Job 1 (BOECS)

1 Ŋutsu aɖe nɔ Uznyigba dzi si ŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. 2 Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ esi, 3 kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome. 4 Via ŋutsuwo ɖoa nuɖukplɔ̃ na wo xɔlɔ̃wo ɖe woƒe aƒewo me ɖe wo nɔewo yome eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woaɖu nu ano nu kple yewo. 5 Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa. 6 Gbe ɖeka la, dziƒodɔlawo va be woatsɔ wo ɖokui afia Yehowa, eye Satana hã nɔ wo dome. 7 Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso?”Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi, menɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le edzi.” 8 Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o; enye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, ŋutsu si vɔ̃a Mawu eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” 9 Ke Satana bia Mawu be, “Ɖe Hiob vɔ̃a Mawu dzodzroa? 10 Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi. 11 Ke do wò asi ɖa, ne nàxlã asi ɖe nu siwo katã le esi, ekema le nyateƒe me aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume.” 12 Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ta, nu sia nu si le esi la le asiwò me, ke mègaka asibidɛ eya amea ŋutɔ ŋu o.”Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume. 13 Gbe ɖeka la, esime Hiob ƒe viŋutsuwo kple via nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me la, 14 dɔla aɖe va Hiob gbɔ gblɔ nɛ be, “Nyiawo nɔ agble ŋlɔm, tedziawo nɔ gbe ɖum le wo gbɔ lɔƒo, 15 kasia Sebeatɔwo va dze wo dzi kplɔ wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi eye nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” 16 Esi wòganɔ nu ƒom ko la, dɔla bubu va eye wògblɔ be, “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia alẽawo kple dɔlawo, nye ɖeka koe si be mava gblɔe na wò!” 17 Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, dɔla bubu va gblɔ be, “Kaldeatɔwo ƒe adzoha etɔ̃ va dze wò kposɔwo dzi eye wolé wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi, nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” 18 Esi ame sia hã mekpɔ ɖe nu le nya si gblɔm wònɔ me o la, dɔla bubu ge ɖe eme eye wògblɔ be, “Viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me. 19 Kasia ya sesẽ aɖe ƒo tso gbegbe va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe me. Tete xɔ la mu dze wo dzi eye woku; nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” 20 Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu, 21 hedo gbe ɖa be,“Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me,eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo.Yehowae na eye Yehowae gaxɔe;woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!” 22 Le esiawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ to fɔbubu Mawu me be ewɔ nu gbegblẽ o.

In Other Versions

Job 1 in the ANGEFD

Job 1 in the ANTPNG2D

Job 1 in the AS21

Job 1 in the BAGH

Job 1 in the BBPNG

Job 1 in the BBT1E

Job 1 in the BDS

Job 1 in the BEV

Job 1 in the BHAD

Job 1 in the BIB

Job 1 in the BLPT

Job 1 in the BNT

Job 1 in the BNTABOOT

Job 1 in the BNTLV

Job 1 in the BOATCB

Job 1 in the BOATCB2

Job 1 in the BOBCV

Job 1 in the BOCNT

Job 1 in the BOGWICC

Job 1 in the BOHCB

Job 1 in the BOHCV

Job 1 in the BOHLNT

Job 1 in the BOHNTLTAL

Job 1 in the BOICB

Job 1 in the BOILNTAP

Job 1 in the BOITCV

Job 1 in the BOKCV

Job 1 in the BOKCV2

Job 1 in the BOKHWOG

Job 1 in the BOKSSV

Job 1 in the BOLCB

Job 1 in the BOLCB2

Job 1 in the BOMCV

Job 1 in the BONAV

Job 1 in the BONCB

Job 1 in the BONLT

Job 1 in the BONUT2

Job 1 in the BOPLNT

Job 1 in the BOSCB

Job 1 in the BOSNC

Job 1 in the BOTLNT

Job 1 in the BOVCB

Job 1 in the BOYCB

Job 1 in the BPBB

Job 1 in the BPH

Job 1 in the BSB

Job 1 in the CCB

Job 1 in the CUV

Job 1 in the CUVS

Job 1 in the DBT

Job 1 in the DGDNT

Job 1 in the DHNT

Job 1 in the DNT

Job 1 in the ELBE

Job 1 in the EMTV

Job 1 in the ESV

Job 1 in the FBV

Job 1 in the FEB

Job 1 in the GGMNT

Job 1 in the GNT

Job 1 in the HARY

Job 1 in the HNT

Job 1 in the IRVA

Job 1 in the IRVB

Job 1 in the IRVG

Job 1 in the IRVH

Job 1 in the IRVK

Job 1 in the IRVM

Job 1 in the IRVM2

Job 1 in the IRVO

Job 1 in the IRVP

Job 1 in the IRVT

Job 1 in the IRVT2

Job 1 in the IRVU

Job 1 in the ISVN

Job 1 in the JSNT

Job 1 in the KAPI

Job 1 in the KBT1ETNIK

Job 1 in the KBV

Job 1 in the KJV

Job 1 in the KNFD

Job 1 in the LBA

Job 1 in the LBLA

Job 1 in the LNT

Job 1 in the LSV

Job 1 in the MAAL

Job 1 in the MBV

Job 1 in the MBV2

Job 1 in the MHNT

Job 1 in the MKNFD

Job 1 in the MNG

Job 1 in the MNT

Job 1 in the MNT2

Job 1 in the MRS1T

Job 1 in the NAA

Job 1 in the NASB

Job 1 in the NBLA

Job 1 in the NBS

Job 1 in the NBVTP

Job 1 in the NET2

Job 1 in the NIV11

Job 1 in the NNT

Job 1 in the NNT2

Job 1 in the NNT3

Job 1 in the PDDPT

Job 1 in the PFNT

Job 1 in the RMNT

Job 1 in the SBIAS

Job 1 in the SBIBS

Job 1 in the SBIBS2

Job 1 in the SBICS

Job 1 in the SBIDS

Job 1 in the SBIGS

Job 1 in the SBIHS

Job 1 in the SBIIS

Job 1 in the SBIIS2

Job 1 in the SBIIS3

Job 1 in the SBIKS

Job 1 in the SBIKS2

Job 1 in the SBIMS

Job 1 in the SBIOS

Job 1 in the SBIPS

Job 1 in the SBISS

Job 1 in the SBITS

Job 1 in the SBITS2

Job 1 in the SBITS3

Job 1 in the SBITS4

Job 1 in the SBIUS

Job 1 in the SBIVS

Job 1 in the SBT

Job 1 in the SBT1E

Job 1 in the SCHL

Job 1 in the SNT

Job 1 in the SUSU

Job 1 in the SUSU2

Job 1 in the SYNO

Job 1 in the TBIAOTANT

Job 1 in the TBT1E

Job 1 in the TBT1E2

Job 1 in the TFTIP

Job 1 in the TFTU

Job 1 in the TGNTATF3T

Job 1 in the THAI

Job 1 in the TNFD

Job 1 in the TNT

Job 1 in the TNTIK

Job 1 in the TNTIL

Job 1 in the TNTIN

Job 1 in the TNTIP

Job 1 in the TNTIZ

Job 1 in the TOMA

Job 1 in the TTENT

Job 1 in the UBG

Job 1 in the UGV

Job 1 in the UGV2

Job 1 in the UGV3

Job 1 in the VBL

Job 1 in the VDCC

Job 1 in the YALU

Job 1 in the YAPE

Job 1 in the YBVTP

Job 1 in the ZBP