Ezekiel 43 (BOECS)

1 Tete ame la kplɔm va agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ, 2 eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm. 3 Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi. 4 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ge ɖe gbedoxɔ la me to agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me. 5 Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me. 6 Esime ŋutsu la tsi tsitre ɖe axanye la, mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam tso gbedoxɔ la me. 7 Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o. 8 Ne wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo nu, eye gli koe tso nye kpli wo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la to woƒe ŋukpenanuwo wɔwɔ me. Ale metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me. 9 Azɔ la, na woaɖe woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe legba siwo me agbe mele o la ɖa tso gbɔnye, ekema manɔ wo dome tegbee. 10 “Ame vi, ƒo nu tso gbedoxɔ la ŋu na Israelviwo, ale be woƒe nu vɔ̃wo nakpe ŋu na wo. Na woabu ɖoɖo la ŋu, 11 eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi. 12 “Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se. Teƒe siwo katã ƒo xlãe le to la dzi la anye teƒe kɔkɔe. Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se.” 13 “Esiawoe nye vɔsamlekpui la ƒe dzidzeme. Eƒe tsitoƒe de eme mita afã, eye wòkeke mita afã; woɖo to nɛ si kɔ asiƒo afã. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme le ale: 14 Tso tsitoƒe si le anyigba va se ɖe kɔ etetɔ ŋu le mita ɖeka, eye wòkeke mita afã. Tso kɔ suetɔ gbɔ va se ɖe kɔ gãtɔ gbɔ la kɔ mita eve, eye wòkeke mita afã. 15 Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe kɔ mita eve, eye lãdzo eve tso dzodoƒe la ŋu do ɖe yame. 16 Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe sɔ le didime kple kekeme siaa, eye ɖe sia ɖe nye mita ade. 17 Kɔ yametɔ hã sɔ le didime kple kekeme me, eye ɖe sia ɖe didi mita adre, woɖo to nɛ ƒo xlã wòkɔ mita afã ƒe afã. Tsitoƒe la de eme mita afã ƒo xlã va kpe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo dze ŋgɔ ɣedzeƒe.” 18 Tete wògblɔ nam be, “Ame vi, nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe anye ɖoɖowo na numevɔsawo kple ʋuhehlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne wotui. 19 Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 20 Ele na wò be nàku lã la ƒe ʋu aɖe asi ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzo eneawo kple kɔ eneawo ƒe dzogoewo ŋu aƒo xlã kpe ɖo, ale nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu, eye nàlé avu ɖe enu. 21 Ele na wò be nàtsɔ nyitsu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàtɔ dzoe le teƒe si woɖo ɖi nɛ le gbedoxɔ la me le kɔkɔeƒe la godo. 22 “Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene. 23 Ne èwu eŋutikɔkɔ nu vɔ la, ele na wò be nàna nyitsu fɛ̃ aɖe kple agbo aɖe tso lãha la me; kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. 24 Ele na wò be nàna wo le Yehowa ŋkume, eye nunɔlaawo awu dze ɖe wo dzi, eye woatsɔ wo asa numevɔe na Yehowa. 25 “Ele na wò be nàna gbɔ̃tsu ɖeka gbe sia gbe, ŋkeke adre hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàgana nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo ɖeka tso lãha la me, kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. 26 Woawɔ avuléle ɖe vɔsamlekpui la nu ŋkeke adre, wɔakɔ eŋuti, eye woatsɔe ana. 27 Le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu, tso ŋkeke enyilia gbe yina la, nunɔlaawo awɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo le vɔsamlekpui la dzi. Ekema maxɔ mi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

