Genesis 39 (BOECS)

1 Esi Ismaeletɔwo kplɔ Yosef yi Egipte la, wodzrae abe kluvi ene na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ŋumewo dometɔ ɖeka. Eganye Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã kple aƒedzikpɔlawo ƒe amega hã. 2 Yehowa yra Yosef le eƒe aƒetɔ si nye Egiptetɔ la ƒe aƒe me ale gbegbe be nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi. 3 Potifar de dzesii be Yehowa li kple Yosef le mɔ tɔxɛ aɖe nu, 4 eya ta Potifar lɔ̃ Yosef. Etsɔe ɖo eƒe aƒemenuwo kple eƒe dɔwɔnawo dzi kpɔkpɔ nu. 5 Enumake Yehowa de asi Potifar yayra me ɖe Yosef ta. Eƒe aƒemenyawo katã tsɔ afɔ nyuie; eƒe agblemenukuwo ʋã nyuie, eye eƒe lãwo hã dzi ɖe edzi, 6 eya ta Potifar tsɔ nu siwo katã nɔ esi la dzi kpɔkpɔ de esi. Zi ale si Yosef li ko la, megatsia dzi ɖe naneke ŋu o, negbe nu si wòadi be yeaɖu ko! Ke Yosef nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe. 7 Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye. 8 Yosef gbe hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu. 9 Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.” 10 Ke Potifar srɔ̃ ganɔ nya la ƒom ɖe Yosef nu kokoko gbe sia gbe, gake Yosef do tokui, eye wòdea axa nɛ ale si wòate ŋui. 11 Gbe ɖeka esi Yosef nɔ eƒe aƒemedɔwo wɔm, eye ame bubu aɖeke menɔ afi ma lɔƒo o la, 12 Potifar srɔ̃ va lé awu ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dɔ gbɔnye!” Yosef ʋli le esi, ke le ʋiʋlia me la, eƒe dziwui tsi nyɔnu la si. Yosef si do le xɔa me. 13 Esi Potifar srɔ̃ kpɔ be eƒe awu tsi ye si, eye wòsi dzo la, 14 eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia vɛ be wòado ŋukpe mí! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli. 15 Esi wòse medo ɣli be amewo nava xɔ nam la, egblẽ eƒe awu ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.” 16 Etsɔ awu la dzra ɖo, eye esi srɔ̃a gbɔ fiẽ ma la, 17 egblɔ nya blibo la nɛ be, “Hebri kluvi ma si nèkplɔ va afi sia la di be yeadɔ gbɔnye sesẽtɔe. 18 Nye ɣlidodo koe ɖem tso eƒe asi me. Esi dzo hegblẽ eƒe awu ɖe megbe!” 19 Esi Potifar se nya sia la, edo dɔmedzoe. 20 Elé Yosef de gaxɔ me, afi si wodea ga fia Farao ƒe gaxɔmenɔlawo ɖo. 21 Ke Yehowa ganɔ kple Yosef le afi ma hã; eve enu, eye wòna gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã ƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu. 22 Eteƒe medidi o la, gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã la tsɔ gaxɔa dzi kpɔkpɔ de asi na Yosef, eye gaxɔmenɔla bubuawo katã nɔ ete. 23 Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa nɔ kplii, eye nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.

