James 3 (BOECS)

1 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la, woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo. 2 Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la. 3 Numega sue si míedea sɔwo ƒe nu me la, eyae nana be woɖoa to mí, eye míetea ŋu trɔa lã blibo la ɖe afi sia afi. 4 Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gãa, eye ya sesẽwo hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna, tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi la. 5 Nenema ke, ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko, gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa. 6 Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me. 7 Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa, 8 gake ame aɖeke mate ŋu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o. 9 Míetsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Fofo la, eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me. 10 Kafukafu kple fiƒode dona tso ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o. 11 Ɖe vudo ɖeka ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia? 12 Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu adzi tsi vivi o. 13 Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ kple dɔ siwo wòwɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya me la me. 14 Ke ne míaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o. 15 “Nunya” sia tɔgbi metso dziƒo o, ke boŋ etso anyigba dzi afi sia, eye wònye nu si tso Abosam gbɔ, eye eŋuti mekɔ o, 16 elabena afi si ŋuʋaʋã kple ɖokuitɔdidi vivivo le la, afi ma masɔmasɔ kple nu vlo ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna. 17 Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe. 18 Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.

In Other Versions

James 3 in the ANGEFD

James 3 in the ANTPNG2D

James 3 in the AS21

James 3 in the BAGH

James 3 in the BBPNG

James 3 in the BBT1E

James 3 in the BDS

James 3 in the BEV

James 3 in the BHAD

James 3 in the BIB

James 3 in the BLPT

James 3 in the BNT

James 3 in the BNTABOOT

James 3 in the BNTLV

James 3 in the BOATCB

James 3 in the BOATCB2

James 3 in the BOBCV

James 3 in the BOCNT

James 3 in the BOGWICC

James 3 in the BOHCB

James 3 in the BOHCV

James 3 in the BOHLNT

James 3 in the BOHNTLTAL

James 3 in the BOICB

James 3 in the BOILNTAP

James 3 in the BOITCV

James 3 in the BOKCV

James 3 in the BOKCV2

James 3 in the BOKHWOG

James 3 in the BOKSSV

James 3 in the BOLCB

James 3 in the BOLCB2

James 3 in the BOMCV

James 3 in the BONAV

James 3 in the BONCB

James 3 in the BONLT

James 3 in the BONUT2

James 3 in the BOPLNT

James 3 in the BOSCB

James 3 in the BOSNC

James 3 in the BOTLNT

James 3 in the BOVCB

James 3 in the BOYCB

James 3 in the BPBB

James 3 in the BPH

James 3 in the BSB

James 3 in the CCB

James 3 in the CUV

James 3 in the CUVS

James 3 in the DBT

James 3 in the DGDNT

James 3 in the DHNT

James 3 in the DNT

James 3 in the ELBE

James 3 in the EMTV

James 3 in the ESV

James 3 in the FBV

James 3 in the FEB

James 3 in the GGMNT

James 3 in the GNT

James 3 in the HARY

James 3 in the HNT

James 3 in the IRVA

James 3 in the IRVB

James 3 in the IRVG

James 3 in the IRVH

James 3 in the IRVK

James 3 in the IRVM

James 3 in the IRVM2

James 3 in the IRVO

James 3 in the IRVP

James 3 in the IRVT

James 3 in the IRVT2

James 3 in the IRVU

James 3 in the ISVN

James 3 in the JSNT

James 3 in the KAPI

James 3 in the KBT1ETNIK

James 3 in the KBV

James 3 in the KJV

James 3 in the KNFD

James 3 in the LBA

James 3 in the LBLA

James 3 in the LNT

James 3 in the LSV

James 3 in the MAAL

James 3 in the MBV

James 3 in the MBV2

James 3 in the MHNT

James 3 in the MKNFD

James 3 in the MNG

James 3 in the MNT

James 3 in the MNT2

James 3 in the MRS1T

James 3 in the NAA

James 3 in the NASB

James 3 in the NBLA

James 3 in the NBS

James 3 in the NBVTP

James 3 in the NET2

James 3 in the NIV11

James 3 in the NNT

James 3 in the NNT2

James 3 in the NNT3

James 3 in the PDDPT

James 3 in the PFNT

James 3 in the RMNT

James 3 in the SBIAS

James 3 in the SBIBS

James 3 in the SBIBS2

James 3 in the SBICS

James 3 in the SBIDS

James 3 in the SBIGS

James 3 in the SBIHS

James 3 in the SBIIS

James 3 in the SBIIS2

James 3 in the SBIIS3

James 3 in the SBIKS

James 3 in the SBIKS2

James 3 in the SBIMS

James 3 in the SBIOS

James 3 in the SBIPS

James 3 in the SBISS

James 3 in the SBITS

James 3 in the SBITS2

James 3 in the SBITS3

James 3 in the SBITS4

James 3 in the SBIUS

James 3 in the SBIVS

James 3 in the SBT

James 3 in the SBT1E

James 3 in the SCHL

James 3 in the SNT

James 3 in the SUSU

James 3 in the SUSU2

James 3 in the SYNO

James 3 in the TBIAOTANT

James 3 in the TBT1E

James 3 in the TBT1E2

James 3 in the TFTIP

James 3 in the TFTU

James 3 in the TGNTATF3T

James 3 in the THAI

James 3 in the TNFD

James 3 in the TNT

James 3 in the TNTIK

James 3 in the TNTIL

James 3 in the TNTIN

James 3 in the TNTIP

James 3 in the TNTIZ

James 3 in the TOMA

James 3 in the TTENT

James 3 in the UBG

James 3 in the UGV

James 3 in the UGV2

James 3 in the UGV3

James 3 in the VBL

James 3 in the VDCC

James 3 in the YALU

James 3 in the YAPE

James 3 in the YBVTP

James 3 in the ZBP