Ezekiel 38 (BOECS)

1 Yehowa ƒe nya va nam be, 2 “Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu, 3 eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal. 4 Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame. 5 Persia, Kus kple Put akpe ɖe wo ŋu, wo katã woakpla akpoxɔnuwo, eye woaɖɔ gakukuwo, 6 Gomer hã kple eƒe aʋawɔlawo katã kple Bet Togarma tso keke anyiehe ke kple eƒe aʋawɔlawo katã, dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.” 7 “Nɔ klalo, nàdzra ɖo, wò kple ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye nànɔ wo nu. 8 Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie. 9 Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.” 10 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le ŋkeke ma dzi la, susuwo aɖo ta me na wò, eye nàwɔ ɖoɖo vɔ̃ aɖe.” 11 Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o. 12 Maha wo, eye makɔ nye asi dzi ɖe du siwo gbã, eye wogbugbɔ wo tu kple ame siwo nu woƒo ƒui tso dukɔwo me, ame siwo si lãwo kple nunɔamesiwo le, eye wole anyigba la titina la ŋu.” 13 Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?” 14 Eya ta Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na Gog be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Gbe ma gbe ne nye amewo, Israelviwo ɖe dzi ɖi le dedinɔnɔ me la, màde dzesii oa? 15 Àva tso wò nɔƒe le anyiehe ƒe didiƒe, wò kple dukɔ geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔwo dzi, ameha gã aɖe kple aʋakɔ dranyi aɖe. 16 Àlu ɖe nye dukɔ, Israel, dzi abe lilikpo si atsyɔ anyigba la dzi ene. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, O! Gog, mana nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo adze sim ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to dziwò le woƒe ŋkume. 17 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu. 18 Nu siae adzɔ gbe ma gbe. Ne Gog ho aʋa ɖe Israelnyigba ŋu la, mado dziku helĩhelĩ; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 19 Le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe helĩhelĩ me la, megblɔ be, le ɣe ma ɣi me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe anɔ Israelnyigba dzi. 20 Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu. 21 Mana yi natso ɖe Gog ŋu le nye toawo katã dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu. 22 Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi. 23 Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”

