Malachi 2 (BOECS)

1 “Mi nunɔlawo, miɖo to ne miase sedede sia si tso Yehowa, gbɔ. 2 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, ‘Ne mietrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi hede bubu ŋunye o la, maƒo fi ade mi, eye mana be miaƒe yayrawo nazu fiƒode. Le nyateƒe me la, meƒo ƒi de mi xoxo elabena mieɖo ta me be yewoade bubu ŋunye o.’ 3 “ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi. 4 Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’ ” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 5 “Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ. 6 Nyateƒe ƒe se le nu me nɛ, eye alakpa aɖeke mele eƒe nuyiwo nu o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me, eye wòna ame geɖewo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me. 7 “Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo. 8 Ke esia mele mia gbɔ o elabena miawo mietra tso Yehowa ƒe mɔ dzi. Miekplɔ amewo to mɔtatra dzi, to miaƒe nufiafia me eye wodze nu vɔ̃ me. Mietɔtɔ Levi ƒe nubabla la, hewɔe wòzu nu tsɛ aɖe ko.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 9 “Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.” 10 Ɖe menye fofo ɖeka ƒe viwoe míenye oa? Eye ɖe menye Mawu ɖekae wɔ mí katã oa? Ekema nu ka ta míewɔa nu tovowo ɖe mía nɔewo ŋuti, eye míetua mía fofowo ƒe nubabla la? 11 Ŋunyɔnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe Yuda, Israel kple Yerusalem eye Yuda ŋutsuwo do gu Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔe si gbɔ melɔ̃a nu le o la elabena woɖe nyɔnu siwo subɔa mawu bubuwo. 12 Yehowa netsrɔ̃ ame sia ame si awɔ nu sia la ɖa tso Yakob ƒe ƒomea me, eɖanye nunɔla loo alo hamevi, togbɔ be wòtsɔa vɔsa dona ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume gɔ̃ hã. 13 Nu bubu si miegawɔe nye be, mietsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe tsɔ tsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi elabena megatsɔa ɖeke le miaƒe vɔsasa me o, eye megayraa mi hã o. 14 Miefa avi bia Yehowa be: “Mawu, nu ka tae nègblẽ mí ɖi?” Magblɔ nu si ta wògble mi ɖi la na mi; Yehowa kpɔ ale si miewɔ tamesesẽ hegbe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo nɔ anyi kpli mi le nyateƒetoto me ƒe geɖe lae. Evɔ mieɖe adzɔgbe be miakpɔ wo dzi, eye miagblẽ wo ɖi ɣe aɖeke ɣi akpɔ o. 15 Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo. 16 “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be yetsri srɔ̃gbegbe kple ŋutsu ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”Eya ta miɖu mia ɖokuiwo dzi ne miadzudzɔ srɔ̃gbegbe. 17 Mietsɔ miaƒe nya kukluiwo do dziku na Yehowa.Gake miebua biae be, “Aleke míedo dziku na wòe?”Miedo dziku nɛ elabena miegblɔ be, “Nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe nye ame nyui le Yehowa ŋkume eye woawo gɔ̃ hã ƒe nue nyoa eŋu” Miebia be, “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?”

