Luke 21 (BOECS)

1 Esi Yesu nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la me la, enɔ ŋku lém ɖe ale si kesinɔtɔwo le woƒe nunanawo dam ɖe nudzɔɖaka la me ŋu. 2 Ke ekpɔ ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ko ɖe nudzɔɖaka la me. 3 Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ahosi dahe sia ƒe nunana sɔ gbɔ sãa wu nunalawo katã ƒe nunana. 4 Elabena nenem ƒe ame siawo katã ƒe nunana la nye nu si wozã wòsusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.” 5 Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la kple kpe nyuiwo ŋuti. Wokpɔ ŋudzedze le akpedanunana vovovo siwo ŋuti wokɔ hetsi wo ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ. 6 Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.” 7 Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣe ka ɣi nu siawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?” 8 Eɖo eŋu na wo be, “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ be, ‘Nyee nye esi’ eye ‘Ɣeyiɣi la ɖo vɔ.’ Migadze wo yome o. 9 Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o. 10 Elabena dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe. 11 Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo. 12 “Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. 13 Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo. 14 Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la ŋu o, 15 elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. 16 Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. 17 Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo ta. 18 Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o. 19 Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe. 20 “Nenye be miekpɔ asrafowo woƒo xlã Yerusalem dua la, ke minyae be dua gbãɣi ɖo vɔ. 21 Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadze agbagba asi. Ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ ayi dua me o. 22 Ŋkeke siawoe nye hlɔ̃biaŋkekewo be nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme pɛpɛpɛ. 23 Ke baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi. 24 Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.” 25 “Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. 26 Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu. 27 Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ lilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. 28 Eya ta ne nu siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesĩe, eye mianɔ ŋudzɔ, elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be woaɖe mi.” 29 Azɔ edo lo sia na wo be, “Mikpɔ aŋutiti kple ati bubuawo katã ɖa, 30 ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si be dzomeŋɔli le ɖoɖom.” 31 Nenema ke nenye be miekpɔ be nu siwo megblɔ na mi le eme vam la, minyae be mawufiaɖuƒe la te tu aƒe. 32 “Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia anɔ agbe akpɔ nu siawo teƒe pɛpɛpɛ hafi aku. 33 Eye togbɔ be dziƒo kple anyigba nu ava yi hã la, nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. 34 “Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o. 35 Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. 36 Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.” 37 Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ me la, etrɔna yia Amito la dzi, afi si wòdɔna le zã me, 38 eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi le gbedoxɔ la me be yewoaɖo to eƒe nufiafia.

