Joshua 2 (BOECS)

1 Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve, 2 ke ame aɖewo yi ɖagblɔ na Yeriko fia be, Israelvi eve, ame siwo ɖi ŋkutsalawo la va ɖo dua me fiẽ ma. 3 Ale fia la dɔ dɔlawo ɖo ɖe Rahab be, “Ɖe asi le amedzroawo ŋu, elabena ŋkutsalawo wonye, eye Israelviwo ƒe kplɔlawoe ɖo wo ɖa be woadi mɔ nyuitɔ si dzi woato aho aʋa ɖe mía ŋu.” 4 Ke Rahab ɣla amedzroawo, eye wògblɔ be, “Ameawo nya va afi sia do ŋgɔ na mi, gake nyemenya ne ŋkutsalawo wonye o. 5 Wodzo esi xexea me de asi tsyɔtsyɔ me, eye wòsusɔ vie woatu dua ƒe agbowo. Nyemenya afi si woyi o, ne mieɖe abla la, ɖewohĩ miatu wo!” 6 Nu si Rahab wɔe nye, ekplɔ ameawo yi xɔta, eye wòɣla wo ɖe ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la te. 7 Ale dɔlawo di wo yi keke Yɔdan tɔsisi la to. Esi dɔlawo dze mɔ ko la, wotu dua ƒe agbowo. 8 Hafi woamlɔ anyi la, Rahab yi ɖagblɔ na amedzroawo be, 9 “Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame, 10 elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi. 11 Nu sia ta míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ! Nya siawo sese ɖe dzi le mía ƒo, elabena Yehowa, miaƒe Mawue nye Mawu gã le dziƒo, eye menye mawu dzodzro aɖeke o. 12 Ke azɔ la, mika atam nam kple Yehowa, miaƒe Mawu la be miave nye ƒometɔwo nu, elabena nye hã menyo dɔ me na mi. Azɔ mina dzesim abe kakaɖedzi ene, 13 be miaɖe fofonye kple danye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo ƒe agbe kpe ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu, eye be míaɖe mí tso ku me.” 14 Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie. 15 Míatsɔ míaƒe agbe aʋli mia ta.” Esi Rahab ƒe xɔta kɔ wu dua ƒe gliwo ta la, esa ka legbe aɖe ɖe eƒe fesreti ŋu, eye wòna amedzroawo ɖiɖi to ka la ŋu ɖe anyigba le dua godo. 16 Rahab gblɔ na ŋkutsalawo be, “Misi yi toawo dzi. Minɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo le mia dim la natrɔ agbɔ, ekema miate ŋu atrɔ adzo azɔ.” 17 Ŋutsuawo gblɔ nɛ be, “Atam si nèna míeka fifia la, mabla mí o, 18 negbe ne míege ɖe anyigba la dzi, eye nètsɔ avɔ dzĩ tsi ɖe fesre si nètsɔ mí toe la nu, eye ne mèkplɔ fofowò kple dawò, nɔviwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo katã va wò aƒe me o la, míedze agɔ o. 19 Ne ame aɖe do go le wò aƒe me yi mɔtata dzi la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi, menye míawoe wɔe o. Ke hena ame siwo anɔ wò aƒe me la, amea ƒe ʋu ava míaƒe ta dzi ne míeka asi eŋuti. 20 Ke ne ègblɔ nu si wɔm míele la na ame aɖe la, atam si nèna míeka la, mabla mí o.” 21 Rahab gblɔ na wo bena, “Melɔ̃ ɖe miaƒe ɖoɖo siawo dzi abe ale si miegblɔe ene.”Ale wòɖe asi le wo ŋu woyi. Ke etsi ka dzĩ la ɖe fesreti la ŋu. 22 Ŋkutsalawo yi toawo dzi, eye wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo nɔ wo yome tim la di wo le afi sia afi le mɔa dzi do kpoe, eye wotrɔ gbɔ va dua me. 23 Ŋkutsala eveawo ɖi tso toawo dzi, eye wotso tɔsisi la. Wogblɔ nya sia nya si dzɔ la na Yosua, Nun ƒe vi. 24 Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”

