Genesis 40 (BOECS)
1 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egipte fia ƒe ahakula kple aboloƒola da vo ɖe woƒe aƒetɔ ŋu. 2 Farao do dɔmedzoe ɖe dɔwɔla eve siawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã ŋu, 3 eye wòlé wo ame eveawo de gaxɔ si me Yosef nɔ le Potifar, ame si nye fiaŋumewo ƒe amegã la ƒe mɔ me. 4 Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi. 5 Le zã aɖe me la, ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe, fia ƒe ahakula kple abolomela ku drɔ̃e vovovowo. Drɔ̃e ɖe sia ɖe kple egɔmeɖeɖe. 6 Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui. 7 Yosef bia wo be, “Nu ka tututue le mia wɔm?” 8 Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.”Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.” 9 Ale ahakulawo ƒe amegã la lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef. Egblɔ nɛ be, “Mekpɔ wainka aɖe le ŋgɔnye le nye drɔ̃e la me, 10 eye alɔ etɔ̃ nɔ wainka la ŋu. Esi wode asi dzedze kple seƒoƒo me ko la, woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me. 11 Melé Farao ƒe ahakplu ɖe asi, ale megbe waintsetseawo, eye mefia wo ɖe kplu la me hetsɔ na fia la be wòano.” 12 Yosef gblɔ nɛ be, “Mese wo drɔ̃e la gɔme. Alɔdze etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃! 13 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao aɖe wò tso gaxɔ me, eye wòana nàgayi wò dɔ dzi abe ahakula ene. 14 Ne ègatrɔ yi wò dɔ me, eye mi kple Farao dome gava nyo la, meɖe kuku na wò be nàve nunye, aɖo ŋku dzinye na Farao be wòaɖem le gaxɔ me, 15 elabena woƒlem dzoe tso nye amewo, Hebritɔwo dome; kpe ɖe esia ŋu la, meva le gaxɔ me le afi sia le esime nyemewɔ naneke si dze na gaxɔmenɔnɔ o.” 16 Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta; 17 abolo ƒomevi vovovowo le kusi edzitɔ me na Farao, ke xeviwo va ɖu wo keŋkeŋ.” 18 Yosef gblɔ nɛ be, “Drɔ̃e la gɔmee nye be kusi etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃. 19 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.” 20 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ. 21 Tete wògatsɔ ahakulawo ƒe amegã ƒe dɔ nɛ; 22 ke etso kufia na aboloƒolawo ƒe amegã ya be woatɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu abe ale si Yosef gblɔe do ŋgɔ tututu ene. 23 Ke Farao ƒe ahakulawo ƒe amegã la ŋlɔ Yosef be enumake, eye megabua eŋu kura o.
In Other Versions
Genesis 40 in the ANGEFD
Genesis 40 in the ANTPNG2D
Genesis 40 in the AS21
Genesis 40 in the BAGH
Genesis 40 in the BBPNG
Genesis 40 in the BBT1E
Genesis 40 in the BDS
Genesis 40 in the BEV
Genesis 40 in the BHAD
Genesis 40 in the BIB
Genesis 40 in the BLPT
Genesis 40 in the BNT
Genesis 40 in the BNTABOOT
Genesis 40 in the BNTLV
Genesis 40 in the BOATCB
Genesis 40 in the BOATCB2
Genesis 40 in the BOBCV
Genesis 40 in the BOCNT
Genesis 40 in the BOGWICC
Genesis 40 in the BOHCB
Genesis 40 in the BOHCV
Genesis 40 in the BOHLNT
Genesis 40 in the BOHNTLTAL
Genesis 40 in the BOICB
Genesis 40 in the BOILNTAP
Genesis 40 in the BOITCV
Genesis 40 in the BOKCV
Genesis 40 in the BOKCV2
Genesis 40 in the BOKHWOG
Genesis 40 in the BOKSSV
