IRVB

Ezekiel 24 in the IRVG

Ezekiel 24 in the IRVH

Ezekiel 24 in the IRVK

Ezekiel 24 in the IRVM

Ezekiel 24 in the IRVM2

Ezekiel 24 in the IRVO

Ezekiel 24 in the IRVP

Ezekiel 24 in the IRVT

Ezekiel 24 in the IRVT2

Ezekiel 24 in the IRVU

Ezekiel 24 in the ISVN

Ezekiel 24 in the JSNT

Ezekiel 24 in the KAPI

Ezekiel 24 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 24 in the KBV

Ezekiel 24 in the KJV

Ezekiel 24 in the KNFD

Ezekiel 24 in the LBA

Ezekiel 24 in the LBLA

Ezekiel 24 in the LNT

Ezekiel 24 in the LSV

Ezekiel 24 in the MAAL

Ezekiel 24 in the MBV

Ezekiel 24 in the MBV2

Ezekiel 24 in the MHNT

Ezekiel 24 in the MKNFD

Ezekiel 24 in the MNG

Ezekiel 24 in the MNT

Ezekiel 24 in the MNT2

Ezekiel 24 in the MRS1T

Ezekiel 24 in the NAA

Ezekiel 24 in the NASB

Ezekiel 24 in the NBLA

Ezekiel 24 in the NBS

Ezekiel 24 in the NBVTP

Ezekiel 24 in the NET2

Ezekiel 24 in the NIV11

Ezekiel 24 in the NNT

Ezekiel 24 in the NNT2

Ezekiel 24 in the NNT3

Ezekiel 24 in the PDDPT

Ezekiel 24 in the PFNT

Ezekiel 24 in the RMNT

Ezekiel 24 in the SBIAS

Ezekiel 24 in the SBIBS

Ezekiel 24 in the SBIBS2

Ezekiel 24 in the SBICS

Ezekiel 24 in the SBIDS

Ezekiel 24 in the SBIGS

Ezekiel 24 in the SBIHS

Ezekiel 24 in the SBIIS

Ezekiel 24 in the SBIIS2

Ezekiel 24 in the SBIIS3

Ezekiel 24 in the SBIKS

Ezekiel 24 in the SBIKS2

Ezekiel 24 in the SBIMS

Ezekiel 24 in the SBIOS

Ezekiel 24 in the SBIPS

Ezekiel 24 in the SBISS

Ezekiel 24 in the SBITS

Ezekiel 24 in the SBITS2

Ezekiel 24 in the SBITS3

Ezekiel 24 in the SBITS4

Ezekiel 24 in the SBIUS

Ezekiel 24 in the SBIVS

Ezekiel 24 in the SBT

Ezekiel 24 in the SBT1E

Ezekiel 24 in the SCHL

Ezekiel 24 in the SNT

Ezekiel 24 in the SUSU

Ezekiel 24 in the SUSU2

Ezekiel 24 in the SYNO

Ezekiel 24 in the TBIAOTANT

Ezekiel 24 in the TBT1E

Ezekiel 24 in the TBT1E2

Ezekiel 24 in the TFTIP

Ezekiel 24 in the TFTU

Ezekiel 24 in the TGNTATF3T

Ezekiel 24 in the THAI

Ezekiel 24 in the TNFD

Ezekiel 24 in the TNT

Ezekiel 24 in the TNTIK

Ezekiel 24 in the TNTIL

Ezekiel 24 in the TNTIN

Ezekiel 24 in the TNTIP

Ezekiel 24 in the TNTIZ

Ezekiel 24 in the TOMA

Ezekiel 24 in the TTENT

Ezekiel 24 in the UBG

Ezekiel 24 in the UGV

Ezekiel 24 in the UGV2

Ezekiel 24 in the UGV3

Ezekiel 24 in the VBL

Ezekiel 24 in the VDCC

Ezekiel 24 in the YALU

Ezekiel 24 in the YAPE

Ezekiel 24 in the YBVTP

Ezekiel 24 in the ZBP