Isaiah 41 (BOECS)

1 “Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me!Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu!Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu.Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe. 2 “Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe,heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ?Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume.Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ,eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene. 3 Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o,gake naneke mewɔe o. 4 Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go,eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke?Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo,eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.” 5 Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃.Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe,woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe; 6 ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu,eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.” 7 Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula,ganutrela de dzi ƒo na zudala.Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.”Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o. 8 “Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia.Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo. 9 Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo,meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke.Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’Metia wò, eye nyemegbe wò o, 10 eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu.Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò;matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te. 11 “Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo avaame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi,ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃,eye wo nu ava ayi. 12 Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o.Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko, 13 elabena nyee.Nye Yehowa, wò Mawu,ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’ 14 Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob,O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.”Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe. 15 “Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ siƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu.Àfanya towo, agbã wo gudugudu,eye àwɔ togbɛwo woazu fufu. 16 Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe,eye ahomuya alɔ wo ɖe nu,ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu,eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu. 17 “Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim,ke womekpɔ ɖeke o.Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta.Ke nye Yehowa, matɔ na wo;nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o. 18 Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame,eye tometsiwo nasi to balimewo.Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo,eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo. 19 Mana sedati, logoti,gboti kple amiti namie ɖe gbegbe,eye mana xeti, fɔfɔli,kple sesewu namie ɖe dzogbe. 20 Ale be amewo nakpɔe, anyae,abu eŋu, eye woase egɔme be,Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒeKɔkɔetɔ lae na wòva eme.” 21 Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to.Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe. 22 “Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ newoava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí.Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí bemíabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonualo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí. 23 Nya kae le etsɔ si na mí nemianya be mawuwoe mienye.Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃,ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí. 24 Ke miele naneke hã me o,eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o.Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu. 25 “Menyɔ ame aɖe tso anyieheeye wòle mɔ dzi gbɔna.Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe,eye wòyɔa nye ŋkɔ.Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene,efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene. 26 Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea,ne mienyae do ŋgɔ,ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’Ame aɖeke megblɔ esia o.Ame aɖeke megblɔe da ɖi o;ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o. 27 Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be,‘Kpɔ ɖa, wole afii!’Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem. 28 Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o,ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o.Ame aɖeke mele wo dome aɖo nyasi mebia wo la ŋu nam o. 29 Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko!Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o.Woƒe legbawo hã nye yakple tofloko ko.

In Other Versions

Isaiah 41 in the ANGEFD

Isaiah 41 in the ANTPNG2D

Isaiah 41 in the AS21

Isaiah 41 in the BAGH

Isaiah 41 in the BBPNG

Isaiah 41 in the BBT1E

Isaiah 41 in the BDS

Isaiah 41 in the BEV

Isaiah 41 in the BHAD

Isaiah 41 in the BIB

Isaiah 41 in the BLPT

Isaiah 41 in the BNT

Isaiah 41 in the BNTABOOT

Isaiah 41 in the BNTLV

Isaiah 41 in the BOATCB

Isaiah 41 in the BOATCB2

Isaiah 41 in the BOBCV

Isaiah 41 in the BOCNT

Isaiah 41 in the BOGWICC

Isaiah 41 in the BOHCB

Isaiah 41 in the BOHCV

Isaiah 41 in the BOHLNT

Isaiah 41 in the BOHNTLTAL

Isaiah 41 in the BOICB

Isaiah 41 in the BOILNTAP

Isaiah 41 in the BOITCV

Isaiah 41 in the BOKCV

Isaiah 41 in the BOKCV2

Isaiah 41 in the BOKHWOG

Isaiah 41 in the BOKSSV

Isaiah 41 in the BOLCB

Isaiah 41 in the BOLCB2

Isaiah 41 in the BOMCV

Isaiah 41 in the BONAV

Isaiah 41 in the BONCB

Isaiah 41 in the BONLT

Isaiah 41 in the BONUT2

Isaiah 41 in the BOPLNT

Isaiah 41 in the BOSCB

Isaiah 41 in the BOSNC

Isaiah 41 in the BOTLNT

Isaiah 41 in the BOVCB

Isaiah 41 in the BOYCB

Isaiah 41 in the BPBB

Isaiah 41 in the BPH

Isaiah 41 in the BSB

Isaiah 41 in the CCB

Isaiah 41 in the CUV

Isaiah 41 in the CUVS

Isaiah 41 in the DBT

Isaiah 41 in the DGDNT

Isaiah 41 in the DHNT

Isaiah 41 in the DNT

Isaiah 41 in the ELBE

Isaiah 41 in the EMTV

Isaiah 41 in the ESV

Isaiah 41 in the FBV

Isaiah 41 in the FEB

Isaiah 41 in the GGMNT

Isaiah 41 in the GNT

Isaiah 41 in the HARY

Isaiah 41 in the HNT

Isaiah 41 in the IRVA

Isaiah 41 in the IRVB

Isaiah 41 in the IRVG

Isaiah 41 in the IRVH

Isaiah 41 in the IRVK

Isaiah 41 in the IRVM

Isaiah 41 in the IRVM2

Isaiah 41 in the IRVO

Isaiah 41 in the IRVP

Isaiah 41 in the IRVT

Isaiah 41 in the IRVT2

Isaiah 41 in the IRVU

Isaiah 41 in the ISVN

Isaiah 41 in the JSNT

Isaiah 41 in the KAPI

Isaiah 41 in the KBT1ETNIK

Isaiah 41 in the KBV

Isaiah 41 in the KJV

Isaiah 41 in the KNFD

Isaiah 41 in the LBA

Isaiah 41 in the LBLA

Isaiah 41 in the LNT

Isaiah 41 in the LSV

Isaiah 41 in the MAAL

Isaiah 41 in the MBV

Isaiah 41 in the MBV2

Isaiah 41 in the MHNT

Isaiah 41 in the MKNFD

Isaiah 41 in the MNG

Isaiah 41 in the MNT

Isaiah 41 in the MNT2

Isaiah 41 in the MRS1T

Isaiah 41 in the NAA

Isaiah 41 in the NASB

Isaiah 41 in the NBLA

Isaiah 41 in the NBS

Isaiah 41 in the NBVTP

Isaiah 41 in the NET2

Isaiah 41 in the NIV11

Isaiah 41 in the NNT

Isaiah 41 in the NNT2

Isaiah 41 in the NNT3

Isaiah 41 in the PDDPT

Isaiah 41 in the PFNT

Isaiah 41 in the RMNT

Isaiah 41 in the SBIAS

Isaiah 41 in the SBIBS

Isaiah 41 in the SBIBS2

Isaiah 41 in the SBICS

Isaiah 41 in the SBIDS

Isaiah 41 in the SBIGS

Isaiah 41 in the SBIHS

Isaiah 41 in the SBIIS

Isaiah 41 in the SBIIS2

Isaiah 41 in the SBIIS3

Isaiah 41 in the SBIKS

Isaiah 41 in the SBIKS2

Isaiah 41 in the SBIMS

Isaiah 41 in the SBIOS

Isaiah 41 in the SBIPS

Isaiah 41 in the SBISS

Isaiah 41 in the SBITS

Isaiah 41 in the SBITS2

Isaiah 41 in the SBITS3

Isaiah 41 in the SBITS4

Isaiah 41 in the SBIUS

Isaiah 41 in the SBIVS

Isaiah 41 in the SBT

Isaiah 41 in the SBT1E

Isaiah 41 in the SCHL

Isaiah 41 in the SNT

Isaiah 41 in the SUSU

Isaiah 41 in the SUSU2

Isaiah 41 in the SYNO

Isaiah 41 in the TBIAOTANT

Isaiah 41 in the TBT1E

Isaiah 41 in the TBT1E2

Isaiah 41 in the TFTIP

Isaiah 41 in the TFTU

Isaiah 41 in the TGNTATF3T

Isaiah 41 in the THAI

Isaiah 41 in the TNFD

Isaiah 41 in the TNT

Isaiah 41 in the TNTIK

Isaiah 41 in the TNTIL

Isaiah 41 in the TNTIN

Isaiah 41 in the TNTIP

Isaiah 41 in the TNTIZ

Isaiah 41 in the TOMA

Isaiah 41 in the TTENT

Isaiah 41 in the UBG

Isaiah 41 in the UGV

Isaiah 41 in the UGV2

Isaiah 41 in the UGV3

Isaiah 41 in the VBL

Isaiah 41 in the VDCC

Isaiah 41 in the YALU

Isaiah 41 in the YAPE

Isaiah 41 in the YBVTP

Isaiah 41 in the ZBP