Jeremiah 27 (BOECS)
1 Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be: 2 Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ. 3 Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi. 4 Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be, 5 Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃. 6 Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te. 7 Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi. 8 “ ‘ “Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.” ’ Yehowae gblɔe. 9 Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o. 10 Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃. 11 Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.” 12 Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe. 13 Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me? 14 Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò. 15 Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’ ” 16 Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi. 17 Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo? 18 Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o. 19 Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti. 20 Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti. 21 Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi: 22 ‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’ ” Yehowae gblɔe.
In Other Versions
Jeremiah 27 in the ANGEFD
Jeremiah 27 in the ANTPNG2D
Jeremiah 27 in the AS21
Jeremiah 27 in the BAGH
Jeremiah 27 in the BBPNG
Jeremiah 27 in the BBT1E
Jeremiah 27 in the BDS
Jeremiah 27 in the BEV
Jeremiah 27 in the BHAD
Jeremiah 27 in the BIB
Jeremiah 27 in the BLPT
Jeremiah 27 in the BNT
Jeremiah 27 in the BNTABOOT
Jeremiah 27 in the BNTLV
Jeremiah 27 in the BOATCB
Jeremiah 27 in the BOATCB2
Jeremiah 27 in the BOBCV
Jeremiah 27 in the BOCNT
Jeremiah 27 in the BOGWICC
Jeremiah 27 in the BOHCB
Jeremiah 27 in the BOHCV
Jeremiah 27 in the BOHLNT
Jeremiah 27 in the BOHNTLTAL
Jeremiah 27 in the BOICB
Jeremiah 27 in the BOILNTAP
Jeremiah 27 in the BOITCV
Jeremiah 27 in the BOKCV
Jeremiah 27 in the BOKCV2
Jeremiah 27 in the BOKHWOG
Jeremiah 27 in the BOKSSV
Jeremiah 27 in the BOLCB
Jeremiah 27 in the BOLCB2
Jeremiah 27 in the BOMCV
Jeremiah 27 in the BONAV
Jeremiah 27 in the BONCB
Jeremiah 27 in the BONLT
Jeremiah 27 in the BONUT2
Jeremiah 27 in the BOPLNT
Jeremiah 27 in the BOSCB
Jeremiah 27 in the BOSNC
Jeremiah 27 in the BOTLNT
Jeremiah 27 in the BOVCB
Jeremiah 27 in the BOYCB
Jeremiah 27 in the BPBB
Jeremiah 27 in the BPH
Jeremiah 27 in the BSB
Jeremiah 27 in the CCB
Jeremiah 27 in the CUV
Jeremiah 27 in the CUVS
Jeremiah 27 in the DBT
Jeremiah 27 in the DGDNT
Jeremiah 27 in the DHNT
Jeremiah 27 in the DNT
Jeremiah 27 in the ELBE
Jeremiah 27 in the EMTV
Jeremiah 27 in the ESV
Jeremiah 27 in the FBV
Jeremiah 27 in the FEB
Jeremiah 27 in the GGMNT
Jeremiah 27 in the GNT
Jeremiah 27 in the HARY
Jeremiah 27 in the HNT
Jeremiah 27 in the IRVA
Jeremiah 27 in the IRVB
Jeremiah 27 in the IRVG
Jeremiah 27 in the IRVH
Jeremiah 27 in the IRVK
Jeremiah 27 in the IRVM
Jeremiah 27 in the IRVM2
Jeremiah 27 in the IRVO
Jeremiah 27 in the IRVP
Jeremiah 27 in the IRVT
Jeremiah 27 in the IRVT2
Jeremiah 27 in the IRVU
Jeremiah 27 in the ISVN
Jeremiah 27 in the JSNT
Jeremiah 27 in the KAPI
Jeremiah 27 in the KBT1ETNIK
Jeremiah 27 in the KBV
Jeremiah 27 in the KJV
Jeremiah 27 in the KNFD
Jeremiah 27 in the LBA
Jeremiah 27 in the LBLA
Jeremiah 27 in the LNT
Jeremiah 27 in the LSV
Jeremiah 27 in the MAAL
Jeremiah 27 in the MBV
Jeremiah 27 in the MBV2
Jeremiah 27 in the MHNT
Jeremiah 27 in the MKNFD
Jeremiah 27 in the MNG
Jeremiah 27 in the MNT
Jeremiah 27 in the MNT2
Jeremiah 27 in the MRS1T
Jeremiah 27 in the NAA
Jeremiah 27 in the NASB
Jeremiah 27 in the NBLA
Jeremiah 27 in the NBS
Jeremiah 27 in the NBVTP
Jeremiah 27 in the NET2
Jeremiah 27 in the NIV11
Jeremiah 27 in the NNT
Jeremiah 27 in the NNT2
Jeremiah 27 in the NNT3
Jeremiah 27 in the PDDPT
Jeremiah 27 in the PFNT
Jeremiah 27 in the RMNT
Jeremiah 27 in the SBIAS
Jeremiah 27 in the SBIBS
Jeremiah 27 in the SBIBS2
Jeremiah 27 in the SBICS
Jeremiah 27 in the SBIDS
Jeremiah 27 in the SBIGS
Jeremiah 27 in the SBIHS
Jeremiah 27 in the SBIIS
Jeremiah 27 in the SBIIS2
Jeremiah 27 in the SBIIS3
Jeremiah 27 in the SBIKS
Jeremiah 27 in the SBIKS2
Jeremiah 27 in the SBIMS
Jeremiah 27 in the SBIOS
Jeremiah 27 in the SBIPS
Jeremiah 27 in the SBISS
Jeremiah 27 in the SBITS
Jeremiah 27 in the SBITS2
Jeremiah 27 in the SBITS3
Jeremiah 27 in the SBITS4
Jeremiah 27 in the SBIUS
Jeremiah 27 in the SBIVS
Jeremiah 27 in the SBT
Jeremiah 27 in the SBT1E
Jeremiah 27 in the SCHL
Jeremiah 27 in the SNT
Jeremiah 27 in the SUSU
Jeremiah 27 in the SUSU2
Jeremiah 27 in the SYNO
Jeremiah 27 in the TBIAOTANT
Jeremiah 27 in the TBT1E
Jeremiah 27 in the TBT1E2
Jeremiah 27 in the TFTIP
Jeremiah 27 in the TFTU
Jeremiah 27 in the TGNTATF3T
Jeremiah 27 in the THAI
Jeremiah 27 in the TNFD
Jeremiah 27 in the TNT
Jeremiah 27 in the TNTIK
Jeremiah 27 in the TNTIL
Jeremiah 27 in the TNTIN
Jeremiah 27 in the TNTIP
Jeremiah 27 in the TNTIZ
Jeremiah 27 in the TOMA
Jeremiah 27 in the TTENT
Jeremiah 27 in the UBG
Jeremiah 27 in the UGV
Jeremiah 27 in the UGV2
Jeremiah 27 in the UGV3
Jeremiah 27 in the VBL
Jeremiah 27 in the VDCC
Jeremiah 27 in the YALU
Jeremiah 27 in the YAPE
Jeremiah 27 in the YBVTP
Jeremiah 27 in the ZBP