Genesis 1 (BOECS)
1 Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. 2 Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi. 3 Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do. 4 Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ. 5 Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ. 6 Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.” 7 Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme. 8 Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia. 9 Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema. 10 Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be “anyigba,” eye wòyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be, “atsiaƒuwo.” Mawu kpɔe be enyo. 11 Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. 12 Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo. 13 Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia. 14 Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo, 15 eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema. 16 Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. 17 Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba, 18 aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu. 19 Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia. 20 Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.” 21 Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo. 22 Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.” 23 Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia. 24 Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema. 25 Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo dometɔ ɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo. 26 Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.” 27 Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. 28 Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.” 29 Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene. 30 Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema. 31 Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.
In Other Versions
Genesis 1 in the ANGEFD
Genesis 1 in the ANTPNG2D
Genesis 1 in the AS21
Genesis 1 in the BAGH
Genesis 1 in the BBPNG
Genesis 1 in the BBT1E
Genesis 1 in the BDS
Genesis 1 in the BEV
Genesis 1 in the BHAD
Genesis 1 in the BIB
Genesis 1 in the BLPT
Genesis 1 in the BNT
Genesis 1 in the BNTABOOT
Genesis 1 in the BNTLV
Genesis 1 in the BOATCB
Genesis 1 in the BOATCB2
Genesis 1 in the BOBCV
Genesis 1 in the BOCNT
Genesis 1 in the BOGWICC
Genesis 1 in the BOHCB
Genesis 1 in the BOHCV
Genesis 1 in the BOHLNT
Genesis 1 in the BOHNTLTAL
Genesis 1 in the BOICB
Genesis 1 in the BOILNTAP
Genesis 1 in the BOITCV
Genesis 1 in the BOKCV
Genesis 1 in the BOKCV2
Genesis 1 in the BOKHWOG
Genesis 1 in the BOKSSV
Genesis 1 in the BOLCB
Genesis 1 in the BOLCB2
Genesis 1 in the BOMCV
Genesis 1 in the BONAV
Genesis 1 in the BONCB
Genesis 1 in the BONLT
Genesis 1 in the BONUT2
Genesis 1 in the BOPLNT
Genesis 1 in the BOSCB
Genesis 1 in the BOSNC
Genesis 1 in the BOTLNT
Genesis 1 in the BOVCB
Genesis 1 in the BOYCB
Genesis 1 in the BPBB
Genesis 1 in the BPH
Genesis 1 in the BSB
Genesis 1 in the CCB
Genesis 1 in the CUV
Genesis 1 in the CUVS
Genesis 1 in the DBT
Genesis 1 in the DGDNT
Genesis 1 in the DHNT
Genesis 1 in the DNT
Genesis 1 in the ELBE
Genesis 1 in the EMTV
Genesis 1 in the ESV
Genesis 1 in the FBV
Genesis 1 in the FEB
Genesis 1 in the GGMNT
Genesis 1 in the GNT
Genesis 1 in the HARY
Genesis 1 in the HNT
Genesis 1 in the IRVA
Genesis 1 in the IRVB
Genesis 1 in the IRVG
Genesis 1 in the IRVH
Genesis 1 in the IRVK
Genesis 1 in the IRVM
Genesis 1 in the IRVM2
Genesis 1 in the IRVO
Genesis 1 in the IRVP
Genesis 1 in the IRVT
Genesis 1 in the IRVT2
Genesis 1 in the IRVU
Genesis 1 in the ISVN
Genesis 1 in the JSNT
Genesis 1 in the KAPI
Genesis 1 in the KBT1ETNIK
Genesis 1 in the KBV
Genesis 1 in the KJV
Genesis 1 in the KNFD
Genesis 1 in the LBA
Genesis 1 in the LBLA
Genesis 1 in the LNT
Genesis 1 in the LSV
Genesis 1 in the MAAL
Genesis 1 in the MBV
Genesis 1 in the MBV2
Genesis 1 in the MHNT
Genesis 1 in the MKNFD
Genesis 1 in the MNG
Genesis 1 in the MNT
Genesis 1 in the MNT2
Genesis 1 in the MRS1T
Genesis 1 in the NAA
Genesis 1 in the NASB
Genesis 1 in the NBLA
Genesis 1 in the NBS
Genesis 1 in the NBVTP
Genesis 1 in the NET2
Genesis 1 in the NIV11
Genesis 1 in the NNT
Genesis 1 in the NNT2
Genesis 1 in the NNT3
Genesis 1 in the PDDPT
Genesis 1 in the PFNT
Genesis 1 in the RMNT
Genesis 1 in the SBIAS
Genesis 1 in the SBIBS
Genesis 1 in the SBIBS2
Genesis 1 in the SBICS
Genesis 1 in the SBIDS
Genesis 1 in the SBIGS
Genesis 1 in the SBIHS
Genesis 1 in the SBIIS
Genesis 1 in the SBIIS2
Genesis 1 in the SBIIS3
Genesis 1 in the SBIKS
Genesis 1 in the SBIKS2
Genesis 1 in the SBIMS
Genesis 1 in the SBIOS
Genesis 1 in the SBIPS
Genesis 1 in the SBISS
Genesis 1 in the SBITS
Genesis 1 in the SBITS2
Genesis 1 in the SBITS3
Genesis 1 in the SBITS4
Genesis 1 in the SBIUS
Genesis 1 in the SBIVS
Genesis 1 in the SBT
Genesis 1 in the SBT1E
Genesis 1 in the SCHL
Genesis 1 in the SNT
Genesis 1 in the SUSU
Genesis 1 in the SUSU2
Genesis 1 in the SYNO
Genesis 1 in the TBIAOTANT
Genesis 1 in the TBT1E
Genesis 1 in the TBT1E2
Genesis 1 in the TFTIP
Genesis 1 in the TFTU
Genesis 1 in the TGNTATF3T
Genesis 1 in the THAI
Genesis 1 in the TNFD
Genesis 1 in the TNT
Genesis 1 in the TNTIK
Genesis 1 in the TNTIL
Genesis 1 in the TNTIN
Genesis 1 in the TNTIP
Genesis 1 in the TNTIZ
Genesis 1 in the TOMA
Genesis 1 in the TTENT
Genesis 1 in the UBG
Genesis 1 in the UGV
Genesis 1 in the UGV2
Genesis 1 in the UGV3
Genesis 1 in the VBL
Genesis 1 in the VDCC
Genesis 1 in the YALU
Genesis 1 in the YAPE
Genesis 1 in the YBVTP
Genesis 1 in the ZBP