Joshua 1 (BOECS)

1 Le Yehowa ƒe dɔla, Mose ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Yosua, Nun ƒe vi, ame si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ la bena, 2 “Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi. 3 Matsɔ teƒe sia teƒe si miaɖo afɔe la ana mi abe ale si medo ŋugbee na Mose ene. 4 Miaƒe anyigba la akeke tso gbegbe la va ɖo Lebanon, tso Frat tɔsisi gã la to ava to Hititɔwo ƒe anyigba la katã dzi va se ɖe Domeƒu la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 5 Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o. 6 “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene. 7 Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi. 8 Mègana Segbalẽ sia nado le wò nu me o, de ŋugble le eŋu zã kple keli be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi nyuie. Ekema dzɔgbenyui kple dzidzedze anɔ wò mɔ dzi. 9 Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.” 10 Azɔ Yosua gblɔ na aʋakplɔlawo be, 11 “Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’ ” 12 Yosua gblɔ na Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe to ƒe afã bena, 13 “Miɖo ŋku nya si Mose, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na mi la dzi. Egblɔ na mi be, ‘Yehowa, miaƒe Mawu la na anyigba mi le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, 14 eya ta mia srɔ̃wo kple mia viwo kple miaƒe lãwo atsi afi sia. Ke ele na miaƒe aʋawɔlawo be woabla akpa, akplɔ ame bubuawo atso tɔsisi lae, akpe ɖe wo ŋu be, woaxɔ anyigba si le tɔsisi la godo. 15 Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ” 16 Ameawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye woka ɖe edzi na Yosua be, “Míawɔ nu sia nu si nàgblɔ na mí, eye míayi afi sia afi si nàɖo mí ɖo la. 17 Abe ale si míeɖo to Mose le nu sia nu me ene la, nenema tututu míaɖo to wò hã. Yehowa, wò Mawu la nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene. 18 Ame sia ame, ame ka kee wòɖanye o, si atsi tsitre ɖe wò sewo ŋu la aku godoo, eya ta tsɔ dzideƒo kple ŋusẽ nàkplɔ mí ayii!”