In Other Versions

Genesis 39 in the ANGEFD

Genesis 39 in the ANTPNG2D

Genesis 39 in the AS21

Genesis 39 in the BAGH

Genesis 39 in the BBPNG

Genesis 39 in the BBT1E

Genesis 39 in the BDS

Genesis 39 in the BEV

Genesis 39 in the BHAD

Genesis 39 in the BIB

Genesis 39 in the BLPT

Genesis 39 in the BNT

Genesis 39 in the BNTABOOT

Genesis 39 in the BNTLV

Genesis 39 in the BOATCB

Genesis 39 in the BOATCB2

Genesis 39 in the BOBCV

Genesis 39 in the BOCNT

Genesis 39 in the BOGWICC

Genesis 39 in the BOHCB

Genesis 39 in the BOHCV

Genesis 39 in the BOHLNT

Genesis 39 in the BOHNTLTAL

Genesis 39 in the BOICB

Genesis 39 in the BOILNTAP

Genesis 39 in the BOITCV

Genesis 39 in the BOKCV

Genesis 39 in the BOKCV2

Genesis 39 in the BOKHWOG

Genesis 39 in the BOKSSV

Genesis 39 in the BOLCB

Genesis 39 in the BOLCB2

Genesis 39 in the BOMCV

Genesis 39 in the BONAV

Genesis 39 in the BONCB

Genesis 39 in the BONLT

Genesis 39 in the BONUT2

Genesis 39 in the BOPLNT

Genesis 39 in the BOSCB

Genesis 39 in the BOSNC

Genesis 39 in the BOTLNT

Genesis 39 in the BOVCB

Genesis 39 in the BOYCB

Genesis 39 in the BPBB

Genesis 39 in the BPH

Genesis 39 in the BSB

Genesis 39 in the CCB

Genesis 39 in the CUV

Genesis 39 in the CUVS

Genesis 39 in the DBT

Genesis 39 in the DGDNT

Genesis 39 in the DHNT

Genesis 39 in the DNT

Genesis 39 in the ELBE

Genesis 39 in the EMTV

Genesis 39 in the ESV

Genesis 39 in the FBV

Genesis 39 in the FEB

Genesis 39 in the GGMNT

Genesis 39 in the GNT

Genesis 39 in the HARY

Genesis 39 in the HNT

Genesis 39 in the IRVA

Genesis 39 in the IRVB

Genesis 39 in the IRVG

Genesis 39 in the IRVH

Genesis 39 in the IRVK

Genesis 39 in the IRVM

Genesis 39 in the IRVM2

Genesis 39 in the IRVO

Genesis 39 in the IRVP

Genesis 39 in the IRVT

Genesis 39 in the IRVT2

Genesis 39 in the IRVU

Genesis 39 in the ISVN

Genesis 39 in the JSNT

Genesis 39 in the KAPI

Genesis 39 in the KBT1ETNIK

Genesis 39 in the KBV

Genesis 39 in the KJV

Genesis 39 in the KNFD

Genesis 39 in the LBA

Genesis 39 in the LBLA

Genesis 39 in the LNT

Genesis 39 in the LSV

Genesis 39 in the MAAL

Genesis 39 in the MBV

Genesis 39 in the MBV2

Genesis 39 in the MHNT

Genesis 39 in the MKNFD

Genesis 39 in the MNG

Genesis 39 in the MNT

Genesis 39 in the MNT2

Genesis 39 in the MRS1T

Genesis 39 in the NAA

Genesis 39 in the NASB

Genesis 39 in the NBLA

Genesis 39 in the NBS

Genesis 39 in the NBVTP

Genesis 39 in the NET2

Genesis 39 in the NIV11

Genesis 39 in the NNT

Genesis 39 in the NNT2

Genesis 39 in the NNT3

Genesis 39 in the PDDPT

Genesis 39 in the PFNT

Genesis 39 in the RMNT

Genesis 39 in the SBIAS

Genesis 39 in the SBIBS

Genesis 39 in the SBIBS2

Genesis 39 in the SBICS

Genesis 39 in the SBIDS

Genesis 39 in the SBIGS

Genesis 39 in the SBIHS

Genesis 39 in the SBIIS

Genesis 39 in the SBIIS2

Genesis 39 in the SBIIS3

Genesis 39 in the SBIKS

Genesis 39 in the SBIKS2

Genesis 39 in the SBIMS

Genesis 39 in the SBIOS

Genesis 39 in the SBIPS

Genesis 39 in the SBISS

Genesis 39 in the SBITS

Genesis 39 in the SBITS2

Genesis 39 in the SBITS3

Genesis 39 in the SBITS4

Genesis 39 in the SBIUS

Genesis 39 in the SBIVS

Genesis 39 in the SBT

Genesis 39 in the SBT1E

Genesis 39 in the SCHL

Genesis 39 in the SNT

Genesis 39 in the SUSU

Genesis 39 in the SUSU2

Genesis 39 in the SYNO

Genesis 39 in the TBIAOTANT

Genesis 39 in the TBT1E

Genesis 39 in the TBT1E2

Genesis 39 in the TFTIP

Genesis 39 in the TFTU

Genesis 39 in the TGNTATF3T

Genesis 39 in the THAI

Genesis 39 in the TNFD

Genesis 39 in the TNT

Genesis 39 in the TNTIK

Genesis 39 in the TNTIL

Genesis 39 in the TNTIN

Genesis 39 in the TNTIP

Genesis 39 in the TNTIZ

Genesis 39 in the TOMA

Genesis 39 in the TTENT

Genesis 39 in the UBG

Genesis 39 in the UGV

Genesis 39 in the UGV2

Genesis 39 in the UGV3

Genesis 39 in the VBL

Genesis 39 in the VDCC

Genesis 39 in the YALU

Genesis 39 in the YAPE

Genesis 39 in the YBVTP

Genesis 39 in the ZBP