Joshua 11 (BOECS)
1 Esi Yabin, Hazor fia se ale si Israelviwo nɔ dukɔwo dzi ɖum la, eɖo du ɖe Yobab, Madɔn fia kple Simron fia kple Aksaf fia, 2 kple fia siwo nɔ tonyigba la dzi le dziehe le Araba, le Kineret kple esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Galilea ƒu la ƒe dziehe kple fia siwo nɔ ɣetoɖoƒetogbɛwo dzi le ƒuta, te ɖe Nafɔt Dor ŋu. 3 Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi. 4 Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. 5 Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ. 6 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ aʋakɔ gã sia o, elabena etsɔ hafi ɣelawoɣi naɖo la, wo katã woazu nu kukuwo le Israel ŋgɔ! Gbã la, tu woƒe sɔwo ƒe atawo, eye nàtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo!” 7 Yosua kple eƒe amewo va dze futɔwo dzi le vo me le Merɔn tsi dzidzi la gbɔ. 8 Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o. 9 Yosua kple eƒe amewo tu ata na futɔwo ƒe sɔwo, eye wotɔ dzo woƒe tasiaɖamwo abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. 10 Esi wotrɔ gbɔna la, Yosua xɔ Hazor du, si nye fiadu na dukɔ ƒoƒu mawo katã, eye wòwu eƒe fia. 11 Wowu ame sia ame le Hazor du la me, eye wotɔ dzo du la. 12 Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene. 13 Ke Yosua metɔ dzo du siwo nɔ togbɛwo dzi la ya o, negbe Hazor ko. 14 Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã, 15 elabena nenemae Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, eya hã gblɔ ɖoɖo ma na Yosua, eye eya hã wɔ nu si wogblɔ nɛ. Yosua wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi. 16 Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo. 17 Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã. 18 Yosua tsɔ ƒe adre wɔ nu siawo katã. 19 Israelviwo mewɔ ŋutifafa kple du aɖeke me tɔwo o, negbe Hivitɔ siwo nɔ Gibeon ko. Wowu ame bubuawo katã, 20 elabena Yehowa ɖo be dukɔ mawo nadi be yewoawɔ aʋa boŋ kple Israelviwo ɖe ŋutifafawɔwɔ teƒe. Eya ta wotsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 21 Le ɣeyiɣi sia me la, Yosua tsrɔ̃ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ tonyigbawo dzi le Hebron, Debir, Anab, Yuda kple Israel. Ewu wo katã keŋkeŋ, eye wòtsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi. 22 Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod. 23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.
In Other Versions
Joshua 11 in the ANGEFD
Joshua 11 in the ANTPNG2D
Joshua 11 in the AS21
Joshua 11 in the BAGH
Joshua 11 in the BBPNG
Joshua 11 in the BBT1E
Joshua 11 in the BDS
Joshua 11 in the BEV
Joshua 11 in the BHAD
Joshua 11 in the BIB
Joshua 11 in the BLPT
Joshua 11 in the BNT
Joshua 11 in the BNTABOOT
Joshua 11 in the BNTLV
Joshua 11 in the BOATCB
Joshua 11 in the BOATCB2
Joshua 11 in the BOBCV
Joshua 11 in the BOCNT
Joshua 11 in the BOGWICC
Joshua 11 in the BOHCB
Joshua 11 in the BOHCV
Joshua 11 in the BOHLNT
Joshua 11 in the BOHNTLTAL
Joshua 11 in the BOICB
Joshua 11 in the BOILNTAP
Joshua 11 in the BOITCV
Joshua 11 in the BOKCV
