Leviticus 9 (BOECS)

1 Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe ametsitsiwo, 2 eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume. 3 Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa. 4 Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.” 5 Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume. 6 Mose gblɔ na ameawo be, “Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi.” 7 Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene. 8 Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la wɔ nu vɔ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta. 9 Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. 10 Emegbe la, etɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 11 Etɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo. 12 Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. 13 Wofli lã la tsɔ vɛ nɛ kpe ɖe lã la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. 14 Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene. 15 Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene. 16 Ale wòsa numevɔ la na Yehowa, le se siwo wòde nɛ la nu. 17 Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi. 18 Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ vɛ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. 19 Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã. 20 Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi. 21 Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo nɛ ene. 22 Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi. 23 Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la, 24 eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.

In Other Versions

Leviticus 9 in the ANGEFD

Leviticus 9 in the ANTPNG2D

Leviticus 9 in the AS21

Leviticus 9 in the BAGH

Leviticus 9 in the BBPNG

Leviticus 9 in the BBT1E

Leviticus 9 in the BDS

Leviticus 9 in the BEV

Leviticus 9 in the BHAD

Leviticus 9 in the BIB

Leviticus 9 in the BLPT

Leviticus 9 in the BNT

Leviticus 9 in the BNTABOOT

Leviticus 9 in the BNTLV

Leviticus 9 in the BOATCB

Leviticus 9 in the BOATCB2

Leviticus 9 in the BOBCV

Leviticus 9 in the BOCNT

Leviticus 9 in the BOGWICC

Leviticus 9 in the BOHCB

Leviticus 9 in the BOHCV

Leviticus 9 in the BOHLNT

Leviticus 9 in the BOHNTLTAL

Leviticus 9 in the BOICB

Leviticus 9 in the BOILNTAP

Leviticus 9 in the BOITCV

Leviticus 9 in the BOKCV

Leviticus 9 in the BOKCV2

Leviticus 9 in the BOKHWOG

Leviticus 9 in the BOKSSV

Leviticus 9 in the BOLCB

Leviticus 9 in the BOLCB2

Leviticus 9 in the BOMCV

Leviticus 9 in the BONAV

Leviticus 9 in the BONCB

Leviticus 9 in the BONLT

Leviticus 9 in the BONUT2

Leviticus 9 in the BOPLNT

Leviticus 9 in the BOSCB

Leviticus 9 in the BOSNC

Leviticus 9 in the BOTLNT

Leviticus 9 in the BOVCB

Leviticus 9 in the BOYCB

Leviticus 9 in the BPBB

Leviticus 9 in the BPH

Leviticus 9 in the BSB

Leviticus 9 in the CCB

Leviticus 9 in the CUV

Leviticus 9 in the CUVS

Leviticus 9 in the DBT

Leviticus 9 in the DGDNT

Leviticus 9 in the DHNT

Leviticus 9 in the DNT

Leviticus 9 in the ELBE

Leviticus 9 in the EMTV

Leviticus 9 in the ESV

Leviticus 9 in the FBV

Leviticus 9 in the FEB

Leviticus 9 in the GGMNT

Leviticus 9 in the GNT

Leviticus 9 in the HARY

Leviticus 9 in the HNT

Leviticus 9 in the IRVA

Leviticus 9 in the IRVB

Leviticus 9 in the IRVG

Leviticus 9 in the IRVH

Leviticus 9 in the IRVK

Leviticus 9 in the IRVM

Leviticus 9 in the IRVM2

Leviticus 9 in the IRVO

Leviticus 9 in the IRVP

Leviticus 9 in the IRVT

Leviticus 9 in the IRVT2

Leviticus 9 in the IRVU

Leviticus 9 in the ISVN

Leviticus 9 in the JSNT

Leviticus 9 in the KAPI

Leviticus 9 in the KBT1ETNIK

Leviticus 9 in the KBV

Leviticus 9 in the KJV

Leviticus 9 in the KNFD

Leviticus 9 in the LBA

Leviticus 9 in the LBLA

Leviticus 9 in the LNT

Leviticus 9 in the LSV

Leviticus 9 in the MAAL

Leviticus 9 in the MBV

Leviticus 9 in the MBV2

Leviticus 9 in the MHNT

Leviticus 9 in the MKNFD

Leviticus 9 in the MNG

Leviticus 9 in the MNT

Leviticus 9 in the MNT2

Leviticus 9 in the MRS1T

Leviticus 9 in the NAA

Leviticus 9 in the NASB

Leviticus 9 in the NBLA

Leviticus 9 in the NBS

Leviticus 9 in the NBVTP

Leviticus 9 in the NET2

Leviticus 9 in the NIV11

Leviticus 9 in the NNT

Leviticus 9 in the NNT2

Leviticus 9 in the NNT3

Leviticus 9 in the PDDPT

Leviticus 9 in the PFNT

Leviticus 9 in the RMNT

Leviticus 9 in the SBIAS

Leviticus 9 in the SBIBS

Leviticus 9 in the SBIBS2

Leviticus 9 in the SBICS

Leviticus 9 in the SBIDS

Leviticus 9 in the SBIGS

Leviticus 9 in the SBIHS

Leviticus 9 in the SBIIS

Leviticus 9 in the SBIIS2

Leviticus 9 in the SBIIS3

Leviticus 9 in the SBIKS

Leviticus 9 in the SBIKS2

Leviticus 9 in the SBIMS

Leviticus 9 in the SBIOS

Leviticus 9 in the SBIPS

Leviticus 9 in the SBISS

Leviticus 9 in the SBITS

Leviticus 9 in the SBITS2

Leviticus 9 in the SBITS3

Leviticus 9 in the SBITS4

Leviticus 9 in the SBIUS

Leviticus 9 in the SBIVS

Leviticus 9 in the SBT

Leviticus 9 in the SBT1E

Leviticus 9 in the SCHL

Leviticus 9 in the SNT

Leviticus 9 in the SUSU

Leviticus 9 in the SUSU2

Leviticus 9 in the SYNO

Leviticus 9 in the TBIAOTANT

Leviticus 9 in the TBT1E

Leviticus 9 in the TBT1E2

Leviticus 9 in the TFTIP

Leviticus 9 in the TFTU

Leviticus 9 in the TGNTATF3T

Leviticus 9 in the THAI

Leviticus 9 in the TNFD

Leviticus 9 in the TNT

Leviticus 9 in the TNTIK

Leviticus 9 in the TNTIL

Leviticus 9 in the TNTIN

Leviticus 9 in the TNTIP

Leviticus 9 in the TNTIZ

Leviticus 9 in the TOMA

Leviticus 9 in the TTENT

Leviticus 9 in the UBG

Leviticus 9 in the UGV

Leviticus 9 in the UGV2

Leviticus 9 in the UGV3

Leviticus 9 in the VBL

Leviticus 9 in the VDCC

Leviticus 9 in the YALU

Leviticus 9 in the YAPE

Leviticus 9 in the YBVTP

Leviticus 9 in the ZBP