In Other Versions

Joshua 1 in the ANGEFD

Joshua 1 in the ANTPNG2D

Joshua 1 in the AS21

Joshua 1 in the BAGH

Joshua 1 in the BBPNG

Joshua 1 in the BBT1E

Joshua 1 in the BDS

Joshua 1 in the BEV

Joshua 1 in the BHAD

Joshua 1 in the BIB

Joshua 1 in the BLPT

Joshua 1 in the BNT

Joshua 1 in the BNTABOOT

Joshua 1 in the BNTLV

Joshua 1 in the BOATCB

Joshua 1 in the BOATCB2

Joshua 1 in the BOBCV

Joshua 1 in the BOCNT

Joshua 1 in the BOGWICC

Joshua 1 in the BOHCB

Joshua 1 in the BOHCV

Joshua 1 in the BOHLNT

Joshua 1 in the BOHNTLTAL

Joshua 1 in the BOICB

Joshua 1 in the BOILNTAP

Joshua 1 in the BOITCV

Joshua 1 in the BOKCV

Joshua 1 in the BOKCV2

Joshua 1 in the BOKHWOG

Joshua 1 in the BOKSSV

Joshua 1 in the BOLCB

Joshua 1 in the BOLCB2

Joshua 1 in the BOMCV

Joshua 1 in the BONAV

Joshua 1 in the BONCB

Joshua 1 in the BONLT

Joshua 1 in the BONUT2

Joshua 1 in the BOPLNT

Joshua 1 in the BOSCB

Joshua 1 in the BOSNC

Joshua 1 in the BOTLNT

Joshua 1 in the BOVCB

Joshua 1 in the BOYCB

Joshua 1 in the BPBB

Joshua 1 in the BPH

Joshua 1 in the BSB

Joshua 1 in the CCB

Joshua 1 in the CUV

Joshua 1 in the CUVS

Joshua 1 in the DBT

Joshua 1 in the DGDNT

Joshua 1 in the DHNT

Joshua 1 in the DNT

Joshua 1 in the ELBE

Joshua 1 in the EMTV

Joshua 1 in the ESV

Joshua 1 in the FBV

Joshua 1 in the FEB

Joshua 1 in the GGMNT

Joshua 1 in the GNT

Joshua 1 in the HARY

Joshua 1 in the HNT

Joshua 1 in the IRVA

Joshua 1 in the IRVB

Joshua 1 in the IRVG

Joshua 1 in the IRVH

Joshua 1 in the IRVK

Joshua 1 in the IRVM

Joshua 1 in the IRVM2

Joshua 1 in the IRVO

Joshua 1 in the IRVP

Joshua 1 in the IRVT

Joshua 1 in the IRVT2

Joshua 1 in the IRVU

Joshua 1 in the ISVN

Joshua 1 in the JSNT

Joshua 1 in the KAPI

Joshua 1 in the KBT1ETNIK

Joshua 1 in the KBV

Joshua 1 in the KJV

Joshua 1 in the KNFD

Joshua 1 in the LBA

Joshua 1 in the LBLA

Joshua 1 in the LNT

Joshua 1 in the LSV

Joshua 1 in the MAAL

Joshua 1 in the MBV

Joshua 1 in the MBV2

Joshua 1 in the MHNT

Joshua 1 in the MKNFD

Joshua 1 in the MNG

Joshua 1 in the MNT

Joshua 1 in the MNT2

Joshua 1 in the MRS1T

Joshua 1 in the NAA

Joshua 1 in the NASB

Joshua 1 in the NBLA

Joshua 1 in the NBS

Joshua 1 in the NBVTP

Joshua 1 in the NET2

Joshua 1 in the NIV11

Joshua 1 in the NNT

Joshua 1 in the NNT2

Joshua 1 in the NNT3

Joshua 1 in the PDDPT

Joshua 1 in the PFNT

Joshua 1 in the RMNT

Joshua 1 in the SBIAS

Joshua 1 in the SBIBS

Joshua 1 in the SBIBS2

Joshua 1 in the SBICS

Joshua 1 in the SBIDS

Joshua 1 in the SBIGS

Joshua 1 in the SBIHS

Joshua 1 in the SBIIS

Joshua 1 in the SBIIS2

Joshua 1 in the SBIIS3

Joshua 1 in the SBIKS

Joshua 1 in the SBIKS2

Joshua 1 in the SBIMS

Joshua 1 in the SBIOS

Joshua 1 in the SBIPS

Joshua 1 in the SBISS

Joshua 1 in the SBITS

Joshua 1 in the SBITS2

Joshua 1 in the SBITS3

Joshua 1 in the SBITS4

Joshua 1 in the SBIUS

Joshua 1 in the SBIVS

Joshua 1 in the SBT

Joshua 1 in the SBT1E

Joshua 1 in the SCHL

Joshua 1 in the SNT

Joshua 1 in the SUSU

Joshua 1 in the SUSU2

Joshua 1 in the SYNO

Joshua 1 in the TBIAOTANT

Joshua 1 in the TBT1E

Joshua 1 in the TBT1E2

Joshua 1 in the TFTIP

Joshua 1 in the TFTU

Joshua 1 in the TGNTATF3T

Joshua 1 in the THAI

Joshua 1 in the TNFD

Joshua 1 in the TNT

Joshua 1 in the TNTIK

Joshua 1 in the TNTIL

Joshua 1 in the TNTIN

Joshua 1 in the TNTIP

Joshua 1 in the TNTIZ

Joshua 1 in the TOMA

Joshua 1 in the TTENT

Joshua 1 in the UBG

Joshua 1 in the UGV

Joshua 1 in the UGV2

Joshua 1 in the UGV3

Joshua 1 in the VBL

Joshua 1 in the VDCC

Joshua 1 in the YALU

Joshua 1 in the YAPE

Joshua 1 in the YBVTP

Joshua 1 in the ZBP