Joshua 19 (BOECS)

1 Simeon ƒe viwo nye to evelia si wona anyigbae. Yuda ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe ge ɖe Simeon ƒe viwo tɔ me. 2 Du wuiadre kple wo ŋu kɔƒe siwo nɔ anyigba si wona Simeon ƒe viwo me la woe nye:Beerseba, Seba, Molada, 3 Hazar Sual, Bala, Ezem, 4 Eltolad, Betul, Horma, 5 Ziklag, Bet Markabot, Hazar Susa, 6 Bet Lebaot kple Saruhen. Du asieke kple woƒe kɔƒeduwo. 7 Ain, Rimon, Eter kple Asan. Du ene kple woƒe kɔƒeduwo. 8 Wotsɔ du siwo nɔ anyigbeme yi keke Balat Beer, si wogayɔna be (Rama le Negeb) la.Esiawo hã wotsɔ na Simeon ƒe viwo. 9 Ale Simeon ƒe viwo ƒe domenyinu tso nu si wotsɔ na Yuda ƒe viwo gbã la me, elabena nu si wona Yuda ƒe viwo gbã la lolo na wo akpa. 10 To etɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Zebulon ƒe viwo.Woƒe anyigba la ƒe liƒo dze egɔme tso Sarid ƒe anyigbeme. 11 Eƒo xlã tso afi sia yi ɣetoɖoƒe, te ɖe Marala kple Dabeset ŋu va ɖo Yokneam tɔʋu la ŋu. 12 Le go kemɛ dzi la, liƒo la ɖo ta ɣedzeƒe va ɖo Kislot Tabor ƒe liƒo dzi, heyi Daberat kple Yafia. 13 Eyi ŋgɔ ɖo ta Gat Hefer, Et Kazin kple Rimono ƒe ɣedzeƒe hafi trɔ ɖo ta Nea. 14 Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyieheliƒo to Hanaton hewu nu ɖe Ifta El ƒe balime. 15 Kata, Nahalal, Simron, Idala kple Betlehem kple du sue siwo ƒo xlã wo la hã nɔ woƒe anyigba me. 16 Du wuieve siawo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la nɔ Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba me. 17 To enelia si wona anyigbae lae nye Isaka ƒe viwo ƒe ƒomewo. 18 Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye:Yezreel, Kesulot, Sunem, 19 Hafaraim, Siɔn, Anaharat, 20 Rabit, Kision, Ebez, 21 Remet, En Ganim, En Hada, Bet Pazez. 22 Liƒo la va ke ɖe Tabɔr, Sahazuma kple Bet Semes heva wu nu ɖe Yɔdan nu.Wonye du wuiade kple du sue siwo ƒo xlã wo. 23 Du wuiade siawo kple du sue siwo ƒo xlã wo lae nɔ anyigba la dzi. Isaka ƒe viwo ƒe anyigba yi ɖatɔ Yɔdan tɔsisi la. 24 To atɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Aser. 25 Du siwo nɔ Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi la woe nye:Helkat, Hali, Beten, Aksaf, 26 Alamelek, Amad kple Misal. Anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo tso Karmel yi Sihor Libnat 27 ɖo ta ɣedzeƒe to Bet Dagon yi keke Zebulon le Ifta El ƒe balime. Etrɔ ɖo ta Bet Emek kple Neiel ƒe anyiehe, eye wòyi ɣedzeƒe na Kabul, 28 Ebron, Rehob, Hamon, Kana kple Sidon gãtɔ. 29 Liƒo la ɖo ta Rama kple Tiro, du si woɖo gli ƒo xlã la gbɔ, eye wòyi ɖatɔ Domeƒu la le Hosa. Du bubu siwo le anyigba la dzi la woe nye Mahala, Akzib, 30 Uma, Afek kple Rehob.Wonye du blaeve-vɔ-eve kple kɔƒeduwo 31 Aser viwo ƒe anyigba me duwo de blaeve-vɔ-eve kpe ɖe du sue siwo ƒo xlã wo la ŋu. 32 To adelia si wona anyigbae lae nye Naftali. 33 Eƒe liƒo dze egɔme tso Helef, le ʋuti si le Zaananim gbɔ. Eyi Adami Nekeb, Yabneel kple Lakum hetɔ Yɔdan tɔsisi la. 34 Eƒe ɣetoɖoƒeliƒo dze egɔme tso Helef, dze to Aznɔt Tabɔr ŋu yi Hukok hewɔ ɖeka kple Zebulon ƒe liƒo le dziehe. Anyigba sia ƒe liƒo gawɔ ɖeka kple Aser ƒe viwo tɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Yɔdan tɔsisi la. 35 Du siwo woɖo gli ƒo xlã le anyigba la dzi la woe nye: Zidim, Zer, Hamat, Rakat, Kineret, 36 Adama, Rama, Hazor, 37 Kedes, Edrei, En Hazor, 38 Yirɔn, Migdalel, Horem, Bet Anat kple Bet Semes.Wonye du wuiasiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. 39 Ale du siwo nɔ Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi la le wuiasiekɛ kpe ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu. 40 To mamlɛtɔ si wona anyigbae lae nye Dan. 41 Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye:Zora, Estaol, Ir Semes, 42 Salabin, Aiyalon, Itla, 43 Elon, Timna, Ekron, 44 Elteke, Gibeton, Baalat, 45 Yehud, Bene Berak, Gat Rimon, 46 Me Yakɔn kple Rakɔn kple anyigba si te ɖe Yopa ŋu. 47 (Dan ƒe viwo mete ŋu xɔ anyigba la bɔbɔe o, eya ta wowɔ aʋa kple Lesen du la, eye woxɔe. Wonɔ afi ma, eye wotsɔ wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ na teƒea). 48 Du siawo kple wo ŋu kɔƒe siwo ƒo xlã wo nye domenyinu si Dan ƒe viwo xɔ. 49 Ale woma anyigba la ɖe toawo dome, eye wode liƒo wo ŋu. Israel dukɔ la tsɔ anyigba la ƒe akpa tɔxɛ aɖe na Nun ƒe vi Yosua, 50 elabena Yehowa gblɔ be Yosua ate ŋu atia du sia du si adze eŋu. Etia Timnat Sera le Efraim ƒe tonyigba dzi, gbugbɔe tu, eye wònɔ afi ma. 51 Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo.