Genesis 40 in the BOLCB
Genesis 40 in the BOLCB2
Genesis 40 in the BOMCV
Genesis 40 in the BONAV
Genesis 40 in the BONCB
Genesis 40 in the BONLT
Genesis 40 in the BONUT2
Genesis 40 in the BOPLNT
Genesis 40 in the BOSCB
Genesis 40 in the BOSNC
Genesis 40 in the BOTLNT
Genesis 40 in the BOVCB
Genesis 40 in the BOYCB
Genesis 40 in the BPBB
Genesis 40 in the BPH
Genesis 40 in the BSB
Genesis 40 in the CCB
Genesis 40 in the CUV
Genesis 40 in the CUVS
Genesis 40 in the DBT
Genesis 40 in the DGDNT
Genesis 40 in the DHNT
Genesis 40 in the DNT
Genesis 40 in the ELBE
Genesis 40 in the EMTV
Genesis 40 in the ESV
Genesis 40 in the FBV
Genesis 40 in the FEB
Genesis 40 in the GGMNT
Genesis 40 in the GNT
Genesis 40 in the HARY
Genesis 40 in the HNT
Genesis 40 in the IRVA
Genesis 40 in the IRVB
Genesis 40 in the IRVG
Genesis 40 in the IRVH
Genesis 40 in the IRVK
Genesis 40 in the IRVM
Genesis 40 in the IRVM2
Genesis 40 in the IRVO
Genesis 40 in the IRVP
Genesis 40 in the IRVT
Genesis 40 in the IRVT2
Genesis 40 in the IRVU
Genesis 40 in the ISVN
Genesis 40 in the JSNT
Genesis 40 in the KAPI
Genesis 40 in the KBT1ETNIK
Genesis 40 in the KBV
Genesis 40 in the KJV
Genesis 40 in the KNFD
Genesis 40 in the LBA
Genesis 40 in the LBLA
Genesis 40 in the LNT
Genesis 40 in the LSV
Genesis 40 in the MAAL
Genesis 40 in the MBV
Genesis 40 in the MBV2
Genesis 40 in the MHNT
Genesis 40 in the MKNFD
Genesis 40 in the MNG
Genesis 40 in the MNT
Genesis 40 in the MNT2
Genesis 40 in the MRS1T
Genesis 40 in the NAA
Genesis 40 in the NASB
Genesis 40 in the NBLA
Genesis 40 in the NBS
Genesis 40 in the NBVTP
Genesis 40 in the NET2
Genesis 40 in the NIV11
Genesis 40 in the NNT
Genesis 40 in the NNT2
Genesis 40 in the NNT3
Genesis 40 in the PDDPT
Genesis 40 in the PFNT
Genesis 40 in the RMNT
Genesis 40 in the SBIAS
Genesis 40 in the SBIBS
Genesis 40 in the SBIBS2
Genesis 40 in the SBICS
Genesis 40 in the SBIDS
Genesis 40 in the SBIGS
Genesis 40 in the SBIHS
Genesis 40 in the SBIIS
Genesis 40 in the SBIIS2
Genesis 40 in the SBIIS3
Genesis 40 in the SBIKS
Genesis 40 in the SBIKS2
Genesis 40 in the SBIMS
Genesis 40 in the SBIOS
Genesis 40 in the SBIPS
Genesis 40 in the SBISS
Genesis 40 in the SBITS
Genesis 40 in the SBITS2
Genesis 40 in the SBITS3
Genesis 40 in the SBITS4
Genesis 40 in the SBIUS
Genesis 40 in the SBIVS
Genesis 40 in the SBT
Genesis 40 in the SBT1E
Genesis 40 in the SCHL
Genesis 40 in the SNT
Genesis 40 in the SUSU
Genesis 40 in the SUSU2
Genesis 40 in the SYNO
Genesis 40 in the TBIAOTANT
Genesis 40 in the TBT1E
Genesis 40 in the TBT1E2
Genesis 40 in the TFTIP
Genesis 40 in the TFTU
Genesis 40 in the TGNTATF3T
Genesis 40 in the THAI
Genesis 40 in the TNFD
Genesis 40 in the TNT
Genesis 40 in the TNTIK
Genesis 40 in the TNTIL
Genesis 40 in the TNTIN
Genesis 40 in the TNTIP
Genesis 40 in the TNTIZ
Genesis 40 in the TOMA
Genesis 40 in the TTENT
Genesis 40 in the UBG
Genesis 40 in the UGV
Genesis 40 in the UGV2
Genesis 40 in the UGV3
Genesis 40 in the VBL
Genesis 40 in the VDCC
Genesis 40 in the YALU
Genesis 40 in the YAPE
Genesis 40 in the YBVTP
Genesis 40 in the ZBP