Joshua 17 (BOECS)

1 Wotsɔ Gilead kple Basan ƒe anyigbawo, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na Makir, Manase ƒe vi tsitsitɔ, ame si nye Gilead fofo, elabena wonye aʋawɔla sesẽwo, 2 eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me. 3 Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. 4 Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene. 5 Le esia ta la, Manase xɔ mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan ŋu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe 6 esi wona anyigba eƒe dzidzimevi siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ta. Wotsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe dzidzimevi bubuawo. 7 Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ. 8 Tapuanyigba nye Manase ƒe viwo tɔ, ke Tapua du la, si le Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo dzi la nye Efraim ƒe viwo tɔ. 9 Manase ƒe viwo ƒe liƒo la to Tapua ƒe vudo la ŋu to Kana tɔʋu la ƒe dziehe yi Domeƒu la ŋu. Du geɖe siwo nɔ tɔʋu la ƒe dziehe la nye Efraim ƒe to la tɔ togbɔ be wonɔ Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi hã. 10 Wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe dziehe heyi keke Domeƒu la ƒe ɣetoɖoƒe la na Efraim ƒe viwo, eye wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe anyiehe kple atsiaƒu la ƒe ɣedzeƒe la na Manase ƒe viwo. Woƒe anyieheliƒoe nye Aser ƒe viwo ƒe anyigba. Woƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Isaka ƒe viwo ƒe anyigba. 11 Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã. 12 Esi Manase ƒe dzidzimeviwo mete ŋu nya ame siwo nɔ du mawo me ɖa o ta la, Kanaantɔ mawo tsi anyi. 13 Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ emegbe la, wozi Kanaantɔwo dzi, eye wosubɔa wo abe kluviwo ene. 14 Yosef ƒe to eveawo me tɔwo va bia Yosua be, “Nu ka ta nèna anyigba ɖeka ko mí le esime Yehowa na míedzi sɔ gbɔ ale?” 15 Yosua gblɔ na wo be, “Ne Efraim ƒe tonyigba melolo na mi o la, ekema miƒo avenyigba si dzi Perizitɔwo kple Refaimtɔwo le.” 16 Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.” 17 Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, Efraim ƒe vi kple Manase ƒe vi siwo nɔ ɣetoɖoƒe la be, “Miesɔ gbɔ nyateƒe, eye miesẽa ŋu ŋutɔ, eya ta ele be miaxɔ anyigba wòalolo. 18 Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”