In Other Versions

Joshua 19 in the ANGEFD

Joshua 19 in the ANTPNG2D

Joshua 19 in the AS21

Joshua 19 in the BAGH

Joshua 19 in the BBPNG

Joshua 19 in the BBT1E

Joshua 19 in the BDS

Joshua 19 in the BEV

Joshua 19 in the BHAD

Joshua 19 in the BIB

Joshua 19 in the BLPT

Joshua 19 in the BNT

Joshua 19 in the BNTABOOT

Joshua 19 in the BNTLV

Joshua 19 in the BOATCB

Joshua 19 in the BOATCB2

Joshua 19 in the BOBCV

Joshua 19 in the BOCNT

Joshua 19 in the BOGWICC

Joshua 19 in the BOHCB

Joshua 19 in the BOHCV

Joshua 19 in the BOHLNT

Joshua 19 in the BOHNTLTAL

Joshua 19 in the BOICB

Joshua 19 in the BOILNTAP

Joshua 19 in the BOITCV

Joshua 19 in the BOKCV

Joshua 19 in the BOKCV2

Joshua 19 in the BOKHWOG

Joshua 19 in the BOKSSV

Joshua 19 in the BOLCB

Joshua 19 in the BOLCB2

Joshua 19 in the BOMCV

Joshua 19 in the BONAV

Joshua 19 in the BONCB

Joshua 19 in the BONLT

Joshua 19 in the BONUT2

Joshua 19 in the BOPLNT

Joshua 19 in the BOSCB

Joshua 19 in the BOSNC

Joshua 19 in the BOTLNT

Joshua 19 in the BOVCB

Joshua 19 in the BOYCB

Joshua 19 in the BPBB

Joshua 19 in the BPH

Joshua 19 in the BSB

Joshua 19 in the CCB

Joshua 19 in the CUV

Joshua 19 in the CUVS

Joshua 19 in the DBT

Joshua 19 in the DGDNT

Joshua 19 in the DHNT

Joshua 19 in the DNT

Joshua 19 in the ELBE

Joshua 19 in the EMTV

Joshua 19 in the ESV

Joshua 19 in the FBV

Joshua 19 in the FEB

Joshua 19 in the GGMNT

Joshua 19 in the GNT

Joshua 19 in the HARY

Joshua 19 in the HNT

Joshua 19 in the IRVA

Joshua 19 in the IRVB

Joshua 19 in the IRVG

Joshua 19 in the IRVH

Joshua 19 in the IRVK

Joshua 19 in the IRVM

Joshua 19 in the IRVM2

Joshua 19 in the IRVO

Joshua 19 in the IRVP

Joshua 19 in the IRVT

Joshua 19 in the IRVT2

Joshua 19 in the IRVU

Joshua 19 in the ISVN

Joshua 19 in the JSNT

Joshua 19 in the KAPI

Joshua 19 in the KBT1ETNIK

Joshua 19 in the KBV

Joshua 19 in the KJV

Joshua 19 in the KNFD

Joshua 19 in the LBA

Joshua 19 in the LBLA

Joshua 19 in the LNT

Joshua 19 in the LSV

Joshua 19 in the MAAL

Joshua 19 in the MBV

Joshua 19 in the MBV2

Joshua 19 in the MHNT

Joshua 19 in the MKNFD

Joshua 19 in the MNG

Joshua 19 in the MNT

Joshua 19 in the MNT2

Joshua 19 in the MRS1T

Joshua 19 in the NAA

Joshua 19 in the NASB

Joshua 19 in the NBLA

Joshua 19 in the NBS

Joshua 19 in the NBVTP

Joshua 19 in the NET2

Joshua 19 in the NIV11

Joshua 19 in the NNT

Joshua 19 in the NNT2

Joshua 19 in the NNT3

Joshua 19 in the PDDPT

Joshua 19 in the PFNT

Joshua 19 in the RMNT

Joshua 19 in the SBIAS

Joshua 19 in the SBIBS

Joshua 19 in the SBIBS2

Joshua 19 in the SBICS

Joshua 19 in the SBIDS

Joshua 19 in the SBIGS

Joshua 19 in the SBIHS

Joshua 19 in the SBIIS

Joshua 19 in the SBIIS2

Joshua 19 in the SBIIS3

Joshua 19 in the SBIKS

Joshua 19 in the SBIKS2

Joshua 19 in the SBIMS

Joshua 19 in the SBIOS

Joshua 19 in the SBIPS

Joshua 19 in the SBISS

Joshua 19 in the SBITS

Joshua 19 in the SBITS2

Joshua 19 in the SBITS3

Joshua 19 in the SBITS4

Joshua 19 in the SBIUS

Joshua 19 in the SBIVS

Joshua 19 in the SBT

Joshua 19 in the SBT1E

Joshua 19 in the SCHL

Joshua 19 in the SNT

Joshua 19 in the SUSU

Joshua 19 in the SUSU2

Joshua 19 in the SYNO

Joshua 19 in the TBIAOTANT

Joshua 19 in the TBT1E

Joshua 19 in the TBT1E2

Joshua 19 in the TFTIP

Joshua 19 in the TFTU

Joshua 19 in the TGNTATF3T

Joshua 19 in the THAI

Joshua 19 in the TNFD

Joshua 19 in the TNT

Joshua 19 in the TNTIK

Joshua 19 in the TNTIL

Joshua 19 in the TNTIN

Joshua 19 in the TNTIP

Joshua 19 in the TNTIZ

Joshua 19 in the TOMA

Joshua 19 in the TTENT

Joshua 19 in the UBG

Joshua 19 in the UGV

Joshua 19 in the UGV2

Joshua 19 in the UGV3

Joshua 19 in the VBL

Joshua 19 in the VDCC

Joshua 19 in the YALU

Joshua 19 in the YAPE

Joshua 19 in the YBVTP

Joshua 19 in the ZBP