Jeremiah 46 (BOECS)

1 Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso dukɔwo ŋuti. 2 Tso Egipte ŋu: Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me: 3 “Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwokple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa! 4 Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋueye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo,mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo!Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo! 5 Nu ka kpɔm mele?Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe,woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi.Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔeeye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.”Yehowae gblɔe. 6 “Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asialo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o.Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to,afi mae wokli nu hedze anyi ɖo. 7 “Ame kae nye esi gbɔna le eɖokui kɔm ɖe dzi abe Nilkple tɔsisi siwo me tsi le sisim sesĩe ene? 8 Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nilkple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene,egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi;matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’ 9 O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi!O, tasiaɖamkulawo,miku wo kple ŋkubiã!O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe,eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwokple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie! 10 Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa,Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ,hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo.Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒoeye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔelabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to. 11 “O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu,yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi.Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle,elabena màhaya akpɔ o. 12 Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔeye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi.Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wokple eve la siaa woadze anyi.” 13 Esia nye Yehowa ƒe nya si wòtsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia tso ale si Babilonia fia Nebukadnezar ava dze Egipte dzi la ŋuti. 14 “Miɖe gbeƒã le Egipte,mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfiskple Tapanhes hã.‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewoelabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’ 15 Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba?Womate ŋu anɔ te o,elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi. 16 Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi.Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ,le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’ 17 Afi ma woado ɣli le be,‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola;eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ” 18 Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa,Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:“Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo domekple Karmel le atsiaƒu to ene. 19 Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi,mi ame siwo le Egipte,elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudube ame manɔ eme o. 20 “Egipte le abe nyinɔ sue dzeani enegake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge. 21 Asrafo siwo wotsɔ aʋae lale abe nyivi damiwo ene.Woawo hã atrɔ megbe asi adzo,womate ŋu anɔ te o,elabena woƒe gbegblẽ gbɔnaeye woƒe tohegbe va ɖo. 22 Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la,Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene,woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsusiwo lãa ati ene. 23 Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la,woalã wo akɔ ɖi.Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwoeye womate ŋu axlẽ wo o.Yehowae gblɔe. 24 Woado ŋukpe Egipte vinyɔnueye woatsɔe ade asi na ame siwo le anyiehe.” 25 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi. 26 Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia Nebukadnezar kple eŋutime siwo le woƒe agbe yome tim. Gake emegbe la, amewo aganɔ Egiptenyigba dzi abe tsã ƒe ɣeyiɣiwo me ene.” Yehowae gblɔe. 27 “O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o;O Israel, wò mo megatsi dãa o.Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzikple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dziwoɖe aboyo wo ɖo ɖo la.Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ meeye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o. 28 Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob,elabena meli kpli wò.Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã memekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la,nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o.Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi;Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”

In Other Versions

Jeremiah 46 in the ANGEFD

Jeremiah 46 in the ANTPNG2D

Jeremiah 46 in the AS21

Jeremiah 46 in the BAGH

Jeremiah 46 in the BBPNG

Jeremiah 46 in the BBT1E

Jeremiah 46 in the BDS

Jeremiah 46 in the BEV

Jeremiah 46 in the BHAD

Jeremiah 46 in the BIB

Jeremiah 46 in the BLPT

Jeremiah 46 in the BNT

Jeremiah 46 in the BNTABOOT

Jeremiah 46 in the BNTLV

Jeremiah 46 in the BOATCB

Jeremiah 46 in the BOATCB2

Jeremiah 46 in the BOBCV

Jeremiah 46 in the BOCNT

Jeremiah 46 in the BOGWICC

Jeremiah 46 in the BOHCB

Jeremiah 46 in the BOHCV

Jeremiah 46 in the BOHLNT

Jeremiah 46 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 46 in the BOICB