In Other Versions

Luke 21 in the ANGEFD

Luke 21 in the ANTPNG2D

Luke 21 in the AS21

Luke 21 in the BAGH

Luke 21 in the BBPNG

Luke 21 in the BBT1E

Luke 21 in the BDS

Luke 21 in the BEV

Luke 21 in the BHAD

Luke 21 in the BIB

Luke 21 in the BLPT

Luke 21 in the BNT

Luke 21 in the BNTABOOT

Luke 21 in the BNTLV

Luke 21 in the BOATCB

Luke 21 in the BOATCB2

Luke 21 in the BOBCV

Luke 21 in the BOCNT

Luke 21 in the BOGWICC

Luke 21 in the BOHCB

Luke 21 in the BOHCV

Luke 21 in the BOHLNT

Luke 21 in the BOHNTLTAL

Luke 21 in the BOICB

Luke 21 in the BOILNTAP

Luke 21 in the BOITCV

Luke 21 in the BOKCV

Luke 21 in the BOKCV2

Luke 21 in the BOKHWOG

Luke 21 in the BOKSSV

Luke 21 in the BOLCB

Luke 21 in the BOLCB2

Luke 21 in the BOMCV

Luke 21 in the BONAV

Luke 21 in the BONCB

Luke 21 in the BONLT

Luke 21 in the BONUT2

Luke 21 in the BOPLNT

Luke 21 in the BOSCB

Luke 21 in the BOSNC

Luke 21 in the BOTLNT

Luke 21 in the BOVCB

Luke 21 in the BOYCB

Luke 21 in the BPBB

Luke 21 in the BPH

Luke 21 in the BSB

Luke 21 in the CCB

Luke 21 in the CUV

Luke 21 in the CUVS

Luke 21 in the DBT

Luke 21 in the DGDNT

Luke 21 in the DHNT

Luke 21 in the DNT

Luke 21 in the ELBE

Luke 21 in the EMTV

Luke 21 in the ESV

Luke 21 in the FBV

Luke 21 in the FEB

Luke 21 in the GGMNT

Luke 21 in the GNT

Luke 21 in the HARY

Luke 21 in the HNT

Luke 21 in the IRVA

Luke 21 in the IRVB

Luke 21 in the IRVG

Luke 21 in the IRVH

Luke 21 in the IRVK

Luke 21 in the IRVM

Luke 21 in the IRVM2

Luke 21 in the IRVO

Luke 21 in the IRVP

Luke 21 in the IRVT

Luke 21 in the IRVT2

Luke 21 in the IRVU

Luke 21 in the ISVN

Luke 21 in the JSNT

Luke 21 in the KAPI

Luke 21 in the KBT1ETNIK

Luke 21 in the KBV

Luke 21 in the KJV

Luke 21 in the KNFD

Luke 21 in the LBA

Luke 21 in the LBLA

Luke 21 in the LNT

Luke 21 in the LSV

Luke 21 in the MAAL

Luke 21 in the MBV

Luke 21 in the MBV2

Luke 21 in the MHNT

Luke 21 in the MKNFD

Luke 21 in the MNG

Luke 21 in the MNT

Luke 21 in the MNT2

Luke 21 in the MRS1T

Luke 21 in the NAA

Luke 21 in the NASB

Luke 21 in the NBLA

Luke 21 in the NBS

Luke 21 in the NBVTP

Luke 21 in the NET2

Luke 21 in the NIV11

Luke 21 in the NNT

Luke 21 in the NNT2

Luke 21 in the NNT3

Luke 21 in the PDDPT

Luke 21 in the PFNT

Luke 21 in the RMNT

Luke 21 in the SBIAS

Luke 21 in the SBIBS

Luke 21 in the SBIBS2

Luke 21 in the SBICS

Luke 21 in the SBIDS

Luke 21 in the SBIGS

Luke 21 in the SBIHS

Luke 21 in the SBIIS

Luke 21 in the SBIIS2

Luke 21 in the SBIIS3

Luke 21 in the SBIKS

Luke 21 in the SBIKS2

Luke 21 in the SBIMS

Luke 21 in the SBIOS

Luke 21 in the SBIPS

Luke 21 in the SBISS

Luke 21 in the SBITS

Luke 21 in the SBITS2

Luke 21 in the SBITS3

Luke 21 in the SBITS4

Luke 21 in the SBIUS

Luke 21 in the SBIVS

Luke 21 in the SBT

Luke 21 in the SBT1E

Luke 21 in the SCHL

Luke 21 in the SNT

Luke 21 in the SUSU

Luke 21 in the SUSU2

Luke 21 in the SYNO

Luke 21 in the TBIAOTANT

Luke 21 in the TBT1E

Luke 21 in the TBT1E2

Luke 21 in the TFTIP

Luke 21 in the TFTU

Luke 21 in the TGNTATF3T

Luke 21 in the THAI

Luke 21 in the TNFD

Luke 21 in the TNT

Luke 21 in the TNTIK

Luke 21 in the TNTIL

Luke 21 in the TNTIN

Luke 21 in the TNTIP

Luke 21 in the TNTIZ

Luke 21 in the TOMA

Luke 21 in the TTENT

Luke 21 in the UBG

Luke 21 in the UGV

Luke 21 in the UGV2

Luke 21 in the UGV3

Luke 21 in the VBL

Luke 21 in the VDCC

Luke 21 in the YALU

Luke 21 in the YAPE

Luke 21 in the YBVTP

Luke 21 in the ZBP