In Other Versions

Joshua 17 in the ANGEFD

Joshua 17 in the ANTPNG2D

Joshua 17 in the AS21

Joshua 17 in the BAGH

Joshua 17 in the BBPNG

Joshua 17 in the BBT1E

Joshua 17 in the BDS

Joshua 17 in the BEV

Joshua 17 in the BHAD

Joshua 17 in the BIB

Joshua 17 in the BLPT

Joshua 17 in the BNT

Joshua 17 in the BNTABOOT

Joshua 17 in the BNTLV

Joshua 17 in the BOATCB

Joshua 17 in the BOATCB2

Joshua 17 in the BOBCV

Joshua 17 in the BOCNT

Joshua 17 in the BOGWICC

Joshua 17 in the BOHCB

Joshua 17 in the BOHCV

Joshua 17 in the BOHLNT

Joshua 17 in the BOHNTLTAL

Joshua 17 in the BOICB

Joshua 17 in the BOILNTAP

Joshua 17 in the BOITCV

Joshua 17 in the BOKCV

Joshua 17 in the BOKCV2

Joshua 17 in the BOKHWOG

Joshua 17 in the BOKSSV

Joshua 17 in the BOLCB

Joshua 17 in the BOLCB2

Joshua 17 in the BOMCV

Joshua 17 in the BONAV

Joshua 17 in the BONCB

Joshua 17 in the BONLT

Joshua 17 in the BONUT2

Joshua 17 in the BOPLNT

Joshua 17 in the BOSCB

Joshua 17 in the BOSNC

Joshua 17 in the BOTLNT

Joshua 17 in the BOVCB

Joshua 17 in the BOYCB

Joshua 17 in the BPBB

Joshua 17 in the BPH

Joshua 17 in the BSB

Joshua 17 in the CCB

Joshua 17 in the CUV

Joshua 17 in the CUVS

Joshua 17 in the DBT

Joshua 17 in the DGDNT

Joshua 17 in the DHNT

Joshua 17 in the DNT

Joshua 17 in the ELBE

Joshua 17 in the EMTV

Joshua 17 in the ESV

Joshua 17 in the FBV

Joshua 17 in the FEB

Joshua 17 in the GGMNT

Joshua 17 in the GNT

Joshua 17 in the HARY

Joshua 17 in the HNT

Joshua 17 in the IRVA

Joshua 17 in the IRVB

Joshua 17 in the IRVG

Joshua 17 in the IRVH

Joshua 17 in the IRVK

Joshua 17 in the IRVM

Joshua 17 in the IRVM2

Joshua 17 in the IRVO

Joshua 17 in the IRVP

Joshua 17 in the IRVT

Joshua 17 in the IRVT2

Joshua 17 in the IRVU

Joshua 17 in the ISVN

Joshua 17 in the JSNT

Joshua 17 in the KAPI

Joshua 17 in the KBT1ETNIK

Joshua 17 in the KBV

Joshua 17 in the KJV

Joshua 17 in the KNFD

Joshua 17 in the LBA

Joshua 17 in the LBLA

Joshua 17 in the LNT

Joshua 17 in the LSV

Joshua 17 in the MAAL

Joshua 17 in the MBV

Joshua 17 in the MBV2

Joshua 17 in the MHNT

Joshua 17 in the MKNFD

Joshua 17 in the MNG

Joshua 17 in the MNT

Joshua 17 in the MNT2

Joshua 17 in the MRS1T

Joshua 17 in the NAA

Joshua 17 in the NASB

Joshua 17 in the NBLA

Joshua 17 in the NBS

Joshua 17 in the NBVTP

Joshua 17 in the NET2

Joshua 17 in the NIV11

Joshua 17 in the NNT

Joshua 17 in the NNT2

Joshua 17 in the NNT3

Joshua 17 in the PDDPT

Joshua 17 in the PFNT

Joshua 17 in the RMNT

Joshua 17 in the SBIAS

Joshua 17 in the SBIBS

Joshua 17 in the SBIBS2

Joshua 17 in the SBICS

Joshua 17 in the SBIDS

Joshua 17 in the SBIGS

Joshua 17 in the SBIHS

Joshua 17 in the SBIIS

Joshua 17 in the SBIIS2

Joshua 17 in the SBIIS3

Joshua 17 in the SBIKS

Joshua 17 in the SBIKS2

Joshua 17 in the SBIMS

Joshua 17 in the SBIOS

Joshua 17 in the SBIPS

Joshua 17 in the SBISS

Joshua 17 in the SBITS

Joshua 17 in the SBITS2

Joshua 17 in the SBITS3

Joshua 17 in the SBITS4

Joshua 17 in the SBIUS

Joshua 17 in the SBIVS

Joshua 17 in the SBT

Joshua 17 in the SBT1E

Joshua 17 in the SCHL

Joshua 17 in the SNT

Joshua 17 in the SUSU

Joshua 17 in the SUSU2

Joshua 17 in the SYNO

Joshua 17 in the TBIAOTANT

Joshua 17 in the TBT1E

Joshua 17 in the TBT1E2

Joshua 17 in the TFTIP

Joshua 17 in the TFTU

Joshua 17 in the TGNTATF3T

Joshua 17 in the THAI

Joshua 17 in the TNFD

Joshua 17 in the TNT

Joshua 17 in the TNTIK

Joshua 17 in the TNTIL

Joshua 17 in the TNTIN

Joshua 17 in the TNTIP

Joshua 17 in the TNTIZ

Joshua 17 in the TOMA

Joshua 17 in the TTENT

Joshua 17 in the UBG

Joshua 17 in the UGV

Joshua 17 in the UGV2

Joshua 17 in the UGV3

Joshua 17 in the VBL

Joshua 17 in the VDCC

Joshua 17 in the YALU

Joshua 17 in the YAPE

Joshua 17 in the YBVTP

Joshua 17 in the ZBP