In Other Versions

Malachi 2 in the ANGEFD

Malachi 2 in the ANTPNG2D

Malachi 2 in the AS21

Malachi 2 in the BAGH

Malachi 2 in the BBPNG

Malachi 2 in the BBT1E

Malachi 2 in the BDS

Malachi 2 in the BEV

Malachi 2 in the BHAD

Malachi 2 in the BIB

Malachi 2 in the BLPT

Malachi 2 in the BNT

Malachi 2 in the BNTABOOT

Malachi 2 in the BNTLV

Malachi 2 in the BOATCB

Malachi 2 in the BOATCB2

Malachi 2 in the BOBCV

Malachi 2 in the BOCNT

Malachi 2 in the BOGWICC

Malachi 2 in the BOHCB

Malachi 2 in the BOHCV

Malachi 2 in the BOHLNT

Malachi 2 in the BOHNTLTAL

Malachi 2 in the BOICB

Malachi 2 in the BOILNTAP

Malachi 2 in the BOITCV

Malachi 2 in the BOKCV

Malachi 2 in the BOKCV2

Malachi 2 in the BOKHWOG

Malachi 2 in the BOKSSV

Malachi 2 in the BOLCB

Malachi 2 in the BOLCB2

Malachi 2 in the BOMCV

Malachi 2 in the BONAV

Malachi 2 in the BONCB

Malachi 2 in the BONLT

Malachi 2 in the BONUT2

Malachi 2 in the BOPLNT

Malachi 2 in the BOSCB

Malachi 2 in the BOSNC

Malachi 2 in the BOTLNT

Malachi 2 in the BOVCB

Malachi 2 in the BOYCB

Malachi 2 in the BPBB

Malachi 2 in the BPH

Malachi 2 in the BSB

Malachi 2 in the CCB

Malachi 2 in the CUV

Malachi 2 in the CUVS

Malachi 2 in the DBT

Malachi 2 in the DGDNT

Malachi 2 in the DHNT

Malachi 2 in the DNT

Malachi 2 in the ELBE

Malachi 2 in the EMTV

Malachi 2 in the ESV

Malachi 2 in the FBV

Malachi 2 in the FEB

Malachi 2 in the GGMNT

Malachi 2 in the GNT

Malachi 2 in the HARY

Malachi 2 in the HNT

Malachi 2 in the IRVA

Malachi 2 in the IRVB

Malachi 2 in the IRVG

Malachi 2 in the IRVH

Malachi 2 in the IRVK

Malachi 2 in the IRVM

Malachi 2 in the IRVM2

Malachi 2 in the IRVO

Malachi 2 in the IRVP

Malachi 2 in the IRVT

Malachi 2 in the IRVT2

Malachi 2 in the IRVU

Malachi 2 in the ISVN

Malachi 2 in the JSNT

Malachi 2 in the KAPI

Malachi 2 in the KBT1ETNIK

Malachi 2 in the KBV

Malachi 2 in the KJV

Malachi 2 in the KNFD

Malachi 2 in the LBA

Malachi 2 in the LBLA

Malachi 2 in the LNT

Malachi 2 in the LSV

Malachi 2 in the MAAL

Malachi 2 in the MBV

Malachi 2 in the MBV2

Malachi 2 in the MHNT

Malachi 2 in the MKNFD

Malachi 2 in the MNG

Malachi 2 in the MNT

Malachi 2 in the MNT2

Malachi 2 in the MRS1T

Malachi 2 in the NAA

Malachi 2 in the NASB

Malachi 2 in the NBLA

Malachi 2 in the NBS

Malachi 2 in the NBVTP

Malachi 2 in the NET2

Malachi 2 in the NIV11

Malachi 2 in the NNT

Malachi 2 in the NNT2

Malachi 2 in the NNT3

Malachi 2 in the PDDPT

Malachi 2 in the PFNT

Malachi 2 in the RMNT

Malachi 2 in the SBIAS

Malachi 2 in the SBIBS

Malachi 2 in the SBIBS2

Malachi 2 in the SBICS

Malachi 2 in the SBIDS

Malachi 2 in the SBIGS

Malachi 2 in the SBIHS

Malachi 2 in the SBIIS

Malachi 2 in the SBIIS2

Malachi 2 in the SBIIS3

Malachi 2 in the SBIKS

Malachi 2 in the SBIKS2

Malachi 2 in the SBIMS

Malachi 2 in the SBIOS

Malachi 2 in the SBIPS

Malachi 2 in the SBISS

Malachi 2 in the SBITS

Malachi 2 in the SBITS2

Malachi 2 in the SBITS3

Malachi 2 in the SBITS4

Malachi 2 in the SBIUS

Malachi 2 in the SBIVS

Malachi 2 in the SBT

Malachi 2 in the SBT1E

Malachi 2 in the SCHL

Malachi 2 in the SNT

Malachi 2 in the SUSU

Malachi 2 in the SUSU2

Malachi 2 in the SYNO

Malachi 2 in the TBIAOTANT

Malachi 2 in the TBT1E

Malachi 2 in the TBT1E2

Malachi 2 in the TFTIP

Malachi 2 in the TFTU

Malachi 2 in the TGNTATF3T

Malachi 2 in the THAI

Malachi 2 in the TNFD

Malachi 2 in the TNT

Malachi 2 in the TNTIK

Malachi 2 in the TNTIL

Malachi 2 in the TNTIN

Malachi 2 in the TNTIP

Malachi 2 in the TNTIZ

Malachi 2 in the TOMA

Malachi 2 in the TTENT

Malachi 2 in the UBG

Malachi 2 in the UGV

Malachi 2 in the UGV2

Malachi 2 in the UGV3

Malachi 2 in the VBL

Malachi 2 in the VDCC

Malachi 2 in the YALU

Malachi 2 in the YAPE

Malachi 2 in the YBVTP

Malachi 2 in the ZBP