Luke 15 (BOECS)

1 Dugadzɔla mawɔnuteƒewo kple nu vɔ̃ wɔla dovowo va ɖoa to Yesu ƒe mawunya zi geɖe. 2 Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã. 3 Esia na be Yesu do lo sia na wo be, 4 “Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò, eye ɖeka tra mɔ yi gbe me hebu ɖe, màgblẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛa ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa? 5 Eye nenye be èkpɔe la, àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee. 6 Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye, elabena èkpɔ wò alẽ si bu la. 7 “Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o. 8 “Mise lododo sia hã ɖa. Klosaloga ewo nɔ nyɔnu aɖe si, eye wòbu ga vevi siawo dometɔ ɖeka. Ɖe nyɔnu sia masi akaɖi adi ga la le eƒe aƒe ƒe dzogoewo katã me kple ɣaɣlaƒewo katã va se ɖe esime wòkpɔe oa? 9 Eye ne ekpɔe ɖe, mayɔ eƒe aƒelikawo kple exɔlɔ̃wo agblɔ be, ‘Miva kpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ klosalo si mebu la oa?’ 10 Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me.” 11 Yesu yi edzi gblɔ be, “Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si. 12 Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ. 13 “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me. 14 Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me. 15 Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ. 16 Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o. 17 “Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta! 18 Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò, 19 eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo dometɔ ɖeka ko ene.” ’ 20 “Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ. 21 “Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’ 22 “Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. 23 Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ. 24 Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake. 25 “Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi wòtrɔ gbɔna va aƒe me la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me, 26 ale wòyɔ subɔvi ɖeka hebiae be nu kae le edzi yim le aƒea me? 27 Subɔvi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Nɔviwòe gbɔ, eye fofowò wu nyivi si míele nuɖuɖu namii be wòada ami la, heɖo kplɔ̃ gã aɖe be woatsɔ do dzidzɔe ɖe eŋu be etrɔ gbɔ dedie.’ 28 “Dɔ me ve viŋutsuvi tsitsitɔ la ŋutɔ, eya ta egbe be yemage ɖe aƒea me o. Fofoa yi ɖaɖe kuku nɛ be wòage ɖe aƒea me. 29 Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o. 30 Gake esi viwò sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ!’ 31 “Fofoa gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ ɖa, vinye lɔlɔ̃a, nye kpli wò míeli xoxoxo. Nu sia nu si le asinye la, tɔwòe. 32 Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ elabena nɔviwòe. Azɔ eku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye míegafɔe.’ ”

