Leviticus 1 (BOECS)

1 Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be, 2 “Ƒo nu na Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la, netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene. 3 “ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu. 4 Ele be wòatsɔ eƒe asi ada ɖe numevɔsa la ƒe ta dzi, eye woaxɔ numevɔsa la ɖe vɔsalã la teƒe be wòalé avu ɖe enu. 5 Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu. 6 Ele nɛ be wòako numevɔsalã la eye wòaflii. 7 Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woaɖo nake ɖe dzo la dzi. 8 Ekema Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo, atsɔ lãkɔwo, eƒe ta kple ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. 9 Amea aklɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔwo, nunɔla la atɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woazu numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu. 10 “ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la. 11 Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo. 12 Ekema amea afli lã la, eye nunɔla la atsɔ lãkɔawo, lã la ƒe ta kple eƒe ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. 13 Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa. 14 “ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi. 15 Nunɔla la atsɔ xevi la ayi vɔsamlekpui la gbɔ, atro kɔ le enu, ana eƒe ʋu naɖuɖu ɖe anyi le vɔsamlekpui la ƒe axadzi, eye woame lã la le vɔsamlekpui la dzi. 16 Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la. 17 Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu.

In Other Versions

Leviticus 1 in the ANGEFD

Leviticus 1 in the ANTPNG2D

Leviticus 1 in the AS21

Leviticus 1 in the BAGH

Leviticus 1 in the BBPNG

Leviticus 1 in the BBT1E

Leviticus 1 in the BDS

Leviticus 1 in the BEV

Leviticus 1 in the BHAD

Leviticus 1 in the BIB

Leviticus 1 in the BLPT

Leviticus 1 in the BNT

Leviticus 1 in the BNTABOOT

Leviticus 1 in the BNTLV

Leviticus 1 in the BOATCB

Leviticus 1 in the BOATCB2

Leviticus 1 in the BOBCV

Leviticus 1 in the BOCNT

Leviticus 1 in the BOGWICC

Leviticus 1 in the BOHCB

Leviticus 1 in the BOHCV

Leviticus 1 in the BOHLNT

Leviticus 1 in the BOHNTLTAL

Leviticus 1 in the BOICB

Leviticus 1 in the BOILNTAP

Leviticus 1 in the BOITCV

Leviticus 1 in the BOKCV

Leviticus 1 in the BOKCV2

Leviticus 1 in the BOKHWOG

Leviticus 1 in the BOKSSV

Leviticus 1 in the BOLCB

Leviticus 1 in the BOLCB2

Leviticus 1 in the BOMCV

Leviticus 1 in the BONAV

Leviticus 1 in the BONCB

Leviticus 1 in the BONLT

Leviticus 1 in the BONUT2

Leviticus 1 in the BOPLNT

Leviticus 1 in the BOSCB

Leviticus 1 in the BOSNC

Leviticus 1 in the BOTLNT

Leviticus 1 in the BOVCB

Leviticus 1 in the BOYCB

Leviticus 1 in the BPBB

Leviticus 1 in the BPH

Leviticus 1 in the BSB

Leviticus 1 in the CCB

Leviticus 1 in the CUV

Leviticus 1 in the CUVS

Leviticus 1 in the DBT

Leviticus 1 in the DGDNT

Leviticus 1 in the DHNT

Leviticus 1 in the DNT

Leviticus 1 in the ELBE

Leviticus 1 in the EMTV

Leviticus 1 in the ESV

Leviticus 1 in the FBV

Leviticus 1 in the FEB

Leviticus 1 in the GGMNT

Leviticus 1 in the GNT

Leviticus 1 in the HARY

Leviticus 1 in the HNT

Leviticus 1 in the IRVA

Leviticus 1 in the IRVB

Leviticus 1 in the IRVG

Leviticus 1 in the IRVH

Leviticus 1 in the IRVK

Leviticus 1 in the IRVM

Leviticus 1 in the IRVM2

Leviticus 1 in the IRVO

Leviticus 1 in the IRVP

Leviticus 1 in the IRVT

Leviticus 1 in the IRVT2

Leviticus 1 in the IRVU

Leviticus 1 in the ISVN

Leviticus 1 in the JSNT

Leviticus 1 in the KAPI

Leviticus 1 in the KBT1ETNIK

Leviticus 1 in the KBV

Leviticus 1 in the KJV

Leviticus 1 in the KNFD

Leviticus 1 in the LBA

Leviticus 1 in the LBLA

Leviticus 1 in the LNT

Leviticus 1 in the LSV

Leviticus 1 in the MAAL

Leviticus 1 in the MBV

Leviticus 1 in the MBV2

Leviticus 1 in the MHNT

Leviticus 1 in the MKNFD

Leviticus 1 in the MNG

Leviticus 1 in the MNT

Leviticus 1 in the MNT2

Leviticus 1 in the MRS1T

Leviticus 1 in the NAA

Leviticus 1 in the NASB

Leviticus 1 in the NBLA

Leviticus 1 in the NBS

Leviticus 1 in the NBVTP

Leviticus 1 in the NET2

Leviticus 1 in the NIV11

Leviticus 1 in the NNT

Leviticus 1 in the NNT2

Leviticus 1 in the NNT3

Leviticus 1 in the PDDPT

Leviticus 1 in the PFNT

Leviticus 1 in the RMNT

Leviticus 1 in the SBIAS

Leviticus 1 in the SBIBS

Leviticus 1 in the SBIBS2

Leviticus 1 in the SBICS

Leviticus 1 in the SBIDS

Leviticus 1 in the SBIGS

Leviticus 1 in the SBIHS

Leviticus 1 in the SBIIS

Leviticus 1 in the SBIIS2

Leviticus 1 in the SBIIS3

Leviticus 1 in the SBIKS

Leviticus 1 in the SBIKS2

Leviticus 1 in the SBIMS

Leviticus 1 in the SBIOS

Leviticus 1 in the SBIPS

Leviticus 1 in the SBISS

Leviticus 1 in the SBITS

Leviticus 1 in the SBITS2

Leviticus 1 in the SBITS3

Leviticus 1 in the SBITS4

Leviticus 1 in the SBIUS

Leviticus 1 in the SBIVS

Leviticus 1 in the SBT

Leviticus 1 in the SBT1E

Leviticus 1 in the SCHL

Leviticus 1 in the SNT

Leviticus 1 in the SUSU

Leviticus 1 in the SUSU2

Leviticus 1 in the SYNO

Leviticus 1 in the TBIAOTANT

Leviticus 1 in the TBT1E

Leviticus 1 in the TBT1E2

Leviticus 1 in the TFTIP

Leviticus 1 in the TFTU

Leviticus 1 in the TGNTATF3T

Leviticus 1 in the THAI

Leviticus 1 in the TNFD

Leviticus 1 in the TNT

Leviticus 1 in the TNTIK

Leviticus 1 in the TNTIL

Leviticus 1 in the TNTIN

Leviticus 1 in the TNTIP

Leviticus 1 in the TNTIZ

Leviticus 1 in the TOMA

Leviticus 1 in the TTENT

Leviticus 1 in the UBG

Leviticus 1 in the UGV

Leviticus 1 in the UGV2

Leviticus 1 in the UGV3

Leviticus 1 in the VBL

Leviticus 1 in the VDCC

Leviticus 1 in the YALU

Leviticus 1 in the YAPE

Leviticus 1 in the YBVTP

Leviticus 1 in the ZBP