In Other Versions

Joshua 2 in the ANGEFD

Joshua 2 in the ANTPNG2D

Joshua 2 in the AS21

Joshua 2 in the BAGH

Joshua 2 in the BBPNG

Joshua 2 in the BBT1E

Joshua 2 in the BDS

Joshua 2 in the BEV

Joshua 2 in the BHAD

Joshua 2 in the BIB

Joshua 2 in the BLPT

Joshua 2 in the BNT

Joshua 2 in the BNTABOOT

Joshua 2 in the BNTLV

Joshua 2 in the BOATCB

Joshua 2 in the BOATCB2

Joshua 2 in the BOBCV

Joshua 2 in the BOCNT

Joshua 2 in the BOGWICC

Joshua 2 in the BOHCB

Joshua 2 in the BOHCV

Joshua 2 in the BOHLNT

Joshua 2 in the BOHNTLTAL

Joshua 2 in the BOICB

Joshua 2 in the BOILNTAP

Joshua 2 in the BOITCV

Joshua 2 in the BOKCV

Joshua 2 in the BOKCV2

Joshua 2 in the BOKHWOG

Joshua 2 in the BOKSSV

Joshua 2 in the BOLCB

Joshua 2 in the BOLCB2

Joshua 2 in the BOMCV

Joshua 2 in the BONAV

Joshua 2 in the BONCB

Joshua 2 in the BONLT

Joshua 2 in the BONUT2

Joshua 2 in the BOPLNT

Joshua 2 in the BOSCB

Joshua 2 in the BOSNC

Joshua 2 in the BOTLNT

Joshua 2 in the BOVCB

Joshua 2 in the BOYCB

Joshua 2 in the BPBB

Joshua 2 in the BPH

Joshua 2 in the BSB

Joshua 2 in the CCB

Joshua 2 in the CUV

Joshua 2 in the CUVS

Joshua 2 in the DBT

Joshua 2 in the DGDNT

Joshua 2 in the DHNT

Joshua 2 in the DNT

Joshua 2 in the ELBE

Joshua 2 in the EMTV

Joshua 2 in the ESV

Joshua 2 in the FBV

Joshua 2 in the FEB

Joshua 2 in the GGMNT

Joshua 2 in the GNT

Joshua 2 in the HARY

Joshua 2 in the HNT

Joshua 2 in the IRVA

Joshua 2 in the IRVB

Joshua 2 in the IRVG

Joshua 2 in the IRVH

Joshua 2 in the IRVK

Joshua 2 in the IRVM

Joshua 2 in the IRVM2

Joshua 2 in the IRVO

Joshua 2 in the IRVP

Joshua 2 in the IRVT

Joshua 2 in the IRVT2

Joshua 2 in the IRVU

Joshua 2 in the ISVN

Joshua 2 in the JSNT

Joshua 2 in the KAPI

Joshua 2 in the KBT1ETNIK

Joshua 2 in the KBV

Joshua 2 in the KJV

Joshua 2 in the KNFD

Joshua 2 in the LBA

Joshua 2 in the LBLA

Joshua 2 in the LNT

Joshua 2 in the LSV

Joshua 2 in the MAAL

Joshua 2 in the MBV

Joshua 2 in the MBV2

Joshua 2 in the MHNT

Joshua 2 in the MKNFD

Joshua 2 in the MNG

Joshua 2 in the MNT

Joshua 2 in the MNT2

Joshua 2 in the MRS1T

Joshua 2 in the NAA

Joshua 2 in the NASB

Joshua 2 in the NBLA

Joshua 2 in the NBS

Joshua 2 in the NBVTP

Joshua 2 in the NET2

Joshua 2 in the NIV11

Joshua 2 in the NNT

Joshua 2 in the NNT2

Joshua 2 in the NNT3

Joshua 2 in the PDDPT

Joshua 2 in the PFNT

Joshua 2 in the RMNT

Joshua 2 in the SBIAS

Joshua 2 in the SBIBS

Joshua 2 in the SBIBS2

Joshua 2 in the SBICS

Joshua 2 in the SBIDS

Joshua 2 in the SBIGS

Joshua 2 in the SBIHS

Joshua 2 in the SBIIS

Joshua 2 in the SBIIS2

Joshua 2 in the SBIIS3

Joshua 2 in the SBIKS

Joshua 2 in the SBIKS2

Joshua 2 in the SBIMS

Joshua 2 in the SBIOS

Joshua 2 in the SBIPS

Joshua 2 in the SBISS

Joshua 2 in the SBITS

Joshua 2 in the SBITS2

Joshua 2 in the SBITS3

Joshua 2 in the SBITS4

Joshua 2 in the SBIUS

Joshua 2 in the SBIVS

Joshua 2 in the SBT

Joshua 2 in the SBT1E

Joshua 2 in the SCHL

Joshua 2 in the SNT

Joshua 2 in the SUSU

Joshua 2 in the SUSU2

Joshua 2 in the SYNO

Joshua 2 in the TBIAOTANT

Joshua 2 in the TBT1E

Joshua 2 in the TBT1E2

Joshua 2 in the TFTIP

Joshua 2 in the TFTU

Joshua 2 in the TGNTATF3T

Joshua 2 in the THAI

Joshua 2 in the TNFD

Joshua 2 in the TNT

Joshua 2 in the TNTIK

Joshua 2 in the TNTIL

Joshua 2 in the TNTIN

Joshua 2 in the TNTIP

Joshua 2 in the TNTIZ

Joshua 2 in the TOMA

Joshua 2 in the TTENT

Joshua 2 in the UBG

Joshua 2 in the UGV

Joshua 2 in the UGV2

Joshua 2 in the UGV3

Joshua 2 in the VBL

Joshua 2 in the VDCC

Joshua 2 in the YALU

Joshua 2 in the YAPE

Joshua 2 in the YBVTP

Joshua 2 in the ZBP