Ezekiel 29 (BOECS)

1 Le ƒe ewolia ƒe ɣleti ewolia me, le ŋkeke wuievelia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 2 “Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu. 3 Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:“ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia,wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me.Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye.Nyee wɔe na ɖokuinye.” 4 Matsɔ ƒu aƒo ɖe wò glã me,eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsro ŋu,mahe wò ado goe le wò tɔsisiwo mekple tɔmelã siwo katã lé ɖe wò tsrokpa ŋuti. 5 Magblẽ wò ɖe gbegbe,wò kple wò tɔwo me lãwo katã;àdze gbadzaƒe dzi,womafɔ wò alo atsɔ wò o.Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo. 6 Ekema ame siwo katã le Egipte la anya be, nyee nye Yehowa. “ ‘Ènye aƒlati na Israel ƒe aƒe la. 7 Esi wolé wò kple asi la, èŋe woƒe abɔta, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋee heƒo ɖe woƒe dzime. 8 “ ‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo. 9 Egipte azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”“ ‘Esi nègblɔ be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye, nyee wɔe” ta la, 10 metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mana Egiptenyigba nazu aƒedo kple gbegbe tso Migdol va se ɖe Aswan, va do ɖe keke Kus ƒe liƒowo dzi. 11 Amegbetɔ alo lã aɖeke ƒe afɔ magato edzi o. Ame aɖeke maganɔ afi ma o ƒe blaene sɔŋ. 12 Mana Egiptenyigba nazu aƒedo le anyigba siwo wògblẽ la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe blaene le du siwo wogbã la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, akaka wo, ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. 13 “ ‘Ke ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Le ƒe blaene ƒe nuwuwu la, maƒo ƒu Egiptetɔwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo la me. 14 Magbugbɔ wo tso aboyome ava Egipte ƒe Dzigbeme, wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi, eye woanye fiaɖuƒe sue aɖe le afi ma. 15 Anye fiaɖuƒe gblɔetɔ le fiaɖuƒewo dome, eye magado eɖokui ɖe dzi wu fiaɖuƒe bubuawo o. Mana wòagbɔdzɔ ale gbegbe be, magaɖu dukɔ bubuwo dzi azɔ o. 16 Egipte maganye dukɔ si ŋu Israelviwo naɖo dzi ɖo o, ke boŋ ana woaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ si na wotrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu la dzi. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.” ’ ” 17 Le ƒe blaeve-vɔ-adrelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 18 “Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o. 19 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Matsɔ Egipte ana Nebukadnezar, Babilonia fia, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aha nuwo le anyigba la dzi atsɔ axe fee na eƒe aʋawɔlawo. 20 Metsɔ Egipte nɛ abe fetu ene le eƒe agbagbadzedze ta, elabena nyee eya kple eƒe aʋakɔ wɔ dɔ la na.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 21 “Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”