Joshua 11 in the BOKCV2
Joshua 11 in the BOKHWOG
Joshua 11 in the BOKSSV
Joshua 11 in the BOLCB
Joshua 11 in the BOLCB2
Joshua 11 in the BOMCV
Joshua 11 in the BONAV
Joshua 11 in the BONCB
Joshua 11 in the BONLT
Joshua 11 in the BONUT2
Joshua 11 in the BOPLNT
Joshua 11 in the BOSCB
Joshua 11 in the BOSNC
Joshua 11 in the BOTLNT
Joshua 11 in the BOVCB
Joshua 11 in the BOYCB
Joshua 11 in the BPBB
Joshua 11 in the BPH
Joshua 11 in the BSB
Joshua 11 in the CCB
Joshua 11 in the CUV
Joshua 11 in the CUVS
Joshua 11 in the DBT
Joshua 11 in the DGDNT
Joshua 11 in the DHNT
Joshua 11 in the DNT
Joshua 11 in the ELBE
Joshua 11 in the EMTV
Joshua 11 in the ESV
Joshua 11 in the FBV
Joshua 11 in the FEB
Joshua 11 in the GGMNT
Joshua 11 in the GNT
Joshua 11 in the HARY
Joshua 11 in the HNT
Joshua 11 in the IRVA
Joshua 11 in the IRVB
Joshua 11 in the IRVG
Joshua 11 in the IRVH
Joshua 11 in the IRVK
Joshua 11 in the IRVM
Joshua 11 in the IRVM2
Joshua 11 in the IRVO
Joshua 11 in the IRVP
Joshua 11 in the IRVT
Joshua 11 in the IRVT2
Joshua 11 in the IRVU
Joshua 11 in the ISVN
Joshua 11 in the JSNT
Joshua 11 in the KAPI
Joshua 11 in the KBT1ETNIK
Joshua 11 in the KBV
Joshua 11 in the KJV
Joshua 11 in the KNFD
Joshua 11 in the LBA
Joshua 11 in the LBLA
Joshua 11 in the LNT
Joshua 11 in the LSV
Joshua 11 in the MAAL
Joshua 11 in the MBV
Joshua 11 in the MBV2
Joshua 11 in the MHNT
Joshua 11 in the MKNFD
Joshua 11 in the MNG
Joshua 11 in the MNT
Joshua 11 in the MNT2
Joshua 11 in the MRS1T
Joshua 11 in the NAA
Joshua 11 in the NASB
Joshua 11 in the NBLA
Joshua 11 in the NBS
Joshua 11 in the NBVTP
Joshua 11 in the NET2
Joshua 11 in the NIV11
Joshua 11 in the NNT
Joshua 11 in the NNT2
Joshua 11 in the NNT3
Joshua 11 in the PDDPT
Joshua 11 in the PFNT
Joshua 11 in the RMNT
Joshua 11 in the SBIAS
Joshua 11 in the SBIBS
Joshua 11 in the SBIBS2
Joshua 11 in the SBICS
Joshua 11 in the SBIDS
Joshua 11 in the SBIGS
Joshua 11 in the SBIHS
Joshua 11 in the SBIIS
Joshua 11 in the SBIIS2
Joshua 11 in the SBIIS3
Joshua 11 in the SBIKS
Joshua 11 in the SBIKS2
Joshua 11 in the SBIMS
Joshua 11 in the SBIOS
Joshua 11 in the SBIPS
Joshua 11 in the SBISS
Joshua 11 in the SBITS
Joshua 11 in the SBITS2
Joshua 11 in the SBITS3
Joshua 11 in the SBITS4
Joshua 11 in the SBIUS
Joshua 11 in the SBIVS
Joshua 11 in the SBT
Joshua 11 in the SBT1E
Joshua 11 in the SCHL
Joshua 11 in the SNT
Joshua 11 in the SUSU
Joshua 11 in the SUSU2
Joshua 11 in the SYNO
Joshua 11 in the TBIAOTANT
Joshua 11 in the TBT1E
Joshua 11 in the TBT1E2
Joshua 11 in the TFTIP
Joshua 11 in the TFTU
Joshua 11 in the TGNTATF3T
Joshua 11 in the THAI
Joshua 11 in the TNFD
Joshua 11 in the TNT
Joshua 11 in the TNTIK
Joshua 11 in the TNTIL
Joshua 11 in the TNTIN
Joshua 11 in the TNTIP
Joshua 11 in the TNTIZ
Joshua 11 in the TOMA
Joshua 11 in the TTENT
Joshua 11 in the UBG
Joshua 11 in the UGV
Joshua 11 in the UGV2
Joshua 11 in the UGV3
Joshua 11 in the VBL
Joshua 11 in the VDCC
Joshua 11 in the YALU
Joshua 11 in the YAPE
Joshua 11 in the YBVTP
Joshua 11 in the ZBP