In Other Versions

Luke 15 in the ANGEFD

Luke 15 in the ANTPNG2D

Luke 15 in the AS21

Luke 15 in the BAGH

Luke 15 in the BBPNG

Luke 15 in the BBT1E

Luke 15 in the BDS

Luke 15 in the BEV

Luke 15 in the BHAD

Luke 15 in the BIB

Luke 15 in the BLPT

Luke 15 in the BNT

Luke 15 in the BNTABOOT

Luke 15 in the BNTLV

Luke 15 in the BOATCB

Luke 15 in the BOATCB2

Luke 15 in the BOBCV

Luke 15 in the BOCNT

Luke 15 in the BOGWICC

Luke 15 in the BOHCB

Luke 15 in the BOHCV

Luke 15 in the BOHLNT

Luke 15 in the BOHNTLTAL

Luke 15 in the BOICB

Luke 15 in the BOILNTAP

Luke 15 in the BOITCV

Luke 15 in the BOKCV

Luke 15 in the BOKCV2

Luke 15 in the BOKHWOG

Luke 15 in the BOKSSV

Luke 15 in the BOLCB

Luke 15 in the BOLCB2

Luke 15 in the BOMCV

Luke 15 in the BONAV

Luke 15 in the BONCB

Luke 15 in the BONLT

Luke 15 in the BONUT2

Luke 15 in the BOPLNT

Luke 15 in the BOSCB

Luke 15 in the BOSNC

Luke 15 in the BOTLNT

Luke 15 in the BOVCB

Luke 15 in the BOYCB

Luke 15 in the BPBB

Luke 15 in the BPH

Luke 15 in the BSB

Luke 15 in the CCB

Luke 15 in the CUV

Luke 15 in the CUVS

Luke 15 in the DBT

Luke 15 in the DGDNT

Luke 15 in the DHNT

Luke 15 in the DNT

Luke 15 in the ELBE

Luke 15 in the EMTV

Luke 15 in the ESV

Luke 15 in the FBV

Luke 15 in the FEB

Luke 15 in the GGMNT

Luke 15 in the GNT

Luke 15 in the HARY

Luke 15 in the HNT

Luke 15 in the IRVA

Luke 15 in the IRVB

Luke 15 in the IRVG

Luke 15 in the IRVH

Luke 15 in the IRVK

Luke 15 in the IRVM

Luke 15 in the IRVM2

Luke 15 in the IRVO

Luke 15 in the IRVP

Luke 15 in the IRVT

Luke 15 in the IRVT2

Luke 15 in the IRVU

Luke 15 in the ISVN

Luke 15 in the JSNT

Luke 15 in the KAPI

Luke 15 in the KBT1ETNIK

Luke 15 in the KBV

Luke 15 in the KJV

Luke 15 in the KNFD

Luke 15 in the LBA

Luke 15 in the LBLA

Luke 15 in the LNT

Luke 15 in the LSV

Luke 15 in the MAAL

Luke 15 in the MBV

Luke 15 in the MBV2

Luke 15 in the MHNT

Luke 15 in the MKNFD

Luke 15 in the MNG

Luke 15 in the MNT

Luke 15 in the MNT2

Luke 15 in the MRS1T

Luke 15 in the NAA

Luke 15 in the NASB

Luke 15 in the NBLA

Luke 15 in the NBS

Luke 15 in the NBVTP

Luke 15 in the NET2

Luke 15 in the NIV11

Luke 15 in the NNT

Luke 15 in the NNT2

Luke 15 in the NNT3

Luke 15 in the PDDPT

Luke 15 in the PFNT

Luke 15 in the RMNT

Luke 15 in the SBIAS

Luke 15 in the SBIBS

Luke 15 in the SBIBS2

Luke 15 in the SBICS

Luke 15 in the SBIDS

Luke 15 in the SBIGS

Luke 15 in the SBIHS

Luke 15 in the SBIIS

Luke 15 in the SBIIS2

Luke 15 in the SBIIS3

Luke 15 in the SBIKS

Luke 15 in the SBIKS2

Luke 15 in the SBIMS

Luke 15 in the SBIOS

Luke 15 in the SBIPS

Luke 15 in the SBISS

Luke 15 in the SBITS

Luke 15 in the SBITS2

Luke 15 in the SBITS3

Luke 15 in the SBITS4

Luke 15 in the SBIUS

Luke 15 in the SBIVS

Luke 15 in the SBT

Luke 15 in the SBT1E

Luke 15 in the SCHL

Luke 15 in the SNT

Luke 15 in the SUSU

Luke 15 in the SUSU2

Luke 15 in the SYNO

Luke 15 in the TBIAOTANT

Luke 15 in the TBT1E

Luke 15 in the TBT1E2

Luke 15 in the TFTIP

Luke 15 in the TFTU

Luke 15 in the TGNTATF3T

Luke 15 in the THAI

Luke 15 in the TNFD

Luke 15 in the TNT

Luke 15 in the TNTIK

Luke 15 in the TNTIL

Luke 15 in the TNTIN

Luke 15 in the TNTIP

Luke 15 in the TNTIZ

Luke 15 in the TOMA

Luke 15 in the TTENT

Luke 15 in the UBG

Luke 15 in the UGV

Luke 15 in the UGV2

Luke 15 in the UGV3

Luke 15 in the VBL

Luke 15 in the VDCC

Luke 15 in the YALU

Luke 15 in the YAPE

Luke 15 in the YBVTP

Luke 15 in the ZBP