In Other Versions

Ezekiel 29 in the ANGEFD

Ezekiel 29 in the ANTPNG2D

Ezekiel 29 in the AS21

Ezekiel 29 in the BAGH

Ezekiel 29 in the BBPNG

Ezekiel 29 in the BBT1E

Ezekiel 29 in the BDS

Ezekiel 29 in the BEV

Ezekiel 29 in the BHAD

Ezekiel 29 in the BIB

Ezekiel 29 in the BLPT

Ezekiel 29 in the BNT

Ezekiel 29 in the BNTABOOT

Ezekiel 29 in the BNTLV

Ezekiel 29 in the BOATCB

Ezekiel 29 in the BOATCB2

Ezekiel 29 in the BOBCV

Ezekiel 29 in the BOCNT

Ezekiel 29 in the BOGWICC

Ezekiel 29 in the BOHCB

Ezekiel 29 in the BOHCV

Ezekiel 29 in the BOHLNT

Ezekiel 29 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 29 in the BOICB

Ezekiel 29 in the BOILNTAP

Ezekiel 29 in the BOITCV

Ezekiel 29 in the BOKCV

Ezekiel 29 in the BOKCV2

Ezekiel 29 in the BOKHWOG

Ezekiel 29 in the BOKSSV

Ezekiel 29 in the BOLCB

Ezekiel 29 in the BOLCB2

Ezekiel 29 in the BOMCV

Ezekiel 29 in the BONAV

Ezekiel 29 in the BONCB

Ezekiel 29 in the BONLT

Ezekiel 29 in the BONUT2

Ezekiel 29 in the BOPLNT

Ezekiel 29 in the BOSCB

Ezekiel 29 in the BOSNC

Ezekiel 29 in the BOTLNT

Ezekiel 29 in the BOVCB

Ezekiel 29 in the BOYCB

Ezekiel 29 in the BPBB

Ezekiel 29 in the BPH

Ezekiel 29 in the BSB

Ezekiel 29 in the CCB

Ezekiel 29 in the CUV

Ezekiel 29 in the CUVS

Ezekiel 29 in the DBT

Ezekiel 29 in the DGDNT

Ezekiel 29 in the DHNT

Ezekiel 29 in the DNT

Ezekiel 29 in the ELBE

Ezekiel 29 in the EMTV

Ezekiel 29 in the ESV

Ezekiel 29 in the FBV

Ezekiel 29 in the FEB

Ezekiel 29 in the GGMNT

Ezekiel 29 in the GNT

Ezekiel 29 in the HARY

Ezekiel 29 in the HNT

Ezekiel 29 in the IRVA

Ezekiel 29 in the IRVB

Ezekiel 29 in the IRVG

Ezekiel 29 in the IRVH

Ezekiel 29 in the IRVK

Ezekiel 29 in the IRVM

Ezekiel 29 in the IRVM2

Ezekiel 29 in the IRVO

Ezekiel 29 in the IRVP

Ezekiel 29 in the IRVT

Ezekiel 29 in the IRVT2

Ezekiel 29 in the IRVU

Ezekiel 29 in the ISVN

Ezekiel 29 in the JSNT

Ezekiel 29 in the KAPI

Ezekiel 29 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 29 in the KBV

Ezekiel 29 in the KJV

Ezekiel 29 in the KNFD

Ezekiel 29 in the LBA

Ezekiel 29 in the LBLA

Ezekiel 29 in the LNT

Ezekiel 29 in the LSV

Ezekiel 29 in the MAAL

Ezekiel 29 in the MBV

Ezekiel 29 in the MBV2

Ezekiel 29 in the MHNT

Ezekiel 29 in the MKNFD

Ezekiel 29 in the MNG

Ezekiel 29 in the MNT

Ezekiel 29 in the MNT2

Ezekiel 29 in the MRS1T

Ezekiel 29 in the NAA

Ezekiel 29 in the NASB

Ezekiel 29 in the NBLA

Ezekiel 29 in the NBS

Ezekiel 29 in the NBVTP

Ezekiel 29 in the NET2

Ezekiel 29 in the NIV11

Ezekiel 29 in the NNT

Ezekiel 29 in the NNT2

Ezekiel 29 in the NNT3

Ezekiel 29 in the PDDPT

Ezekiel 29 in the PFNT

Ezekiel 29 in the RMNT

Ezekiel 29 in the SBIAS

Ezekiel 29 in the SBIBS

Ezekiel 29 in the SBIBS2

Ezekiel 29 in the SBICS

Ezekiel 29 in the SBIDS

Ezekiel 29 in the SBIGS

Ezekiel 29 in the SBIHS

Ezekiel 29 in the SBIIS

Ezekiel 29 in the SBIIS2

Ezekiel 29 in the SBIIS3

Ezekiel 29 in the SBIKS

Ezekiel 29 in the SBIKS2

Ezekiel 29 in the SBIMS

Ezekiel 29 in the SBIOS

Ezekiel 29 in the SBIPS

Ezekiel 29 in the SBISS

Ezekiel 29 in the SBITS

Ezekiel 29 in the SBITS2

Ezekiel 29 in the SBITS3

Ezekiel 29 in the SBITS4

Ezekiel 29 in the SBIUS

Ezekiel 29 in the SBIVS

Ezekiel 29 in the SBT

Ezekiel 29 in the SBT1E

Ezekiel 29 in the SCHL

Ezekiel 29 in the SNT

Ezekiel 29 in the SUSU

Ezekiel 29 in the SUSU2

Ezekiel 29 in the SYNO

Ezekiel 29 in the TBIAOTANT

Ezekiel 29 in the TBT1E

Ezekiel 29 in the TBT1E2

Ezekiel 29 in the TFTIP

Ezekiel 29 in the TFTU

Ezekiel 29 in the TGNTATF3T

Ezekiel 29 in the THAI

Ezekiel 29 in the TNFD

Ezekiel 29 in the TNT

Ezekiel 29 in the TNTIK

Ezekiel 29 in the TNTIL

Ezekiel 29 in the TNTIN

Ezekiel 29 in the TNTIP

Ezekiel 29 in the TNTIZ

Ezekiel 29 in the TOMA

Ezekiel 29 in the TTENT

Ezekiel 29 in the UBG

Ezekiel 29 in the UGV

Ezekiel 29 in the UGV2

Ezekiel 29 in the UGV3

Ezekiel 29 in the VBL

Ezekiel 29 in the VDCC

Ezekiel 29 in the YALU

Ezekiel 29 in the YAPE

Ezekiel 29 in the YBVTP

Ezekiel 29 in the ZBP