James 5 (BOECS)

1 Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta. 2 Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ nyuiwo keŋkeŋ. 3 Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tsitre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me. 4 Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. 5 Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me, eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam. 6 Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la. 7 Eya ta nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi. 8 Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖi, eye mianɔ tsitre sesĩe elabena Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ. 9 Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu. 10 Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me. 11 Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe. 12 Gawu la, nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye anyigba alo dziƒo alo nu bubu aɖe o. Miaƒe ɛ̃ nanye ɛ̃, eye miaƒe o nanye o; ne menye nenema o la, miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃. 13 Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo. 14 Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. 15 Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee. 16 Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ. 17 Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. 18 Emegbe la, egado gbe ɖa, dziƒo nu ʋu, eye tsi dza, ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo. 19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe kplɔe gbɔe la, 20 kakaɖedzi nenɔ mia si be ame sia ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la aɖe vɔ̃wɔla la tso ku me, eye woatsɔ eƒe nu vɔ̃ gbogboawo akee.

In Other Versions

James 5 in the ANGEFD

James 5 in the ANTPNG2D

James 5 in the AS21

James 5 in the BAGH

James 5 in the BBPNG

James 5 in the BBT1E

James 5 in the BDS

James 5 in the BEV

James 5 in the BHAD

James 5 in the BIB

James 5 in the BLPT

James 5 in the BNT

James 5 in the BNTABOOT

James 5 in the BNTLV

James 5 in the BOATCB

James 5 in the BOATCB2

James 5 in the BOBCV

James 5 in the BOCNT

James 5 in the BOGWICC

James 5 in the BOHCB

James 5 in the BOHCV

James 5 in the BOHLNT

James 5 in the BOHNTLTAL

James 5 in the BOICB

James 5 in the BOILNTAP

James 5 in the BOITCV

James 5 in the BOKCV

James 5 in the BOKCV2

James 5 in the BOKHWOG

James 5 in the BOKSSV

James 5 in the BOLCB

James 5 in the BOLCB2

James 5 in the BOMCV

James 5 in the BONAV

James 5 in the BONCB

James 5 in the BONLT

James 5 in the BONUT2

James 5 in the BOPLNT

James 5 in the BOSCB

James 5 in the BOSNC

James 5 in the BOTLNT

James 5 in the BOVCB

James 5 in the BOYCB

James 5 in the BPBB

James 5 in the BPH

James 5 in the BSB

James 5 in the CCB

James 5 in the CUV

James 5 in the CUVS

James 5 in the DBT

James 5 in the DGDNT

James 5 in the DHNT

James 5 in the DNT

James 5 in the ELBE

James 5 in the EMTV

James 5 in the ESV

James 5 in the FBV

James 5 in the FEB

James 5 in the GGMNT

James 5 in the GNT

James 5 in the HARY

James 5 in the HNT

James 5 in the IRVA

James 5 in the IRVB

James 5 in the IRVG

James 5 in the IRVH

James 5 in the IRVK

James 5 in the IRVM

James 5 in the IRVM2

James 5 in the IRVO

James 5 in the IRVP

James 5 in the IRVT

James 5 in the IRVT2

James 5 in the IRVU

James 5 in the ISVN

James 5 in the JSNT

James 5 in the KAPI

James 5 in the KBT1ETNIK

James 5 in the KBV

James 5 in the KJV

James 5 in the KNFD

James 5 in the LBA

James 5 in the LBLA

James 5 in the LNT

James 5 in the LSV

James 5 in the MAAL

James 5 in the MBV

James 5 in the MBV2

James 5 in the MHNT

James 5 in the MKNFD

James 5 in the MNG

James 5 in the MNT

James 5 in the MNT2

James 5 in the MRS1T

James 5 in the NAA

James 5 in the NASB

James 5 in the NBLA

James 5 in the NBS

James 5 in the NBVTP

James 5 in the NET2

James 5 in the NIV11

James 5 in the NNT

James 5 in the NNT2

James 5 in the NNT3

James 5 in the PDDPT

James 5 in the PFNT

James 5 in the RMNT

James 5 in the SBIAS

James 5 in the SBIBS

James 5 in the SBIBS2

James 5 in the SBICS

James 5 in the SBIDS

James 5 in the SBIGS

James 5 in the SBIHS

James 5 in the SBIIS

James 5 in the SBIIS2

James 5 in the SBIIS3

James 5 in the SBIKS

James 5 in the SBIKS2

James 5 in the SBIMS

James 5 in the SBIOS

James 5 in the SBIPS

James 5 in the SBISS

James 5 in the SBITS

James 5 in the SBITS2

James 5 in the SBITS3

James 5 in the SBITS4

James 5 in the SBIUS

James 5 in the SBIVS

James 5 in the SBT

James 5 in the SBT1E

James 5 in the SCHL

James 5 in the SNT

James 5 in the SUSU

James 5 in the SUSU2

James 5 in the SYNO

James 5 in the TBIAOTANT

James 5 in the TBT1E

James 5 in the TBT1E2

James 5 in the TFTIP

James 5 in the TFTU

James 5 in the TGNTATF3T

James 5 in the THAI

James 5 in the TNFD

James 5 in the TNT

James 5 in the TNTIK

James 5 in the TNTIL

James 5 in the TNTIN

James 5 in the TNTIP

James 5 in the TNTIZ

James 5 in the TOMA

James 5 in the TTENT

James 5 in the UBG

James 5 in the UGV

James 5 in the UGV2

James 5 in the UGV3

James 5 in the VBL

James 5 in the VDCC

James 5 in the YALU

James 5 in the YAPE

James 5 in the YBVTP

James 5 in the ZBP