In Other Versions

Ezekiel 38 in the ANGEFD

Ezekiel 38 in the ANTPNG2D

Ezekiel 38 in the AS21

Ezekiel 38 in the BAGH

Ezekiel 38 in the BBPNG

Ezekiel 38 in the BBT1E

Ezekiel 38 in the BDS

Ezekiel 38 in the BEV

Ezekiel 38 in the BHAD

Ezekiel 38 in the BIB

Ezekiel 38 in the BLPT

Ezekiel 38 in the BNT

Ezekiel 38 in the BNTABOOT

Ezekiel 38 in the BNTLV

Ezekiel 38 in the BOATCB

Ezekiel 38 in the BOATCB2

Ezekiel 38 in the BOBCV

Ezekiel 38 in the BOCNT

Ezekiel 38 in the BOGWICC

Ezekiel 38 in the BOHCB

Ezekiel 38 in the BOHCV

Ezekiel 38 in the BOHLNT

Ezekiel 38 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 38 in the BOICB

Ezekiel 38 in the BOILNTAP

Ezekiel 38 in the BOITCV

Ezekiel 38 in the BOKCV

Ezekiel 38 in the BOKCV2

Ezekiel 38 in the BOKHWOG

Ezekiel 38 in the BOKSSV

Ezekiel 38 in the BOLCB

Ezekiel 38 in the BOLCB2

Ezekiel 38 in the BOMCV

Ezekiel 38 in the BONAV

Ezekiel 38 in the BONCB

Ezekiel 38 in the BONLT

Ezekiel 38 in the BONUT2

Ezekiel 38 in the BOPLNT

Ezekiel 38 in the BOSCB

Ezekiel 38 in the BOSNC

Ezekiel 38 in the BOTLNT

Ezekiel 38 in the BOVCB

Ezekiel 38 in the BOYCB

Ezekiel 38 in the BPBB

Ezekiel 38 in the BPH

Ezekiel 38 in the BSB

Ezekiel 38 in the CCB

Ezekiel 38 in the CUV

Ezekiel 38 in the CUVS

Ezekiel 38 in the DBT

Ezekiel 38 in the DGDNT

Ezekiel 38 in the DHNT

Ezekiel 38 in the DNT

Ezekiel 38 in the ELBE

Ezekiel 38 in the EMTV

Ezekiel 38 in the ESV

Ezekiel 38 in the FBV

Ezekiel 38 in the FEB

Ezekiel 38 in the GGMNT

Ezekiel 38 in the GNT

Ezekiel 38 in the HARY

Ezekiel 38 in the HNT

Ezekiel 38 in the IRVA

Ezekiel 38 in the IRVB

Ezekiel 38 in the IRVG

Ezekiel 38 in the IRVH

Ezekiel 38 in the IRVK

Ezekiel 38 in the IRVM

Ezekiel 38 in the IRVM2

Ezekiel 38 in the IRVO

Ezekiel 38 in the IRVP

Ezekiel 38 in the IRVT

Ezekiel 38 in the IRVT2

Ezekiel 38 in the IRVU

Ezekiel 38 in the ISVN

Ezekiel 38 in the JSNT

Ezekiel 38 in the KAPI

Ezekiel 38 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 38 in the KBV

Ezekiel 38 in the KJV

Ezekiel 38 in the KNFD

Ezekiel 38 in the LBA

Ezekiel 38 in the LBLA

Ezekiel 38 in the LNT

Ezekiel 38 in the LSV

Ezekiel 38 in the MAAL

Ezekiel 38 in the MBV

Ezekiel 38 in the MBV2

Ezekiel 38 in the MHNT

Ezekiel 38 in the MKNFD

Ezekiel 38 in the MNG

Ezekiel 38 in the MNT

Ezekiel 38 in the MNT2

Ezekiel 38 in the MRS1T

Ezekiel 38 in the NAA

Ezekiel 38 in the NASB

Ezekiel 38 in the NBLA

Ezekiel 38 in the NBS

Ezekiel 38 in the NBVTP

Ezekiel 38 in the NET2

Ezekiel 38 in the NIV11

Ezekiel 38 in the NNT

Ezekiel 38 in the NNT2

Ezekiel 38 in the NNT3

Ezekiel 38 in the PDDPT

Ezekiel 38 in the PFNT

Ezekiel 38 in the RMNT

Ezekiel 38 in the SBIAS

Ezekiel 38 in the SBIBS

Ezekiel 38 in the SBIBS2

Ezekiel 38 in the SBICS

Ezekiel 38 in the SBIDS

Ezekiel 38 in the SBIGS

Ezekiel 38 in the SBIHS

Ezekiel 38 in the SBIIS

Ezekiel 38 in the SBIIS2

Ezekiel 38 in the SBIIS3

Ezekiel 38 in the SBIKS

Ezekiel 38 in the SBIKS2

Ezekiel 38 in the SBIMS

Ezekiel 38 in the SBIOS

Ezekiel 38 in the SBIPS

Ezekiel 38 in the SBISS

Ezekiel 38 in the SBITS

Ezekiel 38 in the SBITS2

Ezekiel 38 in the SBITS3

Ezekiel 38 in the SBITS4

Ezekiel 38 in the SBIUS

Ezekiel 38 in the SBIVS

Ezekiel 38 in the SBT

Ezekiel 38 in the SBT1E

Ezekiel 38 in the SCHL

Ezekiel 38 in the SNT

Ezekiel 38 in the SUSU

Ezekiel 38 in the SUSU2

Ezekiel 38 in the SYNO

Ezekiel 38 in the TBIAOTANT

Ezekiel 38 in the TBT1E

Ezekiel 38 in the TBT1E2

Ezekiel 38 in the TFTIP

Ezekiel 38 in the TFTU

Ezekiel 38 in the TGNTATF3T

Ezekiel 38 in the THAI

Ezekiel 38 in the TNFD

Ezekiel 38 in the TNT

Ezekiel 38 in the TNTIK

Ezekiel 38 in the TNTIL

Ezekiel 38 in the TNTIN

Ezekiel 38 in the TNTIP

Ezekiel 38 in the TNTIZ

Ezekiel 38 in the TOMA

Ezekiel 38 in the TTENT

Ezekiel 38 in the UBG

Ezekiel 38 in the UGV

Ezekiel 38 in the UGV2

Ezekiel 38 in the UGV3

Ezekiel 38 in the VBL

Ezekiel 38 in the VDCC

Ezekiel 38 in the YALU

Ezekiel 38 in the YAPE

Ezekiel 38 in the YBVTP

Ezekiel 38 in the ZBP