In Other Versions

Ezekiel 43 in the ANGEFD

Ezekiel 43 in the ANTPNG2D

Ezekiel 43 in the AS21

Ezekiel 43 in the BAGH

Ezekiel 43 in the BBPNG

Ezekiel 43 in the BBT1E

Ezekiel 43 in the BDS

Ezekiel 43 in the BEV

Ezekiel 43 in the BHAD

Ezekiel 43 in the BIB

Ezekiel 43 in the BLPT

Ezekiel 43 in the BNT

Ezekiel 43 in the BNTABOOT

Ezekiel 43 in the BNTLV

Ezekiel 43 in the BOATCB

Ezekiel 43 in the BOATCB2

Ezekiel 43 in the BOBCV

Ezekiel 43 in the BOCNT

Ezekiel 43 in the BOGWICC

Ezekiel 43 in the BOHCB

Ezekiel 43 in the BOHCV

Ezekiel 43 in the BOHLNT

Ezekiel 43 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 43 in the BOICB

Ezekiel 43 in the BOILNTAP

Ezekiel 43 in the BOITCV

Ezekiel 43 in the BOKCV

Ezekiel 43 in the BOKCV2

Ezekiel 43 in the BOKHWOG

Ezekiel 43 in the BOKSSV

Ezekiel 43 in the BOLCB

Ezekiel 43 in the BOLCB2

Ezekiel 43 in the BOMCV

Ezekiel 43 in the BONAV

Ezekiel 43 in the BONCB

Ezekiel 43 in the BONLT

Ezekiel 43 in the BONUT2

Ezekiel 43 in the BOPLNT

Ezekiel 43 in the BOSCB

Ezekiel 43 in the BOSNC

Ezekiel 43 in the BOTLNT

Ezekiel 43 in the BOVCB

Ezekiel 43 in the BOYCB

Ezekiel 43 in the BPBB

Ezekiel 43 in the BPH

Ezekiel 43 in the BSB

Ezekiel 43 in the CCB

Ezekiel 43 in the CUV

Ezekiel 43 in the CUVS

Ezekiel 43 in the DBT

Ezekiel 43 in the DGDNT

Ezekiel 43 in the DHNT

Ezekiel 43 in the DNT

Ezekiel 43 in the ELBE

Ezekiel 43 in the EMTV

Ezekiel 43 in the ESV

Ezekiel 43 in the FBV

Ezekiel 43 in the FEB

Ezekiel 43 in the GGMNT

Ezekiel 43 in the GNT

Ezekiel 43 in the HARY

Ezekiel 43 in the HNT

Ezekiel 43 in the IRVA

Ezekiel 43 in the IRVB

Ezekiel 43 in the IRVG

Ezekiel 43 in the IRVH

Ezekiel 43 in the IRVK

Ezekiel 43 in the IRVM

Ezekiel 43 in the IRVM2

Ezekiel 43 in the IRVO

Ezekiel 43 in the IRVP

Ezekiel 43 in the IRVT

Ezekiel 43 in the IRVT2

Ezekiel 43 in the IRVU

Ezekiel 43 in the ISVN

Ezekiel 43 in the JSNT

Ezekiel 43 in the KAPI

Ezekiel 43 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 43 in the KBV

Ezekiel 43 in the KJV

Ezekiel 43 in the KNFD

Ezekiel 43 in the LBA

Ezekiel 43 in the LBLA

Ezekiel 43 in the LNT

Ezekiel 43 in the LSV

Ezekiel 43 in the MAAL

Ezekiel 43 in the MBV

Ezekiel 43 in the MBV2

Ezekiel 43 in the MHNT

Ezekiel 43 in the MKNFD

Ezekiel 43 in the MNG

Ezekiel 43 in the MNT

Ezekiel 43 in the MNT2

Ezekiel 43 in the MRS1T

Ezekiel 43 in the NAA

Ezekiel 43 in the NASB

Ezekiel 43 in the NBLA

Ezekiel 43 in the NBS

Ezekiel 43 in the NBVTP

Ezekiel 43 in the NET2

Ezekiel 43 in the NIV11

Ezekiel 43 in the NNT

Ezekiel 43 in the NNT2

Ezekiel 43 in the NNT3

Ezekiel 43 in the PDDPT

Ezekiel 43 in the PFNT

Ezekiel 43 in the RMNT

Ezekiel 43 in the SBIAS

Ezekiel 43 in the SBIBS

Ezekiel 43 in the SBIBS2

Ezekiel 43 in the SBICS

Ezekiel 43 in the SBIDS

Ezekiel 43 in the SBIGS

Ezekiel 43 in the SBIHS

Ezekiel 43 in the SBIIS

Ezekiel 43 in the SBIIS2

Ezekiel 43 in the SBIIS3

Ezekiel 43 in the SBIKS

Ezekiel 43 in the SBIKS2

Ezekiel 43 in the SBIMS

Ezekiel 43 in the SBIOS

Ezekiel 43 in the SBIPS

Ezekiel 43 in the SBISS

Ezekiel 43 in the SBITS

Ezekiel 43 in the SBITS2

Ezekiel 43 in the SBITS3

Ezekiel 43 in the SBITS4

Ezekiel 43 in the SBIUS

Ezekiel 43 in the SBIVS

Ezekiel 43 in the SBT

Ezekiel 43 in the SBT1E

Ezekiel 43 in the SCHL

Ezekiel 43 in the SNT

Ezekiel 43 in the SUSU

Ezekiel 43 in the SUSU2

Ezekiel 43 in the SYNO

Ezekiel 43 in the TBIAOTANT

Ezekiel 43 in the TBT1E

Ezekiel 43 in the TBT1E2

Ezekiel 43 in the TFTIP

Ezekiel 43 in the TFTU

Ezekiel 43 in the TGNTATF3T

Ezekiel 43 in the THAI

Ezekiel 43 in the TNFD

Ezekiel 43 in the TNT

Ezekiel 43 in the TNTIK

Ezekiel 43 in the TNTIL

Ezekiel 43 in the TNTIN

Ezekiel 43 in the TNTIP

Ezekiel 43 in the TNTIZ

Ezekiel 43 in the TOMA

Ezekiel 43 in the TTENT

Ezekiel 43 in the UBG

Ezekiel 43 in the UGV

Ezekiel 43 in the UGV2

Ezekiel 43 in the UGV3

Ezekiel 43 in the VBL

Ezekiel 43 in the VDCC

Ezekiel 43 in the YALU

Ezekiel 43 in the YAPE

Ezekiel 43 in the YBVTP

Ezekiel 43 in the ZBP