Isaiah 8 (BOECS)
1 Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba. 2 Mayɔ nunɔla Uria kple Zekaria, Yeberekia ƒe vi be woanye ɖasefo wɔnuteƒewo nam.” 3 Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba. 4 Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.” 5 Yehowa gagblɔ nam be, 6 “Esi wònye be ame siawo gbe nu le Siloatsi si tsana blewu la gbɔ,eye wokpɔ dzidzɔ ɖe Rezinkple Remalia ƒe vi ŋu la, 7 eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi laƒe tsi nyanyra sẽŋuwo ava kɔ ɖe wo dzi.Tɔɖɔɖɔ la anye Asiria fia le eƒe ŋɔdzi katã me.Tɔ la aɖɔ agbagba, eye wòage ɖe tɔʋuwo katã me; 8 asi ato Yuda, atsyɔ edzi agbagba,eye wòaɖɔ́ va se ɖe eƒe ve ke.Eƒe aʋala akeke atsyɔ miaƒe anyigba ƒe kekeme,O! Mawu li kpli mi!” 9 Mi dukɔwo mido aʋaɣli,eye dzi naɖe le mia ƒo.Miƒu to anyi,mi ame siwo le didiƒenyigbawo dzi.Mibla akpa na aʋawɔwɔ, ke dzi neɖe le mia ƒo;mibla ali dzi, ke dzi neɖe le mia ƒo. 10 Mide aɖaŋu na aʋawɔwɔ,gake woagblẽ miaƒe aɖaŋudede,miwɔ ɖoɖowo, gake womadze edzi o,elabena Mawu li kpli mi. 11 Ale Yehowa ƒo nu kplim kple kakaɖedzi hede se nam be, magadze ame siawo yome o. 12 Mègaxɔ nugbeɖoɖo siame siawo le wɔwɔm la o,mègavɔ̃ nu siwo vɔ̃m wole la o,eye womegado ŋɔdzi na wò o. 13 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la koe nye ame si miabu kɔkɔe.Eyae nye ame si ado ŋɔdzi na mi, 14 eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kiklina Yuda kple Israel ƒe aƒe, esi woakli adze anyi.Gake anye xevimɔ kple adoboli na Yerusalemtɔwo. 15 Ame geɖewo aklii,adze anyi, eye woaŋe keŋkeŋ.Woatre mɔ alé wo. 16 Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nule nye nusrɔ̃lawo dome. 17 Makpɔ mɔ na Yehowaame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la;maɖo dzi ɖe eŋu. 18 Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ. 19 Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa? 20 Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o. 21 Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. 22 Ekema woade wo to, ke nu si ko woakpɔe nye vevesese kple viviti kple blukɔ dziŋɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me.
In Other Versions
Isaiah 8 in the ANGEFD
Isaiah 8 in the ANTPNG2D
Isaiah 8 in the AS21
Isaiah 8 in the BAGH
Isaiah 8 in the BBPNG
Isaiah 8 in the BBT1E
Isaiah 8 in the BDS
Isaiah 8 in the BEV
Isaiah 8 in the BHAD
Isaiah 8 in the BIB
Isaiah 8 in the BLPT
Isaiah 8 in the BNT
Isaiah 8 in the BNTABOOT
Isaiah 8 in the BNTLV
Isaiah 8 in the BOATCB
Isaiah 8 in the BOATCB2
Isaiah 8 in the BOBCV
Isaiah 8 in the BOCNT
Isaiah 8 in the BOGWICC
Isaiah 8 in the BOHCB
Isaiah 8 in the BOHCV
Isaiah 8 in the BOHLNT
Isaiah 8 in the BOHNTLTAL
Isaiah 8 in the BOICB
Isaiah 8 in the BOILNTAP
Isaiah 8 in the BOITCV
Isaiah 8 in the BOKCV
Isaiah 8 in the BOKCV2
Isaiah 8 in the BOKHWOG
Isaiah 8 in the BOKSSV
Isaiah 8 in the BOLCB
Isaiah 8 in the BOLCB2
Isaiah 8 in the BOMCV
Isaiah 8 in the BONAV
Isaiah 8 in the BONCB
Isaiah 8 in the BONLT
Isaiah 8 in the BONUT2
Isaiah 8 in the BOPLNT
Isaiah 8 in the BOSCB
Isaiah 8 in the BOSNC
Isaiah 8 in the BOTLNT
Isaiah 8 in the BOVCB
Isaiah 8 in the BOYCB
Isaiah 8 in the BPBB
Isaiah 8 in the BPH
Isaiah 8 in the BSB
Isaiah 8 in the CCB
Isaiah 8 in the CUV
Isaiah 8 in the CUVS
Isaiah 8 in the DBT
Isaiah 8 in the DGDNT
Isaiah 8 in the DHNT
Isaiah 8 in the DNT
Isaiah 8 in the ELBE
Isaiah 8 in the EMTV
Isaiah 8 in the ESV
Isaiah 8 in the FBV
Isaiah 8 in the FEB
Isaiah 8 in the GGMNT
Isaiah 8 in the GNT
Isaiah 8 in the HARY
Isaiah 8 in the HNT
Isaiah 8 in the IRVA
Isaiah 8 in the IRVB
Isaiah 8 in the IRVG
Isaiah 8 in the IRVH
Isaiah 8 in the IRVK
Isaiah 8 in the IRVM
Isaiah 8 in the IRVM2
Isaiah 8 in the IRVO
Isaiah 8 in the IRVP
Isaiah 8 in the IRVT
Isaiah 8 in the IRVT2
Isaiah 8 in the IRVU
Isaiah 8 in the ISVN
Isaiah 8 in the JSNT
Isaiah 8 in the KAPI
Isaiah 8 in the KBT1ETNIK
Isaiah 8 in the KBV
Isaiah 8 in the KJV
Isaiah 8 in the KNFD
Isaiah 8 in the LBA
Isaiah 8 in the LBLA
Isaiah 8 in the LNT
Isaiah 8 in the LSV
Isaiah 8 in the MAAL
Isaiah 8 in the MBV
Isaiah 8 in the MBV2
Isaiah 8 in the MHNT
Isaiah 8 in the MKNFD
Isaiah 8 in the MNG
Isaiah 8 in the MNT
Isaiah 8 in the MNT2
Isaiah 8 in the MRS1T
Isaiah 8 in the NAA
Isaiah 8 in the NASB
Isaiah 8 in the NBLA
Isaiah 8 in the NBS
Isaiah 8 in the NBVTP
Isaiah 8 in the NET2
Isaiah 8 in the NIV11
Isaiah 8 in the NNT
Isaiah 8 in the NNT2
Isaiah 8 in the NNT3
Isaiah 8 in the PDDPT
Isaiah 8 in the PFNT
Isaiah 8 in the RMNT
Isaiah 8 in the SBIAS
Isaiah 8 in the SBIBS
Isaiah 8 in the SBIBS2
Isaiah 8 in the SBICS
Isaiah 8 in the SBIDS
Isaiah 8 in the SBIGS
Isaiah 8 in the SBIHS
Isaiah 8 in the SBIIS
Isaiah 8 in the SBIIS2
Isaiah 8 in the SBIIS3
Isaiah 8 in the SBIKS
Isaiah 8 in the SBIKS2
Isaiah 8 in the SBIMS
Isaiah 8 in the SBIOS
Isaiah 8 in the SBIPS
Isaiah 8 in the SBISS
Isaiah 8 in the SBITS
Isaiah 8 in the SBITS2
Isaiah 8 in the SBITS3
Isaiah 8 in the SBITS4
Isaiah 8 in the SBIUS
Isaiah 8 in the SBIVS
Isaiah 8 in the SBT
Isaiah 8 in the SBT1E
Isaiah 8 in the SCHL
Isaiah 8 in the SNT
Isaiah 8 in the SUSU
Isaiah 8 in the SUSU2
Isaiah 8 in the SYNO
Isaiah 8 in the TBIAOTANT
Isaiah 8 in the TBT1E
Isaiah 8 in the TBT1E2
Isaiah 8 in the TFTIP
Isaiah 8 in the TFTU
Isaiah 8 in the TGNTATF3T
Isaiah 8 in the THAI
Isaiah 8 in the TNFD
Isaiah 8 in the TNT
Isaiah 8 in the TNTIK
Isaiah 8 in the TNTIL
Isaiah 8 in the TNTIN
Isaiah 8 in the TNTIP
Isaiah 8 in the TNTIZ
Isaiah 8 in the TOMA
Isaiah 8 in the TTENT
Isaiah 8 in the UBG
Isaiah 8 in the UGV
Isaiah 8 in the UGV2
Isaiah 8 in the UGV3
Isaiah 8 in the VBL
Isaiah 8 in the VDCC
Isaiah 8 in the YALU
Isaiah 8 in the YAPE
Isaiah 8 in the YBVTP
Isaiah 8 in the ZBP