Jeremiah 46 in the BOILNTAP

Jeremiah 46 in the BOITCV

Jeremiah 46 in the BOKCV

Jeremiah 46 in the BOKCV2

Jeremiah 46 in the BOKHWOG

Jeremiah 46 in the BOKSSV

Jeremiah 46 in the BOLCB

Jeremiah 46 in the BOLCB2

Jeremiah 46 in the BOMCV

Jeremiah 46 in the BONAV

Jeremiah 46 in the BONCB

Jeremiah 46 in the BONLT

Jeremiah 46 in the BONUT2

Jeremiah 46 in the BOPLNT

Jeremiah 46 in the BOSCB

Jeremiah 46 in the BOSNC

Jeremiah 46 in the BOTLNT

Jeremiah 46 in the BOVCB

Jeremiah 46 in the BOYCB

Jeremiah 46 in the BPBB

Jeremiah 46 in the BPH

Jeremiah 46 in the BSB

Jeremiah 46 in the CCB

Jeremiah 46 in the CUV

Jeremiah 46 in the CUVS

Jeremiah 46 in the DBT

Jeremiah 46 in the DGDNT

Jeremiah 46 in the DHNT

Jeremiah 46 in the DNT

Jeremiah 46 in the ELBE

Jeremiah 46 in the EMTV

Jeremiah 46 in the ESV

Jeremiah 46 in the FBV

Jeremiah 46 in the FEB

Jeremiah 46 in the GGMNT

Jeremiah 46 in the GNT

Jeremiah 46 in the HARY

Jeremiah 46 in the HNT

Jeremiah 46 in the IRVA

Jeremiah 46 in the IRVB

Jeremiah 46 in the IRVG

Jeremiah 46 in the IRVH

Jeremiah 46 in the IRVK

Jeremiah 46 in the IRVM

Jeremiah 46 in the IRVM2

Jeremiah 46 in the IRVO

Jeremiah 46 in the IRVP

Jeremiah 46 in the IRVT

Jeremiah 46 in the IRVT2

Jeremiah 46 in the IRVU

Jeremiah 46 in the ISVN

Jeremiah 46 in the JSNT

Jeremiah 46 in the KAPI

Jeremiah 46 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 46 in the KBV

Jeremiah 46 in the KJV

Jeremiah 46 in the KNFD

Jeremiah 46 in the LBA

Jeremiah 46 in the LBLA

Jeremiah 46 in the LNT

Jeremiah 46 in the LSV

Jeremiah 46 in the MAAL

Jeremiah 46 in the MBV

Jeremiah 46 in the MBV2

Jeremiah 46 in the MHNT

Jeremiah 46 in the MKNFD

Jeremiah 46 in the MNG

Jeremiah 46 in the MNT

Jeremiah 46 in the MNT2

Jeremiah 46 in the MRS1T

Jeremiah 46 in the NAA

Jeremiah 46 in the NASB

Jeremiah 46 in the NBLA

Jeremiah 46 in the NBS

Jeremiah 46 in the NBVTP

Jeremiah 46 in the NET2

Jeremiah 46 in the NIV11

Jeremiah 46 in the NNT

Jeremiah 46 in the NNT2

Jeremiah 46 in the NNT3

Jeremiah 46 in the PDDPT

Jeremiah 46 in the PFNT

Jeremiah 46 in the RMNT

Jeremiah 46 in the SBIAS

Jeremiah 46 in the SBIBS

Jeremiah 46 in the SBIBS2

Jeremiah 46 in the SBICS

Jeremiah 46 in the SBIDS

Jeremiah 46 in the SBIGS

Jeremiah 46 in the SBIHS

Jeremiah 46 in the SBIIS

Jeremiah 46 in the SBIIS2

Jeremiah 46 in the SBIIS3

Jeremiah 46 in the SBIKS

Jeremiah 46 in the SBIKS2

Jeremiah 46 in the SBIMS

Jeremiah 46 in the SBIOS

Jeremiah 46 in the SBIPS

Jeremiah 46 in the SBISS

Jeremiah 46 in the SBITS

Jeremiah 46 in the SBITS2

Jeremiah 46 in the SBITS3

Jeremiah 46 in the SBITS4

Jeremiah 46 in the SBIUS

Jeremiah 46 in the SBIVS

Jeremiah 46 in the SBT

Jeremiah 46 in the SBT1E

Jeremiah 46 in the SCHL

Jeremiah 46 in the SNT

Jeremiah 46 in the SUSU

Jeremiah 46 in the SUSU2

Jeremiah 46 in the SYNO

Jeremiah 46 in the TBIAOTANT

Jeremiah 46 in the TBT1E

Jeremiah 46 in the TBT1E2

Jeremiah 46 in the TFTIP

Jeremiah 46 in the TFTU

Jeremiah 46 in the TGNTATF3T

Jeremiah 46 in the THAI

Jeremiah 46 in the TNFD

Jeremiah 46 in the TNT

Jeremiah 46 in the TNTIK

Jeremiah 46 in the TNTIL

Jeremiah 46 in the TNTIN

Jeremiah 46 in the TNTIP

Jeremiah 46 in the TNTIZ

Jeremiah 46 in the TOMA

Jeremiah 46 in the TTENT

Jeremiah 46 in the UBG

Jeremiah 46 in the UGV

Jeremiah 46 in the UGV2

Jeremiah 46 in the UGV3

Jeremiah 46 in the VBL

Jeremiah 46 in the VDCC

Jeremiah 46 in the YALU

Jeremiah 46 in the YAPE

Jeremiah 46 in the YBVTP

Jeremiah